Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nu Vlo Wɔlawo Ƒe Amedzidzedze Nu Ayi Gbe Ðekaa?

Ðe Nu Vlo Wɔlawo Ƒe Amedzidzedze Nu Ayi Gbe Ðekaa?

 Ne èsee be nu vlo wɔlawo dze amewo dzi la, ɖewohĩ abia ɖokuiwo be: ‘Ðe Mawu tsɔ ɖe le eme na mía? Nu ka tae nu siawo dzɔna? Ðe nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze a nu ayi gbe ɖekaa? Aleke mate ŋu anɔ te ɖe ŋɔdzidonamea nu?’ Biblia na míekpɔ ŋuɖoɖo fakɔname na nyabiase siawo.

Aleke Mawu bua nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze?

 Mawu lé fu ŋutasẽse kple nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname. (Psalmo 11:5; Lododowo 6:16, 17) Yesu, ame si nye Mawu teƒenɔla, gbe nya na eƒe nusrɔ̃lawo esi woɖoe be yewoasẽ ŋuta le yewoƒe futɔwo ŋu. (Mateo 26:50-52) Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be yewodzea amewo dzi, sẽa ŋuta le wo ŋu be yewoatsɔ akɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu hã, Mawu meda asi ɖe nuwɔna mawo dzi o. Le nyateƒe me la, meɖoa to woƒe gbedodoɖawo gɔ̃ hã o.—Yesaya 1:15.

 Mawu tsɔa ɖe le eme na ame siwo katã le fu kpem, ame siwo dzi nu vlo wɔlawo dze hã le eme. (Psalmo 31:7; 1 Petro 5:7) Biblia na míenya be Mawu ahe ŋutasẽnuwɔnawo katã ava nuwuwu.—Yesaya 60:18.

Nu si koŋ gbɔ wòtso be nu vlo wɔlawo dzea ame dzi

 Biblia gblɔ susu si koŋ tae nu vlo wɔlawo dzea ame dzi. Eyae nye be: “amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.” (Nyagblɔla 8:9) Tso gbe aɖe gbe ke la, ŋusẽtɔwo zãa ŋɔdzidoname tsɔ tea amewo ɖe anyi. Ame siwo wote ɖe anyi hã wɔa wɔɖenui, sẽa ŋuta le ame siwo te wo ɖe anyi la ŋu.—Nyagblɔla 7:7.

Nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze nu ayi

 Mawu do ŋugbe be yeava ɖe ŋutasesẽ kple nu siwo nana amewo vɔ̃na la ɖa eye ŋutifafa axɔ anyigbaa dzi. (Yesaya 32:18; Mika 4:3, 4) Nu siwo wòawɔ:

  •   Aɖe nu si koŋ gbɔ wòtso be nu vlo wɔlawo dzea ame dzi la ɖa. Mawu ana eƒe xexea me katã ƒe dziɖuɖua naxɔ ɖe amegbetɔwo tɔ teƒe. Yesu Kristo si nye dziɖuɖu sia ƒe Fia awɔ nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie, eye wòaɖe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ɖa keŋkeŋ. (Psalmo 72:2, 14) Ɣemaɣia, mava susu me na ame aɖeke be yeadze ame dzi ŋutasesẽtɔe o. ‘Dzi adzɔ amewo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.’—Psalmo 37:10, 11.

  •   Aɖɔ nu siwo nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze gblẽ la ɖo. Mawu ayɔ dɔ ame siwo katã ŋu nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze gblẽ nu le eye dzika magatso wo ƒo akpɔ o. (Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Edo ŋugbe gɔ̃ hã be yeava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre ne woanɔ agbe le anyigbaa dzi le ŋutifafa me.—Yohanes 5:28, 29.

 Biblia na míekpɔ susu nyui siwo tae míate ŋu axɔe se be Mawu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu kpuie. Gake ɖewohĩ àbia be ‘Nu ka tae Mawu meɖe nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze ɖa haɖe o?’ Ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖoa la, kpɔ video si nye, Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?

a “Nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze” fia ale si amewo dea vɔvɔ̃ ame bubuwo me alo sẽa ŋuta le wo ŋu. Wowɔa esia ɖe dumeviwo koŋ ŋu ale be woavɔ̃, eye woalɔ̃ ɖe dunyahenya, subɔsubɔnya, alo hadomenuwɔna aɖe dzi. Gake ale si amewo ɖɔa nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze la le vovovo.