Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nye Dzi Nɔ Veve Sem Eye Menye Ŋutasẽnuwɔla

Nye Dzi Nɔ Veve Sem Eye Menye Ŋutasẽnuwɔla
  • ƑE SI ME WODZII: 1974

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: MEXICO

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ENYE ŊUTASẼNUWƆLA LE EƑE ÐEKAKPUIME EYE WÒNYE GBEVUVI KƆDALA

NYE ŊUTINYA:

Wodzim le Ciudad Mante. Enye nuto dzeani aɖe si le Mexico dukɔa ƒe akpa si woyɔna be Tamaulipas. Afi ma tɔwo wɔa ame eye wonyoa dɔme hã. Gake nublanuitɔe la, nu vlo wɔhawo ƒe nuwɔna wɔe be afɔku le afi ma nɔnɔ me.

Mí ŋutsuvi ene ye wodzi, eye nyee nye evelia. Dzinyelawo na wode mawutsi ta nam le Katoliko-haa me, eye emegbe la, mezu ha la ƒe hadziha me tɔ. Medi be madze Mawu ŋu le esi mevɔ̃na vevie be adrɔ̃ ʋɔnum ahatsɔm ade dzo mavɔ me be manɔ fu kpem tegbee ta.

Esi mexɔ ƒe atɔ̃ la, fofonye gblẽ mí ɖi. Esia na melé blanui vevie eye mese le ɖokuinye me be nane bu nam. Míelɔ̃ mía fofo ŋutɔ, eya ta nyemete ŋu se nu si tae wògblẽ mí ɖi la gɔme o. Eva hiã be mía dada nayi aɖawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe be wòate ŋu akpɔ mí ŋutsuvi eneawo dzi.

Esi mía dada menɔa aƒe me o ta la, ɣeaɖewoɣi la, nyemeyia suku o, ke metsia kpɔdome ale be maɖabɔ ha kple ɖevi bubuwo. Wofia nya ƒaƒãwo gbɔgblɔm, eye wofia sigaretnono, fififi kple kɔdadam. Esi medina be makpe ame sia ame dzi ta la, mesrɔ̃ kɔdada si woyɔna be boxing, kametete, karat, lãnuwo zazã kple tudada. Meva zu ɖekakpui ŋutasẽnuwɔla. Zi geɖe la, mekpɔa gome le dzre siwo me tudada yia edzi le la me, eye edzɔ enuenu be mexɔ abi eye ʋu gba blem meku ƒenyi le kpɔdomee. Aleke gbegbe esia doa nuxaxa na nɔnyee nye esi ne eva kpɔm le nɔnɔme ma me eye wòle be wòakɔm kpatakpata ayi kɔdzi!

Esi mexɔ ƒe 16 la, Jorge, si mía kplii míenye xɔlɔ̃wo le ɖevime la va srã mí kpɔ le aƒe me. Egblɔ na mí be Yehowa Ðasefoe yenye eye yedi be yeagblɔ gbedeasi vevi aɖe na mí. Eƒo nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu, eye wòzã Biblia tsɔ ɖe wo me. Ɣemaɣi la, nyemexlẽ Biblia kpɔ o, eye dzi dzɔm ŋutɔ be meva nya Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖowo. Jorge gblɔ be yedi be yeava nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí, eye míelɔ̃.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Esi meva nyae be nufiafia si nye be Mawu wɔa fu amewo le dzo mavɔ me la menye Biblia ƒe nufiafia o la, nye dzi dze eme ŋutɔ. (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5) Esi gɔmesese sia nya su asinye ko la, ŋɔdzi megaléam le Mawu ŋu abe tsã ene o. Ke boŋ mekpɔnɛ be enye Fofo lɔ̃ame si di be eme nanyo na viawo.

Esi meyi Biblia-sɔsrɔ̃a dzi la, meva kpɔe be ehiã be matrɔ nye nɔnɔme. Ehiã be masrɔ̃ ɖokuibɔbɔ eye madzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔ. Aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Korintotɔwo 15:33 la kpe ɖe ŋunye. Afi ma gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” Mekpɔe be, ne medi be matrɔ nye nɔnɔme la, ke ehiã be madzudzɔ hadede kple ame siwo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe dzinye. Eya ta metso kadodo kple xɔ̃nye tsãtɔawo eye medze xɔlɔ̃wo le nyateƒe Kristotɔwo ƒe hamea me—wonye ame siwo tsɔa Biblia ƒe mɔfiamewo kpɔa woƒe masɔmasɔwo gbɔ, ke menye to kɔdada kple ŋutasẽnuwɔwɔ me o.

