Dzo kpo yi emenuwo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | MARIA MAGDALATƆ LA

“Mekpɔ Aƒetɔ La!”

“Mekpɔ Aƒetɔ La!”

Maria Magdalatɔ la wu mo dzi hele eƒe aɖatsiwo tutum. Wohe eƒe Aƒetɔ lɔlɔ̃a ɖe ati ŋu. Ŋdɔ ga 12 me lɔƒo le adamee, ke hã, “viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi”! (Luka 23:44, 45) Ehe eƒe awudziwuia ɖe eƒe abɔta nyuie eye wòte ɖe nyɔnu siwo le egbɔ la ŋu kplikplikpli. Zãdokeli si dona miniti ʋɛ aɖewo ko la mate ŋu ana viviti nado gaƒoƒo etɔ̃ mawo gbegbe o. Ðewohĩ, Maria kple ame siwo le tsitre ɖe Yesu gbɔ la va nɔ lã siwo dona le zã me la ƒe xɔxlɔ̃wo sem. Ame siwo nɔ nu siawo teƒe kpɔm la dometɔ aɖewo ‘vɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.”’ (Mateo 27:54) Yesu yomedzelawo kple ame bubuwo anya susui be, nu siwo le dzɔdzɔm la nye dzesi be Yehowa mekpɔ dzidzɔ ɖe ale si wowɔ funyafunya Via la ŋu kura o, eye ete ɖe edzi vevie.

Nu siwo teƒe kpɔm Maria Magdalatɔ le la te ɖe edzi ale gbegbe, gake mate ŋu adzo le afi ma hã o. (Yohanes 19:25, 26) Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ. Yesu dada hã hiã na akɔfafa kple ŋusẽdodo.

Nyui siwo katã Yesu wɔ na Maria Magdalatɔ la na wòse le eɖokui me be edze be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui la nɛ. Tsã la, nɔnɔme si me wònɔ la ɖe fu ŋutɔ eye wòwɔ nublanui ale gbegbe, gake Yesu ɖee tso nɔnɔme wɔnublanui ma me. Yesu na bubu va le eya amea ŋu eye taɖodzinu va le eƒe agbe ŋu azɔ. Eva zu nyɔnu si si xɔse sẽŋu le. Aleke wòdzɔe? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si wòɖe xɔse fia la me?

‘Wotsɔ Woƒe Nunɔamesiwo Nɔ Wo Subɔm’

Maria Magdalatɔ la ƒe ŋutinya si le Biblia me la dze egɔme kple nane si Yesu wɔ nɛ. Yesu na ablɔɖee, eɖee tso nɔnɔme sesẽ aɖe si wɔ nublanui ŋutɔ la me. Le ɣeyiɣi mawo me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi bɔ, wodzea ame geɖe dzi, eye wogena ɖe ame aɖewo me hekpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ameti bliboa dzi. Míenya ŋusẽ si gbegbe gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔ ɖe Maria Magdalatɔ la dzi ya o; nu si míenya koe nye be gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋuta siwo nye nu tovo wɔlawo la dometɔ adre ge ɖe eyama me. Gake Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ mawo katã do goe le eyama me.—Luka 8:2.

Ablɔɖe gã ma si va su Maria si la na be mɔnukpɔkpɔ su esi azɔ be wòadze agbe yeye gɔme. Aleke wòate ŋu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ na ye la ŋu? Eva zu Yesu yomedzela si wɔ nuteƒe nɛ. Ekpɔ hiahiã aɖe hã si wòkpɔ dze sii la gbɔ na Yesu kple eƒe apostolowo. Yesu kple eƒe apostoloawo hiã na nuɖuɖu, nudodo kple teƒe si woamlɔ ne zã do. Menye kesinɔtɔwoe wonye o, eye womenɔ dɔ si hea ga vɛ na wo la wɔm ɣemaɣi o. Eya ta, wohiã na kpekpeɖeŋu le ŋutilãmenuhiahiãwo gome, ale be woate ŋu atsɔ woƒe susu katã aɖo gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ŋu.

