Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TA WUIEVE

Agbe Nɔnɔ Alesi Wòadze Mawu Ŋu

Agbe Nɔnɔ Alesi Wòadze Mawu Ŋu
  • Aleke nàwɔ anye Mawu xɔlɔ̃?

  • Aleke nya si Satana fɔ ɖe te la ka wòe?

  • Nuwɔna kawoe medzea Yehowa ŋu o?

  • Aleke nàwɔ anɔ agbe si dzea Mawu ŋu?

1, 2. Yɔ amesiwo nye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo dometɔ aɖewo.

AMEKA ƒomevie nàdi be yeatia wòanye xɔ̃wò? Godoo la, àdi be yeatia amesi ƒe nukpɔsusuwo, didiwo, kple agbenɔnɔ nyoa ŋuwò eye wosɔ kple tɔwò. Eye àdi be yeadze xɔ̃ amesi ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana, abe amesi ɖia anukware eye wònyoa dɔme ene.

2 Tso blema ke la, Mawu le ame aɖewo tiam be woanye ye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa yɔ Abraham be ye xɔlɔ̃. (Yesaya 41:8; Yakobo 2:23) Esi Dawid nye amesi ƒomevi Yehowa lɔ̃na ta la, Mawu gblɔ tso eŋu be enye ‘amesi ƒe nu dze yeƒe dzi ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 13:22) Nenema ke nyagblɔɖila Daniel hã nye amesi Yehowa ‘lɔ̃ vevie.’—Daniel 9:23.

3. Nukatae Yehowa tiana ame aɖewo wonyea exɔlɔ̃wo?

3 Nukatae Yehowa na Abraham, Dawid, kple Daniel nye exɔlɔ̃wo? Egblɔ na Abraham be: “Èɖo to nye gbe.” (Mose I, 22:18) Esia fia be Yehowa tena ɖe amesiwo wɔa nusi wòdi tso wo si ɖokuibɔbɔtɔe la ŋu. Egblɔ na Israel-viwo be: “Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye dukɔ.” (Yeremya 7:23) Ne èɖo to Yehowa la, wò hã àte ŋu anye exɔlɔ̃!

 YEHOWA DOA ŊUSẼ EXƆLƆ̃WO

4, 5. Aleke Yehowa doa ŋusẽ eƒe amewoe?

4 Bu nusiwo gbegbe míakpɔ tso xɔlɔ̃dzedze Mawu me ŋu kpɔ. Biblia la gblɔ be Yehowa le mɔnukpɔkpɔwo dim be ‘yeado ŋusẽ amesiwo ku ɖe eyama ŋu kple woƒe dzi blibo.’ (Kronika II, 16:9) Aleke Yehowa ado ŋusẽ wòe? Mɔnu ɖekae nye esi wòɖe gblɔ le Psalmo 32:8, be: “[Nye Yehowa] mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”

5 Nya siawo ɖe alesi gbegbe Yehowa léa be na amee fia nyuie ŋutɔ! Ana mɔfiame si nèhiã la wò eye wòadzɔ ŋuwò esi nèle eƒe mɔfiamewo dzi wɔm. Mawu di be yeakpe ɖe ŋuwò nàto tetekpɔwo kple dodokpɔwo me ado dedie. (Psalmo 55:23) Eyata ne ètsɔ dzi blibo subɔ Yehowae la, kakaɖedzi si nɔ hakpala la si ate ŋu anɔ wò hã asiwò, esi wògblɔ be: “Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.” (Psalmo 16:8; 63:9) Nyateƒee, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe alesi wòadze eyama ŋu. Gake ènya hã be Mawu ƒe futɔ aɖe li si ƒe didi enye be yeana nàdo kpo esia wɔwɔ.

SATANA ƑE NYAƲIƲLI

6. Nya kae Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu?

6 Woɖe alesi Satana Abosam tsɔ nya ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu me le agbalẽ sia ƒe Ta 11 lia me. Satana tso Mawu nu be enye ameblela eye nya si wògblɔ fia be Yehowa wɔ nu gbegblẽ be meɖe mɔ na Adam kple Xawa be woatso nya me na wo ɖokui le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu o. Le Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃medzedze megbe, esi wo viwo va nɔ agbɔ sɔm ɖe anyigba dzi la, Satana tsɔ nya ɖe susu si le amegbetɔwo katã si ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋuti. Satana ƒe nutsotso enye, “Menye esi amewo lɔ̃ Mawu tae wole esubɔm ɖo o. Ne wona mɔnukpɔkpɔm la, mate ŋu atrɔ amesiame ɖa tso Mawu gbɔ.” Nuŋlɔɖi si ku ɖe ŋutsu aɖe si woyɔna  be Hiob ŋu ɖee fia be emae nye nusi ƒe adegbe Satana ƒo. Amekae nye Hiob, eye aleke nya si ʋlim Satana le va ku ɖe eŋui?

