Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Afi Sia Afi Si Mayi La, Tu Nɔa Ŋunye Godoo

Afi Sia Afi Si Mayi La, Tu Nɔa Ŋunye Godoo
  • ƑE SI ME WODZII: 1958

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: ITALY

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ADZOGLIHA ME TƆ

NYE ŊUTINYA:

Rome ƒe gbɔtoduwo mee menɔ tsi; nu mede amewo dzi le nutoa me o. Agbea sesẽ. Nyemedze si danye si dzim o, eye mía kple fofonye míenyina o. Mesrɔ̃ sesẽnàɖu ƒe agbe le gbɔdome.

Kaka maxɔ ƒe ewo la, menya ale si wofiaa fi xoxo. Esi mexɔ ƒe 12 la, mesi le aƒe me zi gbãtɔ. Fofonye va kplɔam le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒegã yia aƒe mee zi gbɔ zi geɖe. Dzre dzi ko menɔna kple amewo ɣesiaɣi—mewɔa adã eye medoa dziku ɖe ame sia ame ŋu. Esi mexɔ ƒe 14 la, meʋu le aƒe me keŋkeŋ. Meva zu atike vɔ̃ɖi zãla eye metsia ablɔdzi dɔna. Esi dɔƒe aɖeke menɔ asinye o ta la, megena ɖe amewo ƒe ʋu me hemlɔa afi ma va se ɖe fɔŋli. Eyome meyina ɖadia tsi le pɔmpi aɖe to lena.

Meva bi ɖe fififi me ŋutɔ—medua akplo le amewo si, eye megbãa ʋɔ gena ɖe aƒe suewo kple gãwo me le zã me fia fi. Meva xɔ ŋkɔ ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye eteƒe medidi o, adzogliha nyanyɛ aɖe xɔm ɖe woƒe haa me, eye esia na “mɔnukpɔkpɔ” su asinye meva nɔ gadzraɖoƒewo gbãm. Esi wònye be nye mo sẽ ta la, eteƒe medidi o, meva zu ame si ŋu wodea bubui le haa me. Afi sia afi si mayi la, tu nɔa ŋunye godoo; ne memlɔ anyi le zã me gɔ̃ hã la, enɔa nye suɖui te. Ŋutasẽnuwɔwɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ye metsɔ ɖo dɔe. Kpovitɔwo nɔa diyem ɣesiaɣi be yewoalé. Wolém zi gbɔ zi geɖe, eye meyi gaxɔ me gbɔ enuenu ƒe geɖe.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Gbe ɖeka, esi woɖe asi le ŋunye le gaxɔ me la, meyi ɖasrã danyeɖia kpɔ. Nyemenya be sigbeɖe danyeɖia kple via eve va zu Yehowa Ðasefowo o. Wokpem be made Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Esi medi be manya nu si wowɔna le afi ma ta la, meyi kpli wo. Esi míeva ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me la, nyemelɔ̃ be  manɔ afi bubu aɖeke tsɔ wu mɔa nu o, ale be manɔ ame siwo le eme yim le dodom la kpɔm. Nye tua hã nɔ ŋunye.

Kpekpe ma na nye agbenɔnɔ trɔ. Meɖo ŋku edzi be mese le ɖokuinye me abe xexe bubu aɖe mee mele ene. Amewo kɔ mo ɖem hedo gbe nam vividoɖeameŋutɔe. Megaɖoa ŋku lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme vavã si dze le Ðasefoawo ƒe mo la dzi nyuie. Woto vovo sãa na ame siwo medea ha kplii!

Melɔ̃ Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim. Esi menɔ nua sɔsrɔ̃ dzi la, eme va kɔ nam nyuie be ehiã be matrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ. Mewɔ ɖe nya si le Lododowo 13:20 la dzi. Afi ma gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Mekpɔe be ele be madzudzɔ hadede kple adzoha la. Esia menɔ bɔbɔe nam kura o, gake Yehowa kpe ɖe ŋunye medzudzɔ hadede kpli wo.

Ɣemaɣie meva te ɖokuinye dzi ɖuɖu zi gbãtɔ le nye agbe me

Mewɔ tɔtrɔ siwo ana manɔ dzadzɛ hã. Agbagba bliboe medze hafi dzudzɔ atamanono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã. Mekpa nye ɖa legbeea, medzudzɔ togɛdodo, eye nyemegadzua ame o. Ɣemaɣie meva te ɖokuinye dzi ɖuɖu zi gbãtɔ le nye agbe me.

Tso ɣeaɖeɣi ke la, nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ medoa dzidzɔ nam kura o, eya ta avu kple kɔe wònyena nam be masrɔ̃ Biblia le ɖokuinye si. Gake nyemena ta o; vivivi la, meva lɔ̃ Yehowa, eye tɔtrɔ aɖe va menye—nye dzitsinya va te fuɖeɖe nam. Meva nɔ fɔ bum ɖokuinye, eye mese le ɖokuinye me be Yehowa matsɔ nye nu vɔ̃wo akem akpɔ gbeɖe o. Ɣemaɣi la, nuxexlẽ tso ale si Yehowa tsɔ Fia David ƒe nu vɔ̃ gãwo kee ŋu la fa akɔ nam ŋutɔ.2 Samuel 11:1–12:13.

Kuxi bubu si dzi wògahiã be maɖu ye nye gbeƒãɖeɖe nye dzixɔse yeyea na amewo tso aƒe me yi aƒe me. (Mateo 28:19, 20) Menɔ vɔvɔ̃m be mava do go ame aɖe si dzi medze agɔ le alo ame aɖe si mewɔ nu vevii kpɔ! Gake vivivi la, mete ŋu va ɖu vɔvɔ̃ ma dzi. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, si tsɔa nu vɔ̃ kena geɖe la ŋu na meva nɔ dzidzɔ kpɔm ŋutɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋue kpɔ nye agbe ta! Ame siwo medea ha kplii tsã la dometɔ akpa gãtɔ ku alo wole gaxɔ me, gake nye ya mekpɔ dzidzeme vavã le agbe me eye mele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe. Mesrɔ̃ ɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo eye mete ŋu le nye dziku sesẽa dzi ɖum hã. Esia wɔe be metea ŋu nɔa anyi nyuie kple ame siwo dome mele. Meɖe Carmen, nyɔnu dzetugbe aɖe, eye míele dzidzɔ kpɔm le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia dzɔa dzi na mía kplii siaa.

Mele dɔ nyui wɔm azɔ—dɔa biana be mawɔ dɔ le gadzraɖoƒewo ɣeaɖewoɣi, gake fifia ya, nyemedaa adzo wo o, ke boŋ medzraa teƒeawo ɖo!