Maria kple nyɔnu bubuwo kpɔ nuhiahiã mawo gbɔ na wo. Nyɔnuawo ‘tsɔ woƒe nunɔamesiwo nɔ wo subɔm.’ (Luka 8:1, 3) Anɔ eme be alɔme nɔ nyɔnu mawo dometɔ aɖewo si. Biblia megblɔe nenye be woɖaa nu na wo, nyaa nu na wo, alo wɔa ɖoɖo ɖe dzeƒe ŋu na wo tso kɔƒe me yi kɔƒe me o. Gake wolɔ̃ faa na kpekpeɖeŋu mɔzɔla siawo siwo anya de ame 20 la. Ðikeke mele eme o be, kpekpeɖeŋu si nyɔnu mawo na Yesu kple eƒe apostoloawo la wɔe be wote ŋu tsɔ woƒe susu katã ɖo gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ele eme be, Maria nya be yemate ŋu aɖo nu si gbegbe Yesu wɔ na ye la teƒe nɛ gbeɖe o—gake dzidzɔ gãe wònye nɛ be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui la nɛ!

Egbea, ame geɖe mebua ame siwo wɔa dɔ tsɛwo tsɔ subɔa ame bubuwo la ɖe ɖeke me o. Gake menye alea ye wòle le Mawu ya gome o. Wò ya bu ale si gbegbe wòdo dzidzɔ na Yehowae esi wòkpɔ ale si Maria tsɔa eɖokui nana faa wɔa nu sia nu si wòate ŋui tsɔ naa kpekpeɖeŋu Yesu kple eƒe apostoloawo la ŋu kpɔ! Egbea hã, Kristotɔ wɔnuteƒe geɖewo tsɔa dzidzɔ wɔa dɔ tsɛwo tsɔ subɔa ame bubuwo. Ɣeaɖewoɣi la, kpekpeɖeŋu aɖe si míana alo nya nyui aɖe si míagblɔ la ate ŋu aɖe vi geɖe. Kpekpeɖeŋu mawo dzea Yehowa ŋu ŋutɔ.—Lododowo 19:17; Hebritɔwo 13:16.

‘Le Yesu Ƒe Fuwɔameti La Gbɔ’

Maria Magdalatɔ la hã nɔ nyɔnu geɖe siwo kplɔ Yesu ɖo yi Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la dome. (Mateo 27:55, 56) Ðikeke mele eme o be, esi wòse be wolé Yesu hedrɔ̃ ʋɔnui le zã me la, ete ɖe edzi ŋutɔ. Gake nyaa gava gblẽ ɖe edzi. Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo kple ameha siwo dzi wokpɔ ŋusẽ ɖo la ƒoe ɖe Nutodziɖula Pontio Pilato nu wòtso kufia na Yesu be woahee ɖe ati ŋu wòase veve helĩhelĩ ahaku. Anɔ eme be Maria kpɔ eƒe Aƒetɔa ʋu gbã ɖe eŋu eye ɖeɖi te eŋu xoxo esime wòtsɔ ati legbee si ŋu woahe eya amea ɖo la ɖe abɔta henɔ ehem segesege to ablɔwo dzi.—Yohanes 19:6, 12, 15-17.

Esi wohe Yesu ɖe fuwɔametia ŋu eye viviti do le ŋdɔ ma vɔ la, Maria Magdalatɔ la kple nyɔnu bubuawo gakpɔtɔ le afi si wohe Yesu ɖe ati ŋu le, eye ‘wole tsitre ɖe Yesu ƒe fuwɔametia gbɔ.’ (Yohanes 19:25) Maria nɔ afi ma va se ɖe esime Yesu ku, eye ekpɔ eteƒe esime Yesu tsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de asi na eƒe apostolo Yohanes si gbɔ melɔ̃a nu le o. Esee Yesu do ɣli na Fofoa sesĩe esime wònɔ veve sem helĩhelĩ. Eye ese nya mamlɛtɔ siwo wògblɔ teti hafi ku, si nye be, “Wowu enu!” la hã. Maria nɔ nu xam vevie ŋutɔ. Ke hã, edze ƒãa be esi Yesu ku vɔ gɔ̃ hã la, egakpɔtɔ nɔ afi ma. Emegbe esi ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, si tso Arimatia la, tsɔ Yesu ƒe kukua yi ɖamlɔ eƒe yɔdo yeye si wòɖe me vɔ la, Maria gakpɔtɔ nɔ yɔdoa gbɔ.—Yohanes 19:30; Mateo 27:45, 46, 57-61.

Maria ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si míate ŋu awɔ ne nɔnɔme sesẽwo va míaƒe haxɔsetɔwo dzi. Ele eme be, míate ŋu axe mɔ na afɔkuwo be woagadzɔ ɖe wo dzi o eye míate ŋu aɖe woƒe vevesesewo hã ɖa ya o. Gake míate ŋu ase veve ɖe wo nu ahawɔ nu dzinɔameƒotɔe hã. Xɔlɔ̃ vavã ƒe amegbɔnɔnɔ le xaxaɣiwo ɖeɖe dzaa ate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe. Ne míele mía xɔlɔ̃ aɖe ŋu kplikplikpli esime wòɖo xaxa me la, eɖenɛ fiana be xɔse sẽŋu le mía si eye esia ate ŋu anye akɔfafa gã aɖe nɛ.—Lododowo 17:17.

