Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Mawu Fiaɖuƒea Le Wò Dzi Mea?

Ðe Mawu Fiaɖuƒea Le Wò Dzi Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao, Mawu Fiaɖuƒea menye nɔnɔme aɖe le Kristotɔwo ƒe dzi me o. a Biblia na míenya afi si tututu Fiaɖuƒea le esi wòyɔe be “dziƒofiaɖuƒe.” (Mateo 4:17, Eʋegbe Biblia) Na míadzro ale si Biblia ɖee fia be dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ wònye le dzi ɖum tso dziƒo la me.

  •   Dziɖulawo le Mawu Fiaɖuƒe la si, eteviwo, sewo kple ɖoɖowo hã le esi. Eƒe dɔdeasie nye be wòana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi siaa.​—Mateo 6:10; Nyaɖeɖefia 5:10.

  •   Mawu ƒe dziɖuɖu alo Fiaɖuƒea aɖu “amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe dolawo” dzi. (Daniel 7:13, 14) Eƒe ŋusẽ metso eteviwo gbɔ o, ke boŋ Mawu ŋutɔ gbɔ eƒe ŋusẽa tso tẽe.​—Psalmo 2:4-6; Yesaya 9:7.

  •   Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be woakpe ɖe ye ŋu le Dziƒofiaɖuƒea me eye woanɔ “fiazikpuiwo dzi.”​—Luka 22:28, 30.

  •   Futɔwo le Fiaɖuƒea si, eye ele wotsrɔ̃ ge ɖa.​—Psalmo 2:1, 2, 8, 9; 110:1, 2; 1 Korintotɔwo 15:25, 26.

 Biblia mefia nu be Dziƒofiaɖuƒe la le wò dzi me le susu sia nu be eɖua dzi to amegbetɔ ƒe dzi me o. Ke hã egblɔ be “Fiaɖuƒea ŋuti nya la” alo “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la ate ŋu awɔ dɔ ɖe amewo ƒe dzi dzi eye ele be wòawɔe hã.​—Mateo 13:19; 24:14.

Ke nu kae nya si wogblɔna be “mawufiaɖuƒe la le mia me” ya fia?

 Ale si woɖe Luka 17:21 gɔme le Biblia aɖewo me na be ame aɖewo tɔtɔ le afi si tututu Fiaɖuƒea le la gome. Le kpɔɖeŋu me, Eʋegbe Biblia (ƒe 2010 tɔ) gblɔ be “mawufiaɖuƒe la le mia me.” Hafi míate ŋu ase mawunyakpukpui sia gɔme nyuie la, ele be míabu nya si gblɔm wonɔ hafi gblɔ emenyawo la ŋu.

Mawu Fiaɖuƒe la menɔ amewula dzimesẽla siwo tsi tre ɖe Yesu ŋu la ƒe dzi me o

 Yesu nɔ nu ƒom na Farisitɔwo. Farisitɔwo nye subɔsubɔhakplɔlawo ƒe ƒuƒoƒo si tsi tre ɖe Yesu ŋu eye wokpɔ gome le nugbe si woɖo ɖe Yesu ŋu hewui la me. (Mateo 12:14; Luka 17:20) Ðe susu anɔ eme be míabui be Fiaɖuƒe la nye nɔnɔme aɖe le dzimesẽla mawo ƒe dzi mea? Yesu gblɔ na wo be: “Mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ.”​—Mateo 23:27, 28.

 Biblia bubu aɖewo ɖe nya si Yesu gblɔ le Luka 17:21 me eme kɔ nyuie be: “Mawufiaɖuƒe la le mia dome.” (Miawoe bi nya tsɔ te gbe ɖe edzi; Eʋegbe Biblia) “Mawu Fiaɖuƒe la le mia dome.” (Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe) Dziƒofiaɖuƒe la nɔ Farisitɔwo “dome” le susu sia nu be Yesu, ame si Mawu tia be wòaɖu Fia la, tsi tsitre ɖe wo dome afi ma.​—Luka 1:​32, 33.

a Kristotɔwo ƒe tsɔtsi geɖe fiaa nu be Mawu Fiaɖuƒe la le amegbetɔwo me, wobe ele woƒe dzi me. Le kpɔɖeŋu me, le United States (États-Unis) la, Dziehe Baptist Sɔlemeha gblɔ be le mɔ aɖe nu la, Mawu Fiaɖuƒe la nye “Mawu ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe dzi kple woƒe agbenɔnɔ dzi.” Nenema ke Papa Benedict (Benoît) XVI gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Yesu Nazaretetɔ La me be “Mawu Fiaɖuƒea toa dzi ɖotowo dzi vana.”