Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Syriac Peshitta Biblia La—Ekpe Ðe Mía Ŋu Míenya Ale Si Biblia Gɔmeɖeɖe Gbãtɔawo Nɔ

Syriac Peshitta Biblia La—Ekpe Ðe Mía Ŋu Míenya Ale Si Biblia Gɔmeɖeɖe Gbãtɔawo Nɔ

Le ƒe 1892 me la, venɔvi eve siwo ŋkɔwoe nye Agnes Smith Lewis kple Margaret Dunlop Gibson wodo kposɔ zɔ mɔ ŋkeke asieke sɔŋ to gbedadaƒo yi ɖe St. Catherine Saɖeagaxɔ si le Sinai-toa gbɔ la me. Nu ka tae nyɔnu eve siawo siwo le woƒe ƒe 40-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la zɔ mɔ sia le ɣeyiɣi si me mɔzɔzɔ le Ɣedzeƒe nuto mawo me nye afɔku? Ŋuɖoɖoa ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse nàka ɖe edzi bliboe be Biblia me nyawo nye nyateƒe.

Agnes Smith Lewis kple St. Catherine saɖeagaxɔ la

HAFI Yesu natrɔ ayi dziƒo la, ede se na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖi ɖase tso ye ŋu “le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Nusrɔ̃lawo tsɔ dzideƒo wɔ dɔ sia dzonɔamemetɔe. Gake eteƒe medidi o, wotsi tsitre ɖe wo ŋu vevie le Yerusalem, si na be wowu Stefano le eƒe xɔse ta. Ɣemaɣi la, Yesu ƒe nusrɔ̃la geɖe si yi Antioxia, si le Siria, si nye Roma Fiaɖuƒea ƒe du gãtɔwo dometɔ ɖeka, si le Yerusalem ƒe dziehe abe kilometa 550 ene.Dɔwɔwɔwo 11:19.

Esime nusrɔ̃lawo nɔ Antioxia la, wokpɔtɔ nɔ gbeƒã ɖem “nya nyui la” tso Yesu ŋu, eye ame geɖe siwo menye Yudatɔwo o la va xɔ edzi se. (Dɔwɔwɔwo 11:20, 21) Togbɔ be Helagbe ye wodona le Antioxia dugãa me hã la, Syriac (alo Siriak-gbe) ye ame geɖe dona le dua godo kple kɔƒenuto siwo ƒo xlãe la me.

WOÐE NYA NYUI LA GƆME ÐE SIRIAK-GBE ME

Esi Siriak-gbedola geɖe va zu Kristotɔwo le ƒe alafa evelia me ta la, eva hiã be woaɖe nya nyui la gɔme ɖe wo degbe me. Eya ta edze ƒãa be Siriak-gbe mee woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gɔme ɖo zi gbãtɔ, ke menye Latingbe me o.

Kaka ƒe 170 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) naɖo la, Siriatɔ agbalẽŋlɔla Tatian, si nɔ anyi le ƒe 120 va ɖo ƒe 173 K.Ŋ. lɔƒo la, ƒo Nyanyuigbalẽ ene siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, siwo le Helagbe alo  Siriak-gbe me la nu ƒu wozu agbalẽ ɖeka, eye wòna ŋkɔe be Diatessaron, si nye Helagbe me nya si gɔmee nye “Tso Nyanyuigbalẽ eneawo me.” Emegbe Siriatɔ Ephraem, si nɔ anyi le ƒe 310 va ɖo ƒe 373 K.Ŋ. lɔƒo la ta agbalẽ aɖe si dzro Diatessaron la me; esia ɖee fia be agbalẽ sia bɔ ɖe Siriatɔ Kristotɔwo dome.

Nu ka tae agbalẽ si nye Diatessaron la le vevie ŋutɔ na mí egbea? Le ƒe alafa 19 lia me la, agbalẽnyala aɖewo ʋli nya be ƒe alafa evelia ƒe domedome, si nye ƒe 130 va ɖo ƒe 170 K.Ŋ., mee woŋlɔ Nyanyuigbalẽ eneawo, eya ta nuŋlɔɖi mawo mate ŋu anye Yesu ƒe agbemeŋutinya siwo de pɛpɛpɛ o. Ke hã, Diatessaron la ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu wova ke ɖo le ƒe siawo me la ɖo kpe edzi be kaka ƒe alafa evelia ƒe domedome naɖo la, ame geɖe nɔ Nyanyuigbalẽawo, siwo nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes, zãm xoxo. Esia fia be woŋlɔ wo xoxoxo do ŋgɔ na ɣemaɣi. Gakpe ɖe eŋu la, esi wònye be esime Tatian nɔ Diatessaron gbalẽa nu ƒom ƒu la mezã nya nyui gbalẽ siwo woyɔna be apokrifa la abe ale si wòzã Nyanyuigbalẽ ene siwo dzi woda asi ɖo la ene o ta la, esia ɖo kpe edzi be womebua apokrifa nyanyuigbalẽawo be kakaɖedzi le wo ŋu alo be wodze anɔ Biblia-gbalẽwo dome o.