Ale si Maria Magdalatɔ la nɔ Yesu dada ŋu la anya fa akɔ nɛ godoo

“Mayi Aɖakɔe”

Esi wotsɔ Yesu ƒe kukua mlɔ yɔdo me vɔ la, Maria hã nɔ nyɔnu siwo yi ɖaƒle atike ʋeʋĩ bubuwo be yewoaɖasi na Yesu ƒe kukua emegbe la dome. (Marko 16:1, 2; Luka 23:54-56) Eya ta, le Sabat la megbe la, efɔ ŋdi kanyaa hedze mɔ. Kpɔe ɖa le susu me be eya kple nyɔnu bubuawoe nye ema ɖo ta Yesu ƒe yɔdoa gbɔ esime xexea me mekpɔ kɔ keŋkeŋ haɖe o. Esi wonɔ mɔa dzi la, wonɔ wo ɖokuiwo biam be aleke yewoawɔ amli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nu la ɖa mahã. (Mateo 28:1; Marko 16:1-3) Ke hã, esia meɖe dzi le wo ƒo wotrɔ yi aƒe me o. Edze ƒãa be woƒe xɔse ʋã wo be woawɔ nu si woate ŋui eye woagblẽ susɔea ɖe Yehowa si me.

Anɔ eme be Maria ɖo yɔdoa gbɔ do ŋgɔ na nyɔnu mamlɛawo. Esi wòɖo yɔdoa to la, eƒe nu ku eye wòtɔ ɖi maʋamaʋãe. Ekpɔe be womli kpea ɖa le yɔdoa nu, eye yɔdoa tsi ƒuƒlu! Maria si zãna ŋutɔ la ƒu du yi ɖagblɔ nu si wòkpɔ la na Petro kple Yohanes. Kpɔe ɖa le susu me be eyae nye ma le gbɔgbɔm fuxefuxe esi wòle gbɔgblɔm na wo be: “Wokɔ Aƒetɔ la dzoe le yɔdoa me, eye míenya afi si wodae ɖo o”! Petro kple Yohanes ƒu du yi yɔdoa to, eye wokpɔe be etsi ƒuƒlu nyateƒe, eye wogatrɔ yi woƒe aƒewo me. *Yohanes 20:1-10.

Maria trɔ va yɔdoa gbɔ, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ale si ɖoɖoe zi toŋtoŋ ŋdi kanyaa ma eye yɔdoa hã tsi ƒuƒlu la wɔ dɔ ɖe Maria dzi ale gbegbe be ɖeko wòtsɔe na avi. Esi wògakpɔtɔ nɔ sesẽm nɛ be wòaxɔe ase be yeƒe Aƒetɔa megale yɔdoa me o la, edo mo ɖa kpɔ yɔdoa me eye wòkpɔ nane si wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Mawudɔla eve siwo do awu ɣiwo lae nye ema nɔ anyi ɖe yɔdoa me! Wobiae be: “Nu ka tae nèle avi fam?” Maria si tɔtɔ le eɖokui me la gblɔ nya si wògblɔ na apostoloawo la ke na wo be: “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, gake nyemenya afi si wotsɔe yi ɖada ɖo o.”—Yohanes 20:11-13.

Azɔ etrɔ, eye wòkpɔ ŋutsu aɖe tɔ ɖe emegbe. Mekpɔ ŋutsua dze sii o, eya ta, esusu be abɔdzikpɔla si léa be na teƒea ye. Ŋutsua biae tufafatɔe be: “Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Maria ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ne wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam, ne mayi aɖakɔe.” (Yohanes 20:14, 15) Bu nya si wògblɔ la ŋu kpɔ. Ðe nyɔnu ma ɖeka pɛ ate ŋu akɔ Yesu Kristo si nye ŋutsu sesẽ la ƒe kukua nyateƒea? Maria metɔ be yeabu nya ma ŋu gɔ̃ hã o. Nu si nɔ vevie nɛ koe nye be, ele be yeawɔ nu si yeate ŋui.

