Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Artik-kadzidɔe Ƒe Ahɔhɔ̃ Si Nɔa Te Ðe Fafa Nu

Artik-kadzidɔe Ƒe Ahɔhɔ̃ Si Nɔa Te Ðe Fafa Nu

NE KADZIDƆE sia si dɔa alɔ̃ le vuvɔŋɔli katã dze alɔ̃dɔdɔ gɔme la, eƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ ɖiɖina. Aleke gbegbe dzoxɔxɔa ɖiɖinae? Kadzidɔe siawo siwo nɔa anyigba la dometɔ gbogbo aɖewo siwo le Artik-nutowo me la ɖe dzesi etɔxɛe le go sia me, elabena woƒe lãme fana miamiamia wu tsikpe! Ne woƒe lãme fa miamiamia alea la, ɖe wòle be woƒe ahɔhɔ̃ nafa azu tsikpe hafi. Ke aleke wòdzɔnae be Artik-kadzidɔeawo tea ŋu nɔa te ɖe fafa nu?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Le kwasiɖa eve alo etɔ̃ ɖe sia ɖe dome le alɔ̃dɔɣi sia me la, Artik-kadzidɔe sia ƒona tititi si wɔnɛ be eƒe lãme ƒe dzoxɔxɔ si nye dzidzenu Celsius 36.4 la gbugbɔna ɖoa eme, eye megafana o le gaƒoƒo 12 va se ɖe gaƒoƒo 15. Numekulawo gblɔ be togbɔ be dzodede lãme ƒe ɣeyiɣi sia le kpuie hã la, ewɔa akpa vevi aɖe tsɔ léa lã sia ƒe ahɔhɔ̃a ɖe te. Gawu la, le Artik-kadzidɔe ƒe alɔ̃dɔɣi sia me la, eƒe tagbɔ xɔa dzo vie wu eƒe ŋutilã ƒe akpa bubuwo. Esi wodo kadzidɔe sia kpɔ la, wokpɔe be dzoxɔxɔ si le eƒe kɔ gbɔ la meɖiɖina wu Celsius 0.7 gbeɖe o.

Ne kadzidɔe sia fɔ tso eƒe alɔ̃dɔdɔa me, anɔ abe gaƒoƒo eve dome ene la, eƒe ahɔhɔ̃ gadzea dɔwɔwɔ gɔme nyuie. Numekuku aɖe ɖee fia be kadzidɔe sia ƒe ahɔhɔ̃ gawɔa dɔ nyuie wu gɔ̃ hã le eƒe fɔfɔ tso alɔ̃dɔdɔa me megbe. Nu wɔnuku sia si wova de dzesi le kadzidɔe ƒomevi sia ŋu la wɔ nuku na numekulawo ŋutɔ. Wotsɔ ale si kadzidɔe sia ƒe ahɔhɔ̃ gawɔa dɔ nyuie wu la sɔ kple ale si gbe fẽwo miena le ŋkeke aɖewo megbe ne wotɔ dzo ave.

Numekulawo le mɔ kpɔm be nusɔsrɔ̃ tso Artik-kadzidɔe ŋu akpe ɖe yewo ŋu yewoagase ŋutete si le amegbetɔwo ƒe ahɔhɔ̃ ŋu la gɔme nyuie wu. Woƒe taɖodzinue nye be yewoasrɔ̃ ale si yewoaxe mɔ na nu si nana amegbetɔwo ƒe ahɔhɔ̃ megawɔa dɔ nyuie o alo be yewoate ŋu agbugbɔ nu siwo ahɔhɔ̃medɔlélewo, abe Alzheimer, gblẽna le ahɔhɔ̃a ŋu la aɖɔ ɖo.

Nu kae nèsusu? Ðe Artik-kadzidɔe ƒe ahɔhɔ̃ si nɔa te ɖe fafa nu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?