Biblia me nya bubu si wɔ dɔ ɖe dzinye vevie ye nye esi dze le Romatɔwo 12:17-19. Afi ma gblɔ be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. . . . Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. . . . Migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, . . . elabena woŋlɔ ɖi be: ‘“Tɔnyee nye hlɔ̃biabia; nye la, maɖo eteƒe,” Yehowa ye gblɔe.’” Meva se egɔme be Yehowa ŋutɔ nya ale si wòaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Vivivi la, meva dzudzɔ adãwɔwɔ.

Nyemaŋlɔ nu si dzɔ gbe ɖeka fiẽ esi metrɔ yina aƒe me la be gbeɖe o. Ðekakpuiwo ƒe gbevuha aɖe si me tɔwo menyina kple gbevuha si me menɔ tsã o la va dze dzinye, eye woƒe ŋgɔnɔlaa tu kɔ dzime nam sesĩe hedo ɣli gblɔ be, “Ʋli ɖokuiwò ta!” Enumake medo gbe kpui aɖe ɖa na Yehowa hebiae be wòakpe ɖe ŋunye mado dzi le amedzidzedzea me. Togbɔ be edzrom vevie be matu nu kpli wo hã, mete ŋu ɖu ɖokuinye dzi hedzo le wo gbɔ. Le ŋufɔke la, meva do go woƒe ŋgɔnɔlaa ɖeɖe. Dzi kum, eye medi be maɖo eteƒe nɛ, gake megado gbe ɖa na Yehowa ake be wòakpe ɖe ŋunye maɖu ɖokuinye dzi. Ewɔ nuku nam be ɖekakpuia zɔ tẽe va gbɔnye hegblɔ nam be: “Meɖe kuku, tsɔ nu si mewɔ ɖe ŋuwò etsɔ zã me la kem. Nyateƒeae nye be, medi be manɔ abe wò ene. Medi be masrɔ̃ Biblia.” Aleke gbegbe dzi dzɔmee nye esi be mete ŋu ɖu nye dzikua dzi! Esia wɔe be eya hã dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme.

Nublanuitɔe la, nye ƒometɔ susɔeawo dzudzɔ Biblia-sɔsrɔ̃ ɣemaɣi. Ke hã, meɖoe kplikpaa be mayi nye Biblia-sɔsrɔ̃a dzi eye nyemaɖe mɔ ame aɖeke alo naneke naxe mɔ nam o. Menyae be hadede kple Mawu ƒe amewo edziedzi aɖe vevesese ɖa le dzi dzi nam eye ƒome si tɔgbi dim menɔ la asu asinye. Meyi nye nusɔsrɔ̃a dzi, eye le ƒe 1991 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Tsã la, nye dzi sea veve, medina be makpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi, eye mewɔa ŋutasẽnu hã. Gake Mawu ƒe Nyaa kpe ɖe ŋunye metrɔ keŋkeŋ. Fifia, metsɔa ŋutifafa gbedeasi si le Biblia me la yina na ame sia ame si alɔ̃ be yeasee. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye nam be metsɔ nya nyui gbɔgblɔdɔa wɔ nye agbemedɔe ƒe 23 ye nye esia.

Metsɔ ɖokuinye na faa kpe asi ɖe dɔ ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico hena ɣeyiɣi aɖe. Esi menɔ dɔ wɔm le afi ma la, medo go Kristotɔ ɖetugbui zazɛ̃ aɖe si ŋkɔe nye Claudia, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1999 me. Medaa akpe na Yehowa be wòyram mekpɔ kpeɖeŋutɔ wɔnuteƒe sia!

Nye kple srɔ̃nye míekpe asi ɖe Mexico Tokunɔgbedolawo ƒe hame aɖe ŋu henɔ kpekpem ɖe tokunɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Emegbe, míaƒe habɔbɔa bia tso mía si be míaʋu ayi Belize aɖafia Biblia amewo le dukɔ ma me. Togbɔ be nu geɖe mele mía si le afi sia o hã la, nu sia nu si míehiã be míakpɔ dzidzɔ la le mía si. Mímalɔ̃ gbeɖe be míaɖɔ li esia kple nu bubu aɖeke o.

Mlɔeba, nɔnye gava dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme heva xɔ nyɔnyrɔ. Fonye hã wɔe nenema ke, eye srɔ̃a kple wo viwo hã zu Yehowa Ðasefowo fifia. Ame siwo mede ha kplii tsã, siwo megblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na la dometɔ geɖe hã le Yehowa subɔm fifia.

Nublanuitɔe la, nye ƒometɔ aɖewo ya ku le esi womedzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔ o ta. Ne ɖe mekpɔtɔ nɔ agbe ma dzi la, anye ne nye hã meku abe woawo ke ene. Medaa akpe na Yehowa be ehem ɖe eɖokui kple esubɔla siwo tsɔ dzigbɔɖi kple dɔmenyonyo fiam be matsɔ Biblia ƒe mɔfiamewo awɔ dɔe le nye agbenɔnɔ me la ŋu.