“ne mayi aɖakɔe”

Ne vevesese tsi akɔ dzi na mí eye kuxi sesẽwo ɖe kpe na mí ale gbegbe be míenya nu si míawɔ o la, ɖe míate ŋu asrɔ̃ Maria Magdalatɔ la ƒe kpɔɖeŋua? Ne míetsɔ míaƒe susu ɖo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple nu siwo míate ŋu awɔ o ɖeɖe ko ŋu la, vɔvɔ̃ aɖo mí ale gbegbe be míanya nu si tututu míawɔ o. Gake ne míeɖoe kplikpaa be míawɔ míaƒe ŋutete katã eye míeɖo ŋu ɖe mía Mawua ŋu la, nu siwo gbegbe míawɔ la awɔ nuku na míawo ŋutɔwo gɔ̃ hã. (2 Korintotɔwo 12:10; Filipitɔwo 4:13) Vevietɔ wu la, míadze Yehowa ŋu. Ðikeke mele eme o be, Maria ƒe nu dze Yehowa ŋu, eye Yehowa yrae etɔxɛe.

“Mekpɔ Aƒetɔ La!”

Menye abɔdzikpɔlae ŋutsu si le tsitre ɖe Maria ŋkume la nye o. Enye atikpala kpɔ, emegbe eva nye nufiala, eye wòganye Maria ƒe Aƒetɔ si gbɔ melɔ̃a nu le o. Gake Maria mekpɔe dze sii o, eye wòtrɔ be yeadzo le egbɔ. Nyateƒe si wònye be wofɔ Yesu ɖe tsitre la meva susu me na Maria gɔ̃ hã o. Ɛ̃, wofɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔ triakɔ aɖe. Eya ta, etea ŋu ɖea eɖokui fiana le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, gake menye le ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe me o. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, dzidzɔnya gã aɖee wònye na eƒe nusrɔ̃lawo, gake edzɔ enuenu be ame siwo nyae nyuie la gɔ̃ hã mekpɔe dze sii o.—Luka 24:13-16; Yohanes 21:4.

Aleke Yesu na Maria nya be yee? Ale si wòyɔ eŋkɔ “Maria” ɖeɖe dzaa koe na wònya be eyae! Maria trɔ zi ɖeka hedo ɣli yɔe be “Raboni!” Anɔ eme be, eyɔ Hebrigbe me ŋkɔ sia, si gɔmee nye nufiala la, nɛ zi gbɔ zi geɖe va yi. Ɛ̃, eƒe Nufiala si gbɔ melɔ̃a nu le o la ye! Dzi dzɔ Maria ale gbegbe. Eku ɖe Yesu ŋu goŋgoŋ eye medi be yeaɖe asi le eŋu o.—Yohanes 20:16.

Yesu nya Maria ƒe susu. Eya ta, egblɔ na Maria be: “Dzudzɔ kuku ɖe ŋunye.” Kpɔe ɖa le susu me be, Yesu le nya mawo gblɔm nɛ dɔmenyotɔe kple alɔgbɔnukoko esime wòle eƒe asiwo ɖem ɖa le eɖokui ŋu blewuu eye wògblɔ nɛ be: “Nyemekpɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o.” Ɣeyiɣia mekpɔ de nɛ haɖe be wòayi dziƒo o. Dɔ ganɔ esi wòle be wòawɔ le anyigba dzi, eye edi be Maria nakpe asi ɖe ye ŋu. Maria ke to ɖi nyuie be yease nya si wòagblɔ. Yesu gblɔ nɛ be: “Yi nɔvinyewo gbɔ, eye nàgblɔ na wo be, ‘Meyina Fofonye kple mia Fofo, nye Mawu kple mia Mawu la gbɔ.’”—Yohanes 20:17.

Dɔ vevi kae nye esi eƒe Aƒetɔ la de esi! Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, Maria hã nye nusrɔ̃la siwo kpɔe gbã la dometɔ ɖeka, eye azɔ mɔnukpɔkpɔ su esi be wòagblɔ nya nyui sia gbegbe na nusrɔ̃la bubuawo. Bu dzidzɔ kple dzo si anɔ eme be yeake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu ahagblɔ nya sia na wo ŋu kpɔ. Kpɔe ɖa le susu me be Maria ye nye ema le gbɔgbɔm fuxefuxe hele gbɔgblɔm na nusrɔ̃lawo be: “Mekpɔ Aƒetɔ la!” Anɔ eme be, le ɣeyiɣi didi aɖe megbe gɔ̃ hã la, Maria ŋutɔ kple nusrɔ̃la mawo anɔ ŋku ɖom nya ma dzi. Egblɔ nya sia nya si Yesu gblɔ nɛ la na wo, eye dzi nɔ edzɔm ale gbegbe be ɖeko nyawo nɔ dodom le enu kabakaba. (Yohanes 20:18) Eƒe nyawo ɖo kpe nya si nyɔnu kemɛawo, siwo hã yi yɔdoa to la, va gblɔ na apostoloawo la dzi.—Luka 24:1-3, 10.

