Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Marko 1:15—“Mawu Fiaɖuƒe La Ðo Vɔ”

Marko 1:15—“Mawu Fiaɖuƒe La Ðo Vɔ”

 “Ɣeyiɣi ɖoɖi la de, eye Mawu Fiaɖuƒe la gogo. Mitrɔ dzi me, eye mixɔ nya nyui la dzi se.”—Marko 1:15, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vɔ. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixɔ nyanyui la dzi se!”—Marko 1:15, Eʋegbe Biblia.

Nu si Marko 1:15 fia

 Yesu Kristo gblɔ na eƒe nyaselawo be Mawu Fiaɖuƒe a la “ɖo vɔ” alo “gogo,” elabena eya si anye Fiaɖuƒea ƒe Fiaa, le wo dome.

 Yesu ƒe nyawo mefia be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme o. Nyateƒeae nye be, ena eƒe nusrɔ̃lawo nya emegbe gɔ̃ hã be Fiaɖuƒea ava le etsɔme. (Dɔwɔwɔwo 1:6, 7) Ke hã, Yesu si ŋu nya Biblia gblɔ be ava nye Fiaɖuƒea ƒe Fia b la, va le ɣeyiɣi si tututu Biblia gblɔ be ava la dzi. Le susu sia taa, esɔ be Yesu gblɔ be: “Ɣeyiɣi ɖoɖi la de”—ɣeyiɣia de na Yesu be wòadze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme, aɖe gbeƒã nya nyuia tso Fiaɖuƒea ŋu na amewo.—Luka 4:16-21, 43.

 Be Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia naɖe vi na amewo la, ele be woatrɔ dzi me, si fia be woase veve ɖe woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi ta eye woanɔ agbe abe ale si Mawu dii ene. Ame siwo trɔ dzi mea ɖee fia be yewoxɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzi se.

Nya siwo ƒo xlã Marko 1:15

 Esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le Galilea ye wògblɔ nya siwo dze le Marko 1:15. Nya mawo ke dze le Mateo 4:17. Àde dzesii be esi wogblɔ le Mateo 4:17 ƒe gɔmedzedze be “tso ɣemaɣi la,’’ wogblɔ yi edzi be Yesu nɔ gbeƒã ɖem tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Fiaɖuƒea koŋ ŋue Yesu ɖe gbeƒã tsoe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le nyateƒe mea, Nyanyuigbalẽawo c ƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu wòwu zi 100, wu nya bubu siwo katã Yesu gblɔ. Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Yesu ƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu wu nya bubu ɖe sia ɖe.

Xlẽ Marko ta 1, etenuŋɔŋlɔawo, mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le eme. Kpɔ anyigbatata si ɖe afi siwo Yesu wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le hã.

a Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si Mawu ɖo anyi le dziƒo be wòana woawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Ne èdi be yeanya nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋua, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?

b Ele be Yesu nava nye fia ale be wòava nye Mesia si ŋugbe wodo; ame si Mawu tia be wòawɔ dɔ vevi aɖe. Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nyagblɔɖi siwo gblɔ be Yesue nye Mesia la ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ðe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?”

c Nyanyuigbalẽawoe nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (si woyɔna zi geɖe be Nubabla Yeyea), ƒe agbalẽ ene gbãtɔawo, siwo ƒo nu tso Yesu kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu.