Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kae Nye Maria Magdalatɔ La?

Ame Kae Nye Maria Magdalatɔ La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Maria Magdalatɔ la nye Yesu Kristo yomedzela wɔnuteƒe aɖe. Anɔ eme be esi wòtso du si nye Magdala (alo Magadan) me tae woyɔnɛ be Magdalatɔ ɖo. Du sia te ɖe Galilea-ƒua ŋu. Eye ɖewohĩ Maria nɔ afi ma kpɔ.

 Maria Magdalatɔ la nɔ nyɔnu siwo zɔ mɔ kple Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wotsɔa woƒe nunɔamesiwo subɔa woa dome. (Luka 8:1-3) Maria kpɔ eteƒe esi wowu Yesu, eye esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eya hã nɔ ame gbãtɔ siwo kpɔ Yesua dome.—Marko 15:40; Yohanes 20:11-18.

 Gboloe Maria Magdalatɔ la nyea?

 Biblia megblɔ be Maria Magdalatɔ la nye gbolo o. Nya si Biblia gblɔ tso eŋu koe nye be Yesu nyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le eme.—Luka 8:2.

 Ke aleke wòdzɔe be ame aɖewo gblɔna be gboloe wònye? Ƒe alafa aɖewo le Maria ƒe ku megbea, ame aɖewo va nɔ gbɔgblɔm be eyae nye nyɔnu si ŋkɔ womeyɔ o (ɖewohĩ si nye gbolo) si fa aɖatsi ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi eye wòtsɔ eƒe taɖawo tutui. (Luka 7:36-38) Ke hã, naneke mele Biblia me si ɖo kpe edzi be eyae wɔ nu ma o.

 Ðe Maria Magdalatɔ la nye “apostolo na apostoloawoa”?

 Ao. Katoliko Sɔlemehaa yɔ Maria be “Maria Kɔkɔe Magdalatɔ” kple “apostolo na apostoloawo,” elabe esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, enɔ ame siwo vae gblɔ nyaa na apostoloawo gbãa dome. (Yohanes 20:18) Gake esia mefia be enye apostolo o. Eye womeyɔe le Biblia ƒe teƒe aɖeke be apostolo hã o.—Luka 6:12-16.

 Wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me lɔƒo. Gake ƒe alafa adelia mee sɔlemehaa ƒe ŋgɔnɔlawo ɖoe be yewoade bubu tɔxɛ Maria Magdalatɔ la ŋu. Wogblɔ le agbalẽ aɖewo siwo woŋlɔ le ƒe alafa evelia kple ƒe alafa etɔ̃lia me be, Yesu ƒe apostolo aɖewo ʋã ŋu Maria. Agbalẽ mawo menye Biblia ƒe akpa aɖeke o. Nya mawo nye nyakpakpawo eye naneke mele Biblia me si ɖo kpe wo dzi o.

 Ðe Maria Magdalatɔ la nye Yesu Kristo srɔ̃a?

 Ao. Le nyateƒe mea, Biblia na eme kɔ ƒãa be Yesu meɖe srɔ̃ o. a