Syriac Peshtitta me Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo, ƒe 464 K.Ŋ.; Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ evelia si me woŋlɔ ƒe ɖo

Kaka ƒe alafa atɔ̃lia ƒe gɔmedzedze naɖo la, ame geɖe va nɔ Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si le Siriak-gbe me la zãm le Mesopotamia ƒe dziehe. Anɔ eme be ƒe alafa evelia alo etɔ̃lia Kristotɔwo Ŋɔli mee woɖe gɔmeɖeɖe sia ɖe go, ke hã Biblia-gbalẽawo katã le eme negbe 2 Petro, 2 Yohanes kple 3 Yohanes, Yuda kpakple Nyaɖeɖefia koe mele eme o. Wona ŋkɔe be Peshitta, si gɔmee nye “Egɔme Nya Se” alo “Eme Kɔ.” Peshitta Biblia la nye nuŋlɔɖi xoxotɔ kple kpeɖodzi vevitɔ si kpe ɖe mía ŋu míenya ale si woɖe Biblia me nuŋlɔɖiwo gɔme le blema.

Dzidzɔtɔe la, wova ke ɖe Peshitta Biblia la ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe si dzi woŋlɔ ƒe si nye 459/460 K.Ŋ. ɖo la ŋu, si ɖee fia be eyae nye Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si dzi woŋlɔ ƒe si me woŋlɔe le la ɖo. Le ƒe 508 K.Ŋ. me lɔƒo la, wogbugbɔ to Peshitta la me, eye wotsɔ Biblia-gbalẽ atɔ̃ siwo menɔ eme tsã o la kpee azɔ. Wona ŋkɔe be Philoxenian Version.

WOKE ÐE SIRIAK-GBE ME BLEMASINUŊƆŊLƆGBALẼ BUBUWO ŊU

Va se ɖe ƒe alafa 19 lia me la, Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo le Helagbe me, siwo ŋu woke ɖo, la katã kloe nye esiwo woŋlɔ le ƒe alafa atɔ̃lia me alo emegbe kura. Le susu sia ta, Biblia ŋuti nunyalawo dea asixɔxɔ Biblia gɔmeɖeɖe xoxotɔ siwo nye Latin Vulgate kple Syriac Peshitta la ŋu ŋutɔ. Ɣemaɣi la, ame aɖewo xɔe se be Siriak-gbe me Biblia la ƒe gɔmeɖeɖe xoxotɔ aɖee wotsɔ ɖe Peshitta la gɔme. Gake womeke ɖe nuŋlɔɖi aɖeke ŋu nenema o. Ke hã esi wònye be keke ƒe alafa evelia me kee woɖe Siriak-gbe me Biblia la gɔme ta la, gɔmeɖeɖe ma tɔgbi akpe ɖe mía ŋu míanya ale si tututu Biblia me nuŋlɔɖiwo nɔ le gɔmedzedzea me, eye Biblia ŋuti nunyalawo ade asixɔxɔ eŋu ŋutɔ! Ðe Siriak-gbe me Biblia gɔmeɖeɖe xoxotɔ aɖe li vavã? Ðe woava ke ɖe eŋu gbe ɖeka?

Palimpsɛt-gbalẽ si woyɔ be Sinaitic Syriac. Nyanyuigbalẽawo me nyawo le dzedzem le eƒe axadzi

Ɛ̃, eli eye woke ɖe eŋu hã! Le nyateƒe me la, woke ɖe Siriak-gbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ sia ƒomevi eve ŋu. Gbãtɔa ye nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa atɔ̃lia me. Enɔ Siriak-gbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbogbo siwo woxɔ tso Nitrian Desert saɖeagaxɔ si le Egypt, le ƒe 1842 me va da ɖe British Museum la dome. Wona ŋkɔe be Curetonian Syriac, le esi wònye be British Museum la dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, William Cureton, ye ke ɖe eŋu hetae ɖe agbalẽ me ta. Ðoɖo si nu woɖo Nyanyuigbalẽ eneawo ɖo le agbalẽ vevi sia mee nye Mateo, Marko, Yohanes kple Luka.

