Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fukpekpe—Tohehee Wònye Tso Mawu Gbɔa?

Fukpekpe—Tohehee Wònye Tso Mawu Gbɔa?

LUZIA TƆNA ÐE EƑE MIAFƆ DZI. Esi wònye ɖevi la, elé ɖeviwo ƒe tutudɔ, si nye dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi aɖe si gblẽa nu le ame ƒe lãmekawo ŋu. Esi Luzia xɔ ƒe 16 la, nyɔnu aɖe si wòwɔa dɔ na la gblɔ nɛ be, “Mawue tsɔ tutudɔ sia le to hem na wò elabe èdze aglã ɖe nɔwò ŋu eye mèɖoa toe o.” Ƒe gbogbo aɖewo va yi gake Luzia gaɖoa ŋku ale si wòse le eɖokui me la dzi kokoko.

ESI DAMARIS VA NYA BE AHƆHƆ̃MEKANSA LE YE ŊU LA, tɔa biae be: “Agɔ kae nèdze si na be nu sia dzɔ ɖe dziwò? Ànya wɔ nu gbegblẽ aɖe. Eya tae Mawu le to hem na wò.” Tɔa ƒe nya mawo te ɖe Damaris dzi vevie.

Amewo xɔe se tso blema ke be Mawu tsɔa dɔlélewo hea to na amewo. Agbalẽ aɖe (Manners and Customs of Bible Lands) gblɔ be ame geɖe siwo nɔ anyi le Kristo ŋɔli xɔe se be “ɖewohĩ nu vɔ̃ aɖe si ame alo eƒe ƒometɔ aɖe wɔ gbɔe eƒe dɔléle tso eye wònye tohehe.” Ƒe alafa gbogbo aɖewo le Kristo ƒe dzodzo le anyigba dzi megbe la, Agbalẽ aɖe (Medieval Medicine and the Plague) gblɔ be: “Ame aɖewo bui be Mawu tsɔ dɔlélewo nɔ to hem na yewo ɖe yewoƒe nu vɔ̃wo ta.” Eya ta esi dɔvɔ̃ aɖe na ame gbogbo aɖewo ku le ƒe alafa 14 lia me le Europa la, ɖe míagblɔ be Mawue nɔ ʋɔnu drɔ̃m ame vɔ̃ɖiwoa? Alo ɖe wòanye be dɔlékuiwo gbɔe wòtso abe ale si ɖɔktawo ƒe numekukuwo ɖee fia enea? Ame aɖewo abia be, ɖe Mawu toa dɔlélewo dzi nana amewo kpea fu ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta? *

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Ne Mawue tsɔ dɔléle kple fukpekpe le to hem na amewo la, ke nu ka tae Yesu da dɔ na ame siwo nɔ dɔ lém? Ðe ema mafia be mebu Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe ɖeke me oa? (Mateo 4:23, 24) Yesu mawɔ nu atsi tsitre ɖe Mawu ŋu gbeɖe o. Egblɔ be: “Mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi” eye “mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.”—Yohanes 8:29; 14:31.

Biblia gblɔe eme kɔ be: Yehowa Mawu “mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o.” (5 Mose 32:4) Le kpɔɖeŋu me, menye Mawue nana yameʋuwo dzea afɔku si nana ame alafa gbogbo siwo medze agɔ aɖeke o la kuna le esi wòdi be yeahe to na ame aɖe si le yameʋua me la ta o! Abraham si nye mawusubɔla wɔnuteƒe gblɔ ku ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu be: Mawu ‘matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o.’ Egblɔ be ‘mawɔ nu ma’ o. (1 Mose 18:23, 25) Biblia gblɔ hã be “Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o;” mewɔa “nu gbegblẽ gbeɖe o!”—Hiob 34:10-12.

NU SI BIBLIA FIA MÍ TSO FUKPEKPE ŊU

Ne míele fu kpem la, mefia be Mawue le to hem na mí ɖe nu vɔ̃ aɖe ta o. Yesu ŋutɔ na nya sia me kɔ esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔ. “Eƒe nusrɔ̃lawo biae be: ‘Rabi, ame kae wɔ nu vɔ̃ be wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe, eya ŋutɔe loo alo edzilawo yea?’ Yesu ɖo eŋu be: ‘Menye ame sia alo edzilawoe wɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ be woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo afia to edzi tae.’”—Yohanes 9:1-3.

Esi susu totro sia bɔ ɣemaɣi ta la, ewɔ nuku na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be wògblɔ be menye ŋutsua alo edzilawoe wɔ nu vɔ̃ si he nɔnɔme wɔnublanui ma va edzi o. Menye ɖeko Yesu da dɔ na ŋkuagbãtɔa o, ke eto esia dzi ɖee fia be menye Mawue tsɔa nɔnɔme mawo hea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o. (Yohanes 9:6, 7) Egbea ne ame siwo dze dɔ vevie va nya be menye Mawue na yewole fu kpem o la, esia ana woƒe dzi nadze eme.

Ne Mawue tsɔ dɔléle le to hem na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo taa, ke nu ka tae Yesu da dɔ na wo?

Biblia ka ɖe edzi na mí be

  • “Womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o.” (YAKOBO 1:13) Nyateƒee, ‘nu vɔ̃ɖi’ siwo nye dɔléle, vevesese kple ku, siwo ɖe kpe na amegbetɔwo ƒe alafa gbogbowo la, nu ava yi.

  • Yesu Kristo ‘da gbe le ame siwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋu.’ (MATEO 8:16) Esi Mawu ƒe Vi la da dɔ na ame siwo katã va egbɔ la, eɖe nu si Mawu Fiaɖuƒea awɔ le xexea me katã la fia.

  • “[Mawu] atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—NYAÐEÐEFIA 21:3-5.

KE AME KAE NANA MÍEKPEA FU?

Nu ka tae amegbetɔwo sea veve helĩhelĩ eye