Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mawu Si Womekpɔna O La?

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Mawu Si Womekpɔna O La?

“MAWU nye Gbɔgbɔ,” míate ŋu akpɔe kple ŋku o. (Yohanes 4:24) Ke hã Biblia gblɔ be le mɔ aɖe nu la, ame aɖewo kpɔ Mawu. (Hebritɔwo 11:27) Le mɔ ka nu? Ðe nàte ŋu akpɔ “Mawu makpɔmakpɔ la” vavã?Kolosetɔwo 1:15.

Míate ŋu atsɔ míaƒe nɔnɔmea asɔ kple ame aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. Esi mekpɔa nu o ta la, ɖe wòfia be menya naneke tso nu siwo ƒo xlãe ŋu oa? Ao, menye nenemae o. Ŋkuagbãtɔ wɔa eƒe sidzenu bubuwo ŋu dɔ tsɔ dea dzesi amewo, nu siwo ƒo xlãe, kple nu siwo le edzi yim. Ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ la gblɔ be: “Menye ŋku kpɔnue nye nukpɔkpɔ o. Susue kpɔa nu ame.”

Le mɔ ma ke nu la, togbɔ be màte ŋu akpɔ Mawu kple ŋku o hã la, àte ŋu akpɔe kple ‘wò dzi me ŋkuwo.’ (Efesotɔwo 1:18) Bu mɔ etɔ̃ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esiae ŋu kpɔ.

WODZENA “GAGLÃA WOKPƆNA TSO XEXEA WƆWƆ DZI”

Zi geɖe la, ŋkuagbãtɔ ƒe to ɖana ŋutɔ, eye edzea si nu kaba ne eka asi nane ŋu, eye wòwɔa eƒe sidzenu siawo ŋu dɔ tsɔ dzea si nu le esi mekpɔa nu o ta. Nenema kee wò hã àte ŋu awɔ wò sidzenuwo ŋu dɔ atsɔ anya dzɔdzɔmenu siwo ƒo xlã wò la nyuie be nàdze si Mawu makpɔmakpɔ si wɔ wò la. “Eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi heyina, elabena wodzena wokpɔna le nu siwo wòwɔ la me.”Romatɔwo 1:20.

Le kpɔɖeŋu me, bu míaƒe aƒe si nye anyigba ŋu kpɔ. Wotrɔ asi le míaƒe anyigbaa ŋu etɔxɛe be míase vivi na agbe le edzi, ke menye be wòalé míaƒe agbe ɖe te ko o. Ne ya fafɛ ƒo ɖe mí miɔɔ, ne míele ŋdɔ ƒum, ne míeɖu atikutsetse vivi aɖe, alo le xeviwo ƒe hadzidzi viviwo sem la, dzi dzɔa mí. Ðe nunana siawo mena nèkpɔe be mía Wɔla la bua mía ŋu, elɔ̃ mí, eye wònye dɔmenyola oa?

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Mawu ŋu ne èlé ŋku ɖe dziƒonuwo abe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ene ŋu? Ðekae nye be woɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana. Nu siwo ŋu yamenutowo me ŋuti nunyalawo ke ɖo nyitsɔ laa ɖee fia be dometsotso si le ɣletivihatsotsowo dome la le kekem ɖe edzi kabakaba! Ne èfɔ mo dzi le dziƒo kpɔm le zã me la, bu nya sia ŋu kpɔ: Ame ka gbɔe ŋusẽ si na dometsotsoa le kekem ɖe edzi la tso? Biblia na míenya be “ŋusẽ geɖe” le Wɔla la si. (Yesaya 40:26) Mawu ƒe nuwɔwɔwo na míekpɔe be eyae nye “Ŋusẽkatãtɔ la”—Ame si si ‘ŋusẽ triakɔ’ le.Hiob 37:23.

“AME SI ÐE ALE SI WÒLE LA ME”

Nyɔnu aɖe si ƒe vi eve nye ŋkunɔwo la gblɔ be: “Nusese nye mɔ vevi siwo dzi wotona srɔ̃a nu la dometɔ ɖeka. Ƒo nu tso nu sia nu si nèkpɔ alo nèse la ŋu na wo, [eye] nɔ klalo be yeaɖo nya geɖe ŋu. Wòe zu ŋku na wo.” Nenema kee togbɔ be “ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o” hã la, Mawu ƒe Vi, Yesu, “si le Fofoa ƒe akɔnu lae nye ame si ɖe ale si wòle la me.” (Yohanes 1:18) Esi wònye be Yesu nye Mawu ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ kple eƒe Tenuvi ta la, eva zu abe “ŋku” ene na mí be míatsɔ akpɔ Dziƒoʋĩtɔ la. Yesu koe nye ame si dze nyuie be wòagblɔ ame si Mawu makpɔmakpɔ la nye na mí.