Asinuŋɔŋlɔgbalẽ evelia si kpɔtɔ li va se ɖe egbea, si ŋu woke ɖo ye nye Sinaitic Syriac. Venɔvi eve siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la ƒe mɔzɔzɔa mee woke ɖe eŋu le. Togbɔ be Agnes mexɔ yunivɛsitiɖaseɖigbalẽ o hã la, esrɔ̃ dutagbe enyi, eye wo dometɔ ɖekae nye Siriak-gbe. Le ƒe 1892 me la, Agnes ke ɖe nu xɔasi aɖe ŋu le St. Catherine saɖeagaxɔ si le Egypt la me.

Eke ɖe Siriak-gbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe ŋu le nudzraɖoƒexɔ sue aɖe si me do viviti la me le afi ma. Le  eya ŋutɔ ƒe nya nu la, “agbalẽa do xoxo, elabena ʋuʋudedi lée, eye eƒe axawo katã kloe lé ɖe wo nɔewo ŋu le esi womegaʋui kpɔ o” hena ƒe alafa geɖe ta. Enye asinuŋɔŋlɔ si le palimpsɛt * dzi, elabena enye agbalẽ si ƒe nuŋɔŋlɔ gbãtɔa wotutu ɖa eye wogbugbɔ ŋlɔ nyɔnu kɔkɔewo ƒe ŋutinya ɖe edzi le Siriak-gbe me. Ke hã Agnes te ŋu kpɔ nuŋɔŋlɔ gbãtɔ si wotutu ɖa hafi gbugbɔŋlɔ evelia la dzesii eye wòkpɔe be woŋlɔ ɖe axaawo tame be ‘Mateo ƒe agbalẽ,’ ‘Marko ƒe agbalẽ,’ kple ‘Luka ƒe agbalẽ.’ Sigbeɖe, Nyanyuigbalẽ eneawo ƒe nuŋlɔɖi bliboa ƒe Siriak-gbe me blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa ye nye ema ŋu wòke ɖo! Agbalẽnyalawo xɔe se fifia be ƒe alafa enelia ƒe nuwuwue woŋlɔ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ sia.

Agbalẽnyalawo bua Sinaitic Syriac la be enye Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevitɔ siwo ŋu woke ɖo la dometɔ ɖeka, abe Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo nye Codex Sinaiticus kple Codex Vaticanus ene. Ame geɖe xɔe se fifia be Siriak-gbe me Nyanyuigbalẽ xoxotɔ, si nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ si woŋlɔ le ƒe alafa evelia ƒe nuwuwu alo etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze la dzie wokpɔ ŋlɔ Curetonian kple Sinaitic asinuŋɔŋlɔgbalẽawo.

“MÍA MAWU ƑE NYA ANƆ ANYI TEGBEE”

Ðe asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo ate ŋu aɖe vi na Biblia nusrɔ̃viwo egbea? Aɖe vi na wo godoo! Le kpɔɖeŋu me, bu nya si amewo gblɔna be enye Marko ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe nyataƒonya legbeetɔ, si va ɖe Marko 16:8 yome le Biblia aɖewo me la ŋu kpɔ. Nya sia dze le agbalẽ si nye Greek Codex Alexandrinus si woŋlɔ le ƒe alafa atɔ̃lia me, Latin Vulgate la, kple bubuwo me. Ke hã ƒe alafa enelia me asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevitɔ eve siwo nye Codex Sinaiticus kple Codex Vaticanus la siaa ƒe nuŋlɔɖiawo wu enu ɖe Marko 16:8 dzi. Eye nyataƒonya legbeetɔ mele Sinaitic Syriac asinuŋɔŋlɔgbalẽa hã me o; esia ganye kpeɖodzi bubu be ɖe wova tsɔ nyataƒonya legbeetɔ kpe ɖe ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu eye womenɔ Marko ƒe Nyanyuigbalẽa me le gɔmedzedzea me o.

Gabu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Le ƒe alafa 19 lia me la, Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo ƒe susu totro aɖe dze le 1 Yohanes 5:7 le Biblia gɔmeɖeɖewo katã kloe me. Ke hã nya siawo medze le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me o. Eye medze le Peshitta la hã me o, eya ta esia ɖo kpe edzi be nya si wotsɔ kpe ɖe Biblia me nyawo ŋu, si dze le 1 Yohanes 5:7, la nye aʋatsonufiafia vavã.

Eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu kpɔ eƒe Nya Kɔkɔe la ta abe ale si wòdo ŋugbee ene. Egblɔ kakaɖedzinya sia na mí le eme be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.” (Yesaya 40:8; 1 Petro 1:25) Togbɔ be akpa si Biblia gɔmeɖeɖe si ŋkɔe nye Peshitta wɔ la adze nu tsɛ hã la, ale si wòna woɖe gbedeasi si le Biblia me na amegbetɔƒomea la gɔme wòde pɛpɛpɛ la ɖe dzesi ŋutɔ.

^ mm. 15 Helagbe me nya pa·lim’pse·stos gɔmee nye “nu si wogatutu ake.”