Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye kple srɔ̃nye Tabitha, míele gbeƒã ɖem

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nye Ya, Mesusu Be Mawu Meli O

Nye Ya, Mesusu Be Mawu Meli O
  • ƑE SI ME WODZII: 1974

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: GERMAN DEMOCRATIC REPUBLIC

  • AME SI WÒNYE TSÃ: MAWUDZIMAXƆSELA

NYE ŊUTINYA

Dukɔ si woyɔna tsã be German Democratic Republic (GDR) ƒe kɔƒe si nye Saxony mee wodzim le. Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ nɔ míaƒe ƒomea me eye dzinyelawo fia agbe nyui nɔnɔm. Esi wònye Kɔmiunist dziɖuɖuae kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔa dzi ta la, ame akpa gãtɔ si le Saxony mekpɔe be mawusubɔsubɔ le vevie o. Nye ya mesusui be Mawu meli o. Nyemexɔ Mawu dzi se o eye Kɔmiunist dziɖuɖu si te míenɔ hã kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye tso ɖevime va se ɖe esime mexɔ ƒe 18.

Nu kae na Kɔmiunist dziɖuɖua dze ŋunye? Elabe woƒe susu si nye be ame sia ame sɔ la do dzidzɔ nam. Azɔ hã, mekpɔe be ele be woama nunɔamesiwo katã sɔsɔe, elabe esia awɔe be ame aɖewo manye gatɔ gãwo eye ame bubuwo nada ahe kolikoli o. Eya ta meva ƒo ɖokuinye ɖe Kɔmiunisttɔwo ƒe sɔhɛwo ƒe habɔbɔ aɖe me vĩi. Esi mexɔ ƒe 14 la, meva wɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe si trɔa asi le agbalẽ siwo ŋu dɔ wowɔ vɔ la ŋu tsɔ wɔa nu bubuwo be woagagblẽ nu le nutoa me ŋu o. Dumegã siwo le Aue kpɔ ŋudzedze ɖe nye dɔwo ŋu ale gbegbe be wode bubu ŋunye eye wona ɖaseɖigbalẽ kple nu bubuwom. Togbɔ be nyemetsi o hã, meva nya dukɔa ƒe dunyahelawo ƒe akameti aɖewo. Mesusui be menɔ nu nyuiwo yome tim, eye etsɔme nyui aɖe li nam.

Kasia nuwo va trɔ bubui nam. Le ƒe 1989 me la, Berlin Gli la mu eye Kɔmiunist dziɖuɖu siwo nɔ Ɣedzeƒe Europa la hã nu yi. Ðeko nuwo nɔ nyanyram ɖe edzi. Meva kpɔe be sigbeɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ bɔ ɖe dukɔa me. Le kpɔɖeŋu me, wobua ame siwo mede Kɔmiunist dziɖuɖua dzi o la be wonye ame gbɔlowo. Nu kae na nuwo yi nenema? Menye ɖe mí Kɔmiunisttɔwo míebui be amewo katã sɔ oa? Ke ameflunu koe Kɔmiunist dziɖuɖua nyea? Melé blanui.

Eya ta meva trɔ ɖe haƒoƒo kple nutata ŋu. Esi wònye mede kɔledzi si wofiaa haƒoƒo le kple susu be ɖewohĩ mava yi nusɔsrɔ̃a dzi le yunivɛsiti ta la, medi be mava zu haƒola kple nutala. Azɔ hã, meɖe asi le agbe nyui nɔnɔ si dzinyelawo fiam tso ɖevime la ŋu. Nu si va nɔ vevie nam ye nye be maɖu agbe, eye mewɔa nyɔnunya ŋutɔ. Gake haƒoƒo, nutata kple ɖokuisigbenɔnɔ mena nye susu dze akɔ anyi o. Nu siwo metana gɔ̃ hã nana vɔvɔ̃ ɖoa ame. Aleke etsɔme anɔ? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?

Esi mekpɔ ŋuɖoɖo na nye biabiawo mlɔeba la, ewɔ nuku nam ŋutɔ. Gbe ɖeka fiẽ menɔ sukuvi bubu aɖewo dome míenɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme la me dzrom. Sukuviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mandy * la nye Yehowa Ðasefo. Fiẽ ma la, egblɔ nu si wòle be mawɔ la nam. Egblɔ be: “Andreas, ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia siwo ku ɖe nu si ta míele agbe kple nu si ava dzɔ le etsɔme ŋu la, ekema xlẽ Biblia.”