Nya siwo Yesu, si nɔ Fofoa gbɔ ƒe gbogbo manyaxlẽwo gblɔ tso Mawu ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiawo:

  • Mawu le dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe. “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia.”Yohanes 5:17.

  • Mawu nya míaƒe nuhiahiãwo. “Mia Fofo la, nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.”Mateo 6:8.

  •  Mawu naa nu mí katã dɔmenyotɔe. “Mia Fofo si le dziƒowo la [nana] eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.”Mateo 5:45.

  • Mawu dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. “Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue oa? Ke hã, wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã. Eya ta migavɔ̃ o: Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”Mateo 10:29-31.

AME AÐE SI ÐE MAWU MAKPƆMAKPƆ LA ƑE NƆNƆME FIA

Ale si ŋkunɔwo dea dzesi nuwoe la toa vovo na ame siwo kpɔa nu la tɔ. Ŋkunɔ dea dzesi vɔvɔli be enye fafɛƒe, afi si ŋdɔ ƒe dzoxɔxɔ mele o, gake ame si le nu kpɔm ya kpɔnɛ be enye tsyɔtsyɔƒe afi si ɣe meklẽ ɖo o. Abe ale si ko ŋkunɔ mate ŋu akpɔ vɔvɔli alo kekeli o ene la, nenema kee míawo hã míate ŋu anya ale si Yehowa le la le mía ɖokui si o. Eya ta Yehowa dɔ ame aɖe ɖa wòva ɖe eyama ƒe nɔnɔmewo kple eƒe amenyenye fia mí pɛpɛpɛ.

Ame mae nye Yesu. (Filipitɔwo 2:7) Menye ɖeko Yesu ƒo nu tso Fofoa ŋu ko o, ke efia ale si Mawu le hã mí. Yesu ƒe nusrɔ̃la Filipo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yohanes 14:8, 9) Aleke nàte ŋu “akpɔ” Fofo la le Yesu ƒe nuwɔnawo mee?

Yesu doa vivi ɖe ame ŋu, ebɔbɔ eɖokui, eye amewo tea ŋu tena ɖe eŋu bɔbɔe. (Mateo 11:28-30) Eƒe nɔnɔme nyuiawo na be amewo dina be yewoanɔ egbɔ. Yesu se veve ɖe amewo nu, eye wòkpɔ dzidzɔ hã kpli wo. (Luka 10:17, 21; Yohanes 11:32-35) Ne èle Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe Yesu ŋu xlẽm alo le wo sem la, na wò susu nakplɔ ŋutinyaa ɖo abe ɖe nèle eteƒe le nudzɔdzɔawo kpɔm ene. Ne ède ŋugble tso ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui ŋu la, esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo adze sii nyuie wu, si awɔe be Mawu ƒe nu nanyo ŋuwò.

FƆ NYAWO KATÃ KPE

Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ tso ale si ŋkunɔwo wɔna dzea si nu ŋu ale: “Ewɔa ƒe sidzenu vovovoawo (abe nulélekpɔ, nuʋeʋẽse, nusese, kple bubuawo ene) ŋu dɔ tsɔ nyaa nu viviviwo tso nu siwo ƒo xlãe ŋu, eyome eƒoa nu siwo katã wòde dzesii la nu ƒu le mɔ aɖe nu tsɔ nyana ale si nu bliboa le.” Nenema kee wò hã, ne èlé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu, ne èxlẽ nu tso nya si Yesu gblɔ tso Fofoa ŋu, eye nèbua ale si Yesu ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fiae ŋu la, awɔe be nàte ŋu akpɔ Yehowa nyuie le susu me. Anye ame ŋutɔŋutɔ na wò.

Hiob si nɔ agbe le blema la wɔ esia. Gbã la, egblɔ nya ‘siwo gɔme mese o.’ (Hiob 42:3) Gake esi Hiob lé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu la, eʋãe wògblɔ be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.”Hiob 42:5.

‘Ne èdi Yehowa la, ana be, nàkpɔe’

Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke. “Ne [èdi Yehowa] la, ana be, nàkpɔe.” (1 Kronika 28:9) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàdi Mawu si womekpɔna o la ahake ɖe eŋu.