7, 8. (a) Nukae na Hiob to vovo na eŋɔlimetɔwo? (b) Aleke Satana ɖee fiae be menye susu nyui ye le Hiob si wòtsɔ subɔa Mawui o?

7 Hiob nɔ agbe anye ƒe 3,600 aɖewoe nye si va yi. Ame nyui ye wònye, elabena Yehowa gblɔ le eŋu be: “Enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o.” (Hiob 1:8) Hiob ƒe nu dze Mawu ŋu.

8 Satana tsɔ nya ɖe susu si ta Hiob subɔa Mawui ŋu. Abosam gblɔ na Yehowa be: “Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya [Hiob] ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Èyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi. Ke do asi ɖa, ne nàde asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ oa?”—Hiob 1:10, 11.

9. Nukae Yehowa wɔ tso Satana ƒe nyaʋiʋlia ŋu, eye nukatae?

9 Satana to esia me nɔ nya ʋlim be nusiwo Hiob kpɔna tsoa Mawu gbɔ tae wònɔ esubɔm ɖo. Abosam gblɔ hã be ne wodo Hiob kpɔ la, atrɔ ɖa le Mawu yome. Nukae Yehowa wɔ tso Satana ƒe nyaʋiʋlia ŋu? Esi wònye susu si ta Hiob le Mawu subɔm ɖoe nye nya si fɔ ɖe te ta la, Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòado Hiob akpɔ. To esia me la, adze ƒã ne Hiob lɔ̃ Mawu alo melɔ̃e o.

WODO HIOB KPƆ

10. Dodokpɔ kawoe va Hiob dzi, eye aleke wòwɔ nui?

10 Enumake Satana to mɔ vovovowo dzi he dodokpɔwo va Hiob dzii. Wofi Hiob ƒe lãha aɖewo eye wotsrɔ̃ mamlɛawo. Azɔ hã wowu eƒe dɔlawo dometɔ akpa gãtɔ. Esia na wòɖo gakuxi sesẽ me. Eyome afɔku gã aɖe dzɔ esi Hiob ƒe vi ewoawo katã ku le ahomya aɖe si tu me. Gake le nɔnɔme sesẽ siawo katã me la, “Hiob mewɔ nuvɔ̃ o, eye mebu vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.”—Hiob 1:22.

11. (a) Nya evelia kae Satana tsɔ ɖe Hiob ŋu, eye nukae Yehowa wɔ? (b) Aleke Hiob wɔ nui esime wohe dɔléle si me vevesese heliheli le va edzii?

 11 Satana mesee ɖe afima o. Anya wɔ nɛ be togbɔ be Hiob te ŋu do dzi nɔ te ɖe eƒe nunɔamesiwo ƒe bubu, kpakple eƒe subɔviwo kple viawo ƒe ku nu hã la, ne edze dɔ vevie ya la, atrɔ le Mawu yome godoo. Yehowa ɖe mɔ na Satana wòhe dɔléle nyɔŋu aɖe si me vevesese heliheli nɔ va Hiob dzii. Gake esia gɔ̃ hã megblẽ Hiob ƒe Mawu dzixɔxɔse me o. Nya si wòtsɔ tameɖoɖo kplikpaa gblɔ boŋ enye: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5.

Woɖo Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi teƒe nɛ

12. Aleke Hiob na wokpɔ ŋuɖoɖo na nya si Abosam fɔ ɖe tee?

12 Hiob menya be Satanae nɔ fukpekpe siawo hem va ye dzi o. Esi Hiob menya nya si Abosam fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu o ta la, ewɔ nɛ be anye Mawu gbɔe yeƒe fukpekpeawo tso. (Hiob 6:4; 16:11-14) Ke hã, ekpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. Eye Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ɖo kpe edzi be nya si Satana fɔ ɖe te be ɖokuitɔdidi ƒe susuwoe Hiob tsɔ le Mawu subɔmee la nye aʋatso!

13. Nukae do tso Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me léle ɖe asi me?

13 Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na be Yehowa kpɔ ŋuɖoɖo nyui aɖe na Satana ƒe gbetɔame vɔ̃ɖi ɖigbɔame la. Yehowa xɔlɔ̃e Hiob nye vavã, eye Mawu ɖo eteƒe nɛ geɖe ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ta.—Hiob 42:12-17.

ALESI NYA LA KA WÒE

14, 15. Nukata míate ŋu agblɔ be nya si Satana tsɔ ɖe Hiob ŋu la ka amegbetɔwo katã?

14 Menye Hiob ŋu koe Satana tsɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu me léle ɖe asi ƒe nya la ɖo o. Wò hã èle eme. Lododowo 27:11 na esia dze ƒã, afisi Yehowa ƒe Nya la gblɔ le be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” Nya siawo, siwo woŋlɔ ƒe alafa geɖe le Hiob ƒe ku megbe, ɖee fia be Satana kpɔtɔ le alɔme ɖem le Mawu ŋu eye wòle Mawu subɔlawo nu tsom. Ne  alesi míenɔa agbee dzea Yehowa ŋu la, ekema míele asi kpem ɖe eŋu be wòakpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe alakpa nutsotsoawo, eye míetoa esia wɔwɔ me doa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi. Aleke nèbu tso esia ŋu? Ðe manye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe be wò hã nàkpe asi ɖe eŋu woakpɔ ŋuɖoɖo na Abosam ƒe alakpa nutsotsowo, nenye be esia abia be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo le wò agbenɔnɔ me gɔ̃ hã oa?

15 De dzesii be Satana gblɔ be: ‘Amegbetɔ atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.’ (Hiob 2:4) Esi Satana yɔ “amegbetɔ” la, ena eme kɔ ƒã be amegbetɔwo katã ŋue yetsɔ nya ɖo, ke menye Hiob ɖeɖe ko o. Nya vevi aɖee nye ma. Satana tsɔ nya ɖe nuteƒewɔwɔ na Mawu me léle ɖe asi ŋu. Nusi dim Abosam le be yeakpɔ koe nye be nàgbe toɖoɖo Mawu ahatrɔ ɖa le mɔ dzɔdzɔetɔ dzi ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa. Aleke Satana le esia ƒe agbagba dzemee?

16. (a) Mɔnu kawo zãm Satana le be yeatsɔ atrɔ amewo ɖa tso Mawu ŋu? (b) Aleke Abosam ate ŋu azã mɔnu siawo ɖe ŋuwòe?

16 Abe alesi míedzro eme le Ta 10 lia me ene la, Satana zãa mɔnu vovovowo be yeatsɔ atrɔ amewo ɖa le Mawu yome. Mɔnu ɖekae nye be edzea ame dzi “abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.” (Petro I, 5:8) Eyata Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ŋu dzena ne xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, alo ame bubuwo tsi tre ɖe wò Biblia sɔsrɔ̃ ŋu, ale be màte ŋu atsɔ nusiwo srɔ̃m nèle ade dɔwɔwɔ me o. * (Yohanes 15:19, 20) Mɔnu bubu enye be Satana ŋutɔ “trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14) Abosam ate ŋu azã mɔnu aɖewo siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o be yeatsɔ able wò ahakplɔ wò atrae be nàganɔ agbe si dzea Mawu ŋu o. Ate ŋu azã dziɖeleameƒo hã, ɖewohĩ ana nàse le ɖokuiwò me be màte ŋu awɔ  nusi dzea Mawu ŋu gbeɖe o. (Lododowo 24:10) Satana ɖale nu wɔm abe ‘dzata si le gbe ɖem’ loo alo abe “kekeli ƒe dɔla” ene o, nya ɖeka ko ʋlim wòle: Ele gbɔgblɔm be ne èdo go tetekpɔwo alo dodokpɔwo la, àdzudzɔ Mawu subɔsubɔ. Aleke nàwɔ aɖo nya si wòfɔ ɖe te la ŋu ahalé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi abe alesi Hiob wɔe ene?

YEHOWA ƑE SEDEDEWO DZI WƆWƆ

17. Susu ka koŋ tae wòle be míawɔ Yehowa ƒe sededewo dzi?

17 Àte ŋu ana woakpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe nya si wòfɔ ɖe te ne ènɔa agbe wòdzea Mawu ŋu. Nukae esia wɔwɔ bia? Biblia la ɖo eŋu be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” (Mose V, 6:5) Ne wò lɔlɔ̃ na Mawu de to geɖe wu la, didia anɔ mewò ɣesiaɣi be nàwɔ nusiwo wòdi tso asiwò. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” Ne ètsɔ wò dzi blibo lɔ̃ Yehowae la, àkpɔe be “eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3.

18, 19. (a) Se siwo Yehowa de dometɔ aɖewoe nye kawo? (Kpɔ aɖaka si le axa 122.) (b) Aleke míewɔ nya be Mawu mebiana nusi míate ŋui o tsoa mía si o?

