Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nyateƒetoto Gale Vevie Egbea?

Ðe Nyateƒetoto Gale Vevie Egbea?

 Ðe wòwɔna na wò be egbea, esesẽ be woade vovo nyateƒe kple aʋatso domea? Edze abe ale si amewo sena le wo ɖokui me kple nu si woawo ŋutɔ wosusu koe le vevie na wo wu nu si nye nyateƒea ŋutɔŋutɔ. Le xexea me godoo la, ame geɖe susui be nyateƒea zu dze bu ɖe ama me.

 Susu sia le amewo si tso blema ke. Anɔ abe ƒe 2,000 aɖewoe nye esia ene la, Roma Fiagã Pontio Pilato bia Yesu ɖikeketɔe be: “Nu kae nye nyateƒe?” (Yohanes 18:38) Togbɔ be Pilato melala Yesu ɖo eƒe nyaa ŋu o hã, nya vevi aɖee nye ema wòbia. Biblia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nya ma ƒe ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ, eye wòafia mɔ wò le xexe sia si me amewo tɔtɔ le nu si nye nyateƒe kple aʋatso ŋu.

Ðe nyateƒe gali koŋua?

 Ɛ̃. Biblia zã nya “nyateƒe” wòfia nu si le eteƒe kple agbenɔnɔ si le dzadzɛ. Biblia fia mí hã be Yehowa a Mawu gbɔe nyateƒe blibo dzɔ tso eye wòyɔe be “nyateƒe Mawu” la. (Psalmo 31:5) Nyateƒe si tso Mawu gbɔ le Biblia me, eye wotsɔ nyateƒe sia sɔ kple kekeli elabe ate ŋu afia mɔ mí le xexe doblukɔ sia me.—Psalmo 43:3; Yohanes 17:17.

Aleke nàwɔ ake ɖe nyateƒea ŋu?

 Mawu medi be míaxɔ nyateƒe si le Biblia me dzi ase dzro ko o. Edi boŋ be míazã míaƒe tamebubuŋutete adzro nyateƒe si le Biblia me la me, ke menye be míaɖo ŋu ɖe míaƒe seselelãmewo ŋu o. (Romatɔwo 12:1) Edi be míanya ye eye míalɔ̃ ye kple míaƒe “tamesusu blibo.” Mawu de dzi ƒo na mí hã be míaku nu me ale be míaka ɖe Biblia me nyateƒea dzi.—Mateo 22:37, 38; Dɔwɔwɔwo 17:11.

Afi kae aʋatsokaka dzɔ tso?

 Biblia gblɔ be Mawu ƒe futɔ Satana Abosam gbɔe aʋatsokaka dzɔ tso; Biblia yɔ Satana be “aʋatsokafofo.” (Yohanes 8:44) Eda alakpa tso Mawu ŋu na mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa. (1 Mose 3:1-6, 13, 17-19; 5:5) Tso ɣemaɣi la, Satana yi edzi le alakpanyawo kakam eye wòɣlaa nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu ɖe amewo.—Nyaɖeɖefia 12:9.

Nu ka tae alakpadada va bɔ alea egbea?

 Le míaƒe ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me la, Satana le amewo blem eye wòle wo flum geɖe wu. Amewo daa alakpa zi geɖe tsɔ flua ame bubuwo eye wotafaa wo. (2 Timoteo 3:1, 13) Aʋatsokaka kple alakpanuwɔnawo va bɔ ɖe subɔsubɔha akpa gãtɔ me. Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu ene la, amewo le ‘nufialawo nu ƒom ƒu na wo ɖokuiwo, be woalũ to me na yewo; eye woɖe to ɖa le nyateƒe la ŋu.’—2 Timoteo 4:3, 4.

Nu ka tae nyateƒea le vevie?

 Nyateƒetoto nana be amewo kana ɖe wo nɔewo dzi. Ne xɔlɔ̃wo meka ɖe wo nɔewo dzi o la, ehea masɔmasɔwo vɛ eye enana habɔbɔwo hã gbãna. Biblia gblɔ be: “Ele be ame siwo le ta dem agu [na Mawu] la nade ta agu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Esia fia be Mawu di be míasubɔ ye le nyateƒe me. Be nàkpɔ ale si Biblia me nyateƒea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi alakpanya siwo subɔsubɔhawo gblɔna ale be woagaflũ wò o la, xlẽ nyati vovovo siwo ƒe tanyae nye “Alakpanya Siwo Na Ame Aɖewo Melɔ̃ Mawu O.”

Nu ka tae Mawu di be nànya nyateƒea?

 Mawu di be nàsrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe ye ŋu ale be nàkpɔ ɖeɖe. (1 Timoteo 2:4) Wò kple Mawu miazu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ne èsrɔ eƒe nudidi siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu eye nènɔa agbe ɖe wo nu. (Psalmo 15:1, 2) Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi be wòakpe ɖe amewo ŋu woanya nyateƒea. Mawu di be míaɖo to Yesu ƒe nufiafiawo.—Mateo 17:5; Yohanes 18:37.

Ðe Mawu ava ɖe alakpadada ɖa gbe ɖeka?

 Ɛ̃. Etena ɖe Mawu dzi ne amewo da alakpa tsɔ tafa ame bubuwo. Edo ŋugbe be yeava tsrɔ̃ ame siwo nɔa alakpadada dzi la ɖa le anyigba dzi. (Psalmo 5:6) Ne Mawu wɔ esia la, ekema awɔ eƒe ŋugbedodo sia hã dzi be: “Nyateƒenuyi ali ke tegbee.”—Lododowo 12:19.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?