Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzogbedadi Si Kpɔkpɔ Mele Bɔbɔe O

Dzogbedadi Si Kpɔkpɔ Mele Bɔbɔe O

Ne dzogbedadi sia fɔ fu wòxɔ abe ɣleti eve ene la edzia vi, zi geɖe la edzia etɔ̃

NE ZÃ do tsiɖitsiɖi le kuɖinyigba sia dzi la, dzogbedadi dona le eƒe do me heva tɔna ɖe gota. Etsaa ŋku godoo henɔa to dzi. Eye wòbɔbɔna henɔa tatam blewuu le dzogbe sia.

Kasia dzogbedadi sia ti kpo dze lã si menya be ku de xa ɖi na ye o la dzi—elé dzogbefi aɖe! Eye wòyia eƒe adekaka dzi le zã blibo la katã, ne eli sẽe la, etia kpo heléa lã bubuwo kpee. Ne elé lã wu esi nu wòate ŋu aɖu la, eɖia susɔea ɖe ke me. Ke egbɔna va ɖoa do le fɔŋli me eye ƒãa hafi wòdoa go le ŋkeke me. Kpɔ nu ɖedzesi aɖewo le lã sia si kpɔkpɔ mele bɔbɔe o ŋu la ɖa.

  • Ale si dzogbedadi ƒe towo ɖae la wɔe be wòtea ŋu sea lã siwo wòléna la ŋkɔ henyaa afi si tututu wole, ne woɖale do me ʋĩ ke hã

  • Ne dzogbedaditsu di be yeanya afi si dadinɔ aɖe le la, exlɔ̃na sesĩe. Esi dadinɔ hã ƒe to ɖa ŋutɔ ta la, etea ŋu sea yɔyɔ sia le didiƒe ke

  • Fu siwo le dzogbedadi ƒe afɔƒome wɔnɛ be mesia ke o, eye wonana hã be ke si xɔa dzo gbãgbãgbã la memea afɔƒome nɛ o

  •  Eto fu ɣi gbogbo aɖewo ɖe to me si wɔnɛ be ne ya le ƒoƒom la, ke meɖoa to me nɛ o

  • Mele bɔbɔe be woakpɔ dzogbedadi ƒe afɔteƒewo o, elabena fu siwo le eƒe afɔƒome la tutua eƒe afɔteƒewo

  • Tsi siwo nɔa lãme na lã siwo dzogbedadi léna la tea ŋu xɔnɛ ɖe agbe

  • Le Kara-Kum Dzogbe la, anyigba tea ŋu xɔa dzo gbãgbãgbã abe dzidzenu Celsius 80 ene. Ɣeaɖewoɣi la, yame fana miamiamia wu tsikpe