Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsaɖiɖi Yi Azerbaijan

Tsaɖiɖi Yi Azerbaijan

Tsaɖiɖi Yi Azerbaijan

AZERBAIJAN nye Anyiehe Caucasus dukɔ etɔ̃awo ƒe lolotɔ. Anɔ abe ƒe akpe ɖekae nye esi va yi la, Turk-gbedola gbogbo aɖewo ʋu va tsi anyigba ma dzi. Amedzro siawo xɔ ame siwo nɔ anyigba dzi hafi wova la ƒe kɔnu aɖewo wɔ wo tɔwoe, eye nenema kee ame siwo nɔ afi ma hafi wova la hã xɔ woƒe kɔnu aɖewo. Eya ta mewɔ nuku o be vovototo boo aɖeke mele Azerbaijangbe, Turkeygbe kple Turkmenistangbe dome o.

Azerbaijantɔwo nye dzidzɔmewo eye wodoa vivi ɖe ame ŋu. Ƒometɔwo dome nɔa kplikplikpli. Eye wokpena ɖe wo nɔewo ŋu le hiãɣiwo.

Azerbaijantɔwo lɔ̃a hadzidzi kple hakpanyawo. Le woƒe hadzidzi aɖe si woyɔna be mugam me la, Azerbaijan-hadzilawo nɔa woƒe hakpanyawo gblɔm, eye wonɔa woƒe haƒonuwo ƒom ɖe edzi. Ele be mugam-haƒola nanya mugam-hakpanyawo katã nyuie, eye wòate ŋu ase hadzidziawo ko aƒo ha wòasɔ ɖe wo dzi.

Azerbaijantɔwo lɔ̃a tiinono

 Azerbaijantɔwo lɔ̃a tiinono. Woɖoa tiia ɖe kplu si ƒe nɔnɔme le abe peya ene me eye wodea suklikpe ɖeka eme, eye wotea ŋu tsɔa yevuzi, ne kple waintsetse donɛ. Àte ŋu akpɔ tiinoƒewo le du suetɔ kekeake gɔ̃ hã me.

Tɔmelã si woyɔna be sturgeon la bɔ ɖe Caspia-ƒu si le dua ƒe ɣedzeƒe gome la me. Tɔmelã sia ƒomevi aɖe si woyɔna be beluga la tea ŋu nɔa agbe ƒe 100 kple edzivɔwo. Tɔmelã sia ƒe lolotɔ siwo woɖe kpɔ la dometɔ ɖeka didi meta 8 kple afã, eye eƒe kpekpeme nye kilogram 1,297! Wodea asixɔxɔ gã aɖe tɔmelã sia ŋu ɖe eƒe aziwo ta, elabena wotsɔa eƒe aziwo wɔa numeɖenu yibɔ si doa dzidzɔ na ame geɖe, eye wòxɔa asi ŋutɔ.

Azerbaijantɔwo lɔ̃a mawusubɔsubɔ, eye wolɔ̃a dzeɖoɖo tso Mawu ŋu. Dua me tɔ akpa gãtɔ nye Moslemtɔwo. Subɔsubɔha bubuwo hã li, eye Yehowa Ðasefo siwo wu akpe ɖeka, siwo dometɔ geɖe nye dumevi dzidziwo hã le wo dome.

Azerbaijantɔwo ƒe hadzilawo

ÈNYAA?

Yehowa Ðasefowo zãa agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? tsɔ fiaa Biblia ame miliɔn geɖe le xexea me godoo. Agbalẽ sia le gbegbɔgblɔ siwo wu 250 me, eye Azerbaijangbe hã le eme.