Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mekpɔ Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Teƒe Le Afi Sia Afi

Mekpɔ Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Teƒe Le Afi Sia Afi

WODZIM le Northern Ireland le ƒe 1965 me le ƒome dahe aɖe me. Du si woyɔna be County Derry mee menɔ tsi le “Xaxaɣi,” si nye ɣeyiɣi si me aʋa dziŋɔ aɖe yi edzi le Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo dome ƒe 30 kple edzivɔ. Katolikotɔ siwo mesɔ gbɔ o la se le wo ɖokui me be Protestanttɔ siwo sɔ gbɔ wu la ƒe dziɖuɖua mewɔa nu ɖe yewo ŋu nyuie o, eye wotso wo nu be wona kpovitɔwo sẽa ŋuta le yewo ŋu, wowɔa nu fitifitiwo le akɔdanyawo, dɔwɔnyawo kple aƒetutu na dumeviwo ƒe nyawo me.

Mekpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ameŋkumekpɔkpɔ teƒe le afi sia afi. Woƒom zi geɖe, wohem do goe le ʋu me heɖo tu dzinye zi geɖe, eye ale si kpovitɔwo alo asrafowo biaa gbem hetsaa ŋunye ya mele xexlẽ me o. Mese le ɖokuinye me be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋunye eye megblɔ na ɖokuinye be, ‘ɖeko mana ta kpoo alo aʋli ɖokuinye ta!’

Mekpɔ gome le gbɔlɔlɔ si wona ŋkɔe be Kwasiɖagbe Ʋukɔkɔɖi me le ƒe 1972 me be woatsɔ aɖo ŋku ame 14 siwo Britaintɔwo ƒe asrafowo da tu wu la dzi kple gbɔlɔlɔ si wowɔ tsɔ ɖo ŋku ale si Republican dunyaheha me tɔ siwo nye gamenɔlawo gbe nuɖuɖu kaka ku le ƒe 1981 me la dzi. Medoa Irelandtɔwo ƒe aflagawo ɖe dzi eye meŋlɔa nya siwo tsia tre ɖe Britaintɔwo  ŋu ɖe afi sia afi si mekpɔ. Edze abe ɣesiaɣi si Katolikotɔ aɖe wɔ tsitretsiɖeŋunu la, wowunɛ alo wua ame gbogbo aɖewo ene. Eye zi geɖe la, amewo ƒe gbɔlɔlɔ va zua zitɔtɔ gã aɖe.

Esi menɔ yunivɛsiti la, menɔ sukuviwo dome míelɔ gbɔ tsɔ ʋli nutoa me nuwo ta kpɔkpɔ ta. Emegbe meʋu yi ɖatsi London, eye mekpɔ gome le gbɔ siwo sosialist-tɔwo lɔ tsɔ tsi tre ɖe dziɖuɖua ƒe ɖoɖo si dze abe hotsuitɔwo dzi koe wòde eye meɖe vi aɖeke na hiãtɔwo o ene ŋu la me. Mekpɔ gome le aglãdzenuwɔna aɖe si dɔwɔlawo ƒe habɔbɔ de to me tsɔ tsi tre ɖe dɔwɔlawo ƒe fetu dzi ɖeɖe kpɔtɔ ŋu la me. Eye menɔ eme hã míelɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe tadzɔxexe ŋu le ƒe 1990 me, eye gbɔlɔlawo gblẽ nu geɖe le ablɔ si woyɔna be Trafalgar Square la dzi.

Gake nuwo meva yi abe ale si mekpɔ mɔ nɛ ene o. Le esi gbɔlɔlɔ nakpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ teƒe la, ɖe wòna fuléle nu gasẽ ɖe edzi ɖe mía me boŋ.

Ɣemaɣie xɔ̃nye aɖe na meva dze si Yehowa Ðasefowo. Ðasefoawo fiam le Biblia me be Mawu tsɔ ɖe le fu siwo kpem míele la me, eye be ava ɖɔ nu siwo katã amegbetɔwo ƒe nuwɔna gblẽ le mía ŋu la ɖo. (Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Togbɔ be susu nyuiwo le amegbetɔwo si hã la, womate ŋu ahe dzɔdzɔenyenye avɛ alo ana amewo katã nasɔ gbeɖe o. Menye Mawu ƒe mɔfiafia ɖeɖe ko míehiã o, ke boŋ míehiã eƒe ŋusẽ be wòakpe ɖe mía ŋu míate ŋu aɖu ŋusẽ makpɔmakpɔ siwo le megbe na kuxi siwo le xexe sia me la dzi.Yeremiya 10:23; Efesotɔwo 6:12.

Fifia meva kpɔe be gbɔ siwo míelɔna tsã be míatsɔ atsi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu la le ko abe tsikuku ɖe kusi me ene, maɖe vi aɖeke o. Nye dzi dze eme esi meva nyae be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me nu madzɔmadzɔ wɔwɔ maganɔ anyigba sia dzi o, eye sɔsɔminasɔe anɔ ame katã dome.

Biblia fia nu be Yehowa Mawu “lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Psalmo 37:28) Esia nye susu aɖe si ta míate ŋu aka ɖe edzi be ahe dzɔdzɔenyenye si amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu ahe vɛ gbeɖe o la vɛ. (Daniel 2:44) Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, ke te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo ʋu míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr418.com.

Togbɔ be susu nyuiwo le amegbetɔwo si hã la, womate ŋu ahe dzɔdzɔenyenye avɛ alo ana amewo katã nasɔ gbeɖe o