18 Se kawoe Yehowa de? Eƒe seawo dometɔ aɖewo ku ɖe nuwɔna aɖewo siwo wòle be míatsri ŋu. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewo dze le  aɖaka si le axa 122 me, si ƒe tanyae nye “Tsri Nuwɔna Siwo Yehowa Lé Fui.” Àkpɔ nuwɔna aɖewo siwo ŋu Biblia tsi tre ɖo le afima. Ne èkpɔ nuwɔna siwo woŋlɔ ɖe afima zi gbãtɔ la, awɔ na wò be menye nu gbegblẽ gãwoe wo dometɔ aɖewo nye o. Gake ne èxlẽ mawunyakpukpui siwo kpe ɖe eŋu hede ŋugble le wo ŋu vɔ la, àva kpɔ alesi gbegbe nunya le Yehowa ƒe sededewo mee. Ðewohĩ tɔtrɔwo wɔwɔ le wò agbe nɔnɔ mee anye nu sesẽtɔ kekeake si nàdze ŋgɔe. Gake agbe nɔnɔ alesi wòadze Mawu ŋu ahe dzidzeme kple dzidzɔ gãtɔ kekeake vɛ na wò. (Yesaya 48:17, 18) Eye enye nusi nàte ŋu awɔ. Aleke míewɔ nya?

19 Yehowa mebiana nusi míate ŋu awɔ o tsoa mía si gbeɖe o. (Mose V, 30:11-14) Enya nusi míate ŋu awɔ kple míaƒe  ŋutetewo wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. (Psalmo 103:14) Gawu la, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí be míaɖo to ye. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le tetekpɔ me hã nakpe ɖe eŋuti, bene miate ŋu atsɔe.’ (Korintotɔwo I, 10:13) Yehowa ate ŋu ana “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go” la wò be nàte ŋu ado dzi le tetekpɔwo me. (Korintotɔwo II, 4:7) Esi Paulo do dzi to tetekpɔ geɖewo me megbe la, egblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le . . . amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

 NƆNƆME SIWO DZEA MAWU ŊU TUTU ÐO

20. Nɔnɔme siwo dzea Mawu ŋu kawòe wòle be wòasu asiwò, eye nukatae esiawo le vevie?

20 Ke hã, menye nusiwo Yehowa lé fui la tsitsri koe ana míaƒe nu nadze eŋu o. Nusi gahiã enye be nàlɔ̃ nusiwo wòlɔ̃na. (Romatɔwo 12:9) Ðe menye amesiwo ƒe nukpɔsusuwo, didiwo, kple agbenɔnɔ nyoa ŋuwò eye wosɔ kple tɔwòe nàdi be yeadze xɔ̃e oa? Xɔlɔ̃ mawo dimee Yehowa hã le. Eyata srɔ̃ alesi nàlɔ̃ nusiwo Yehowa lɔ̃na vevie la. Woƒo nu tso nusiawo dometɔ aɖewo ŋu le Psalmo 15:1-5, afisi míexlẽ nu tso amesiwo ƒomevi anye Mawu xɔlɔ̃wo ŋu le. Yehowa xɔlɔ̃wo ɖea nusi Biblia yɔ be ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetse’ fiana. Kutsetse siae nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.

21. Nukae akpe ɖe ŋuwò be nɔnɔme siwo dzea Mawu ŋu nasu asiwò?

21 Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ɣesiaɣi akpe ɖe ŋuwò be nɔnɔme siwo dzea Mawu ŋu nasu asiwò. Eye nusiwo dim Mawu le tso mía si sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò be nàtrɔ wò tamesusu wòasɔ kple alesi Mawu bua nuwoe. (Yesaya 30:20, 21) Zi alesi nèna wò lɔlɔ̃ na Yehowa me le sesẽm ɖe edzii la, zi nenemae didi si le mewò be nànɔ agbe alesi wòadze Mawu ŋu la hã nu asẽ ɖe edzii.

22. Viɖe kae ado tso eme ne ènɔ agbe alesi wòadze Mawu ŋu?

 22 Ebia agbagbadzedze be nànɔ agbe wòadze Yehowa ŋu. Biblia tsɔ tɔtrɔ wɔwɔ le wò agbenɔnɔ me sɔ kple amenyenye xoxoa ɖeɖe ɖa ahado amenyenye yeyea. (Kolosetɔwo 3:9, 10) Gake hakpala la ŋlɔ tso Yehowa ƒe sededewo ŋu be: “Fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.” (Psalmo 19:12) Wò hã àkpɔe be yayra geɖe le eme be nànɔ agbe alesi wòadze Mawu ŋu. Ne èwɔ esia la, àna woakpɔ ŋuɖoɖo na nya si Satana fɔ ɖe te eye àdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!

^ mm. 16 Esia mefia be Satanae le amesiwo tsia tre ɖe ŋuwò la zãm tẽ o. Gake Satanae nye xexe sia me mawu, eye xexeme blibo la katã le eƒe ŋusẽ te. (Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 5:19) Eyata míate ŋu akpɔ mɔ be menye amesiamee akpɔ ŋudzedze ɖe mawuvɔvɔ̃gbenɔnɔ ŋu o, eye esia awɔe be ame aɖewo atsi tre ɖe ŋuwò.