“Mekpɔ Aƒetɔ La!”

“Womexɔ Nyɔnuawo Dzi Se O”

Aleke ŋutsuawo wɔ nui? Gbãa, womexɔ nyɔnuawo ƒe nyaa nyuie o. Biblia gblɔ be: “Nya siawo ɖi bometsinya na wo, eye womexɔ nyɔnuawo dzi se o.” (Luka 24:11) Togbɔ be ame nyuiwoe ŋutsu mawo nye hã la, ame siwo dome wotsi le la mekana ɖe nyɔnuwo dzi o; le Yudatɔ agbalẽfialawo ƒe kɔnyinyi nu la, nyɔnuwo mate ŋu aɖi ɖase le ʋɔnu o. Anɔ eme be, ame siwo dome apostoloawo tsi le la ƒe kɔnyinyiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi wu ale si woawo ŋutɔwo susui gɔ̃ hã. Gake susu manyomanyo mawo mele Yesu kple Fofoa ya si ɖe nyɔnuwo ŋu o. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wona nyɔnu nuteƒewɔla ma!

Edze ƒãa be, Maria meɖe mɔ ŋutsuawo ƒe nuwɔnaa te ɖe edzi kura o. Enyae be yeƒe Aƒetɔa ya ka ɖe ye dzi, eye ema ɖeɖe su nɛ. Wode dɔ asi na Yesu yomedzelawo katã hã be woaɖe gbeƒã gbedeasi aɖe. Biblia yɔ gbedeasi ma be “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” (Luka 8:1) Yesu megblɔ na eyomedzelawo be ame sia ame axɔ woƒe nyawo dzi ase alo akpɔ ŋudzedze ɖe woƒe dɔa ŋu o. Egblɔ na wo boŋ be womaxɔ wo nyuie o. (Yohanes 15:20, 21) Eya ta, anyo ŋutɔ be Kristotɔwo nanɔ ŋku ɖom Maria Magdalatɔ la ƒe ŋutinyaa dzi. Togbɔ be nusrɔ̃la bubuawo mexɔ eƒe nyaa dzi se enumake o hã la, meɖe mɔ esia wɔe be dzidzɔ si nɔ eme be wòagblɔ nya nyui si nye be wofɔ Yesu ɖe tsitre la yi to o.

Emegbe Yesu ɖe eɖokui fia eƒe apostoloawo, eyome egaɖe eɖokui fia eyomedzela bubuwo hã le ɣeyiɣi vovovowo me. Ɣeaɖeɣi la, eɖe eɖokui fia ame siwo wu 500 sɔŋ le ɣeyiɣi ɖeka me! (1 Korintotɔwo 15:3-8) Ɣesiaɣi si Yesu ɖe eɖokui fia la, esia gadoa ŋusẽ Maria ƒe xɔse, eɖanye be eya ŋutɔe kpɔe loo alo ɖe wòse eŋuti nya o. Biblia gblɔ be nyɔnuwo nɔ eteƒe esime Yesu yomedzelawo ƒo ƒu ɖi le Pentekoste ŋkekea dzi le Yerusalem esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi; anɔ eme be Maria Magdalatɔ la hã nɔ nyɔnu mawo dome.—Dɔwɔwɔwo 1:14, 15; 2:1-4.

Aleke kee wòɖale o, susu geɖe li siwo tae míeka ɖe edzi be Maria Magdalatɔ la lé xɔse me ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míawɔ nenema ke! Míasrɔ̃ Maria Magdalatɔ la ƒe xɔse ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo katã Yesu wɔ na mí la ŋu eye míesubɔa ame bubuwo ɖokuibɔbɔtɔe heɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe.

^ mm. 12 Edze ƒãa be Maria dzo le yɔdoa gbɔ hafi nyɔnu susɔeawo va kpɔ mawudɔla si gblɔ na wo be wofɔ Kristo ɖe tsitre. Ne ɖe Maria nɔ eteƒe la, anye ne egblɔ na Petro kple Yohanes be yewokpɔ mawudɔla aɖe si gblɔ nu si tae Yesu ƒe kukua mele yɔdoa me o ɖo na yewo.—Mateo 28:2-4; Marko 16:1-8.