Meke ɖi nyaa, gake medi hã be mate Biblia xexlẽ akpɔ. Eya ta mexlẽe. Mandy gblɔ nam be maxlẽ Daniel ta 2, eye nu si mexlẽ le afi ma na nye nu ku. Nyagblɔɖi sia ƒo nu tso xexea me dziɖuɖu siwo ava ɖe wo nɔewo yome, eye woakpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi va se ɖe míaƒe ŋkekea me la ŋu. Mandy tsɔ Biblia me nyagblɔɖi bubu siwo ku ɖe etsɔme ŋu la fiam. Mlɔeba meva nɔ ŋuɖoɖo kpɔm na nye biabiawo! Gake ame kae ŋlɔ nyagblɔɖi mawo, eye ame kae ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòade pɛpɛpɛ? Ðe wòanye be Mawu li nyateƒea?

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

Mandy gblɔ na Horst kple Angelika siwo nye Ðasefo atsu kple asi aɖe be woava kpe ɖe ŋunye mase Mawu ƒe Nyaa gɔme nyuie wu. Eteƒe medidi o meva kpɔe be Yehowa Ðasefowo koe nye habɔbɔ si zãa Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa edziedzi, eye wofiaa amewo hã be woawɔe nenema. (Psalmo 83:18; Mateo 6:9) Meva srɔ̃e be Yehowa Mawu di be amewo nanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. Psalmo 37:9 gblɔ be: “Ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa lae anyi anyigba la dome.” Edzɔ dzi nam be mɔnukpɔkpɔ sia ʋu ɖi na ame sia ame si anɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔfiame si le Biblia me la nu.

Ke hã, avu kple kɔe wònye nam be matrɔ nye agbenɔnɔ wòawɔ ɖeka kple Biblia. Esi menye haƒola kple nutala bibi ta la, dada va ge ɖe menye, eya ta nu gbãtɔ si wòle be masrɔ̃e nye ɖokuibɔbɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, menɔ bɔbɔe nam be maɖe asi le agbe manyomanyo nɔnɔ ŋu o. Medaa akpe na Yehowa be egbɔa dzi ɖi, kpɔa nublanui eye wòsea nu gɔme na ame siwo le agbagba dzem be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi.

Kɔmiunisttɔnyenye kple mawudzimaxɔse ye kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye tso ɖevime va se ɖe esime mexɔ ƒe 18; gake tso ɣemaɣi va se ɖe fifia la, Bibliae le nye agbenɔnɔ trɔm. Nu siwo mesrɔ̃ la ɖe ale si metsi dzi ɖe etsɔme ŋu la ɖa, eye wòna viɖe va le nye agbe ŋu. Le ƒe 1993 me la, wonyrɔm ɖe tsi me mezu Yehowa Ðasefo, eye le ƒe 2000 me la, meɖe Tabitha, si nye haxɔsetɔ dovevienu aɖe. Míezãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia. Kɔmiunist dziɖuɖua kple mawudzimaxɔse ye kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe siwo míedoa goe la dzi abe ale si wònɔ nam tsã ene. Ne mekpe ɖe wo ŋu wova dze si Yehowa la, nye dzi dzea eme.

VIÐE SIWO MEKPƆ

Esi mete hadede kple Yehowa Ðasefowo la, dzinyelawo vɔ̃ ŋutɔ. Gake tso ɣemaɣi la, wova kpɔ ale si hadede kple Ðasefowo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe nye agbe dzii. Edo dzidzɔ nam be fifia woxlẽa Biblia eye wodea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo.

Nye kple Tabitha míele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ, elabe míedzea agbagba wɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na srɔ̃tɔwo la dzi. Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋu si Biblia ɖo be srɔ̃tɔwo nawɔ nuteƒe na wo nɔewo dzi wɔwɔ na be míaƒe srɔ̃ɖeɖea li ke.—Hebritɔwo 13:4.

Agbea megaɖia vɔvɔ̃ nam o, eye nyemegatsia dzi ɖe etsɔme ŋu o. Mekpɔe be meva le xexea me katã ƒe haxɔsetɔwo ƒe ƒome aɖe si me ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vavãtɔ le la me. Le ƒome sia me la, míewɔa nu ɖe ame sia ame ŋu sɔsɔe, míekpɔa ame ŋkume o. Aleae mesusu be nuwo nanɔ tso nye ɖevime ke, eye nu siae va eme nam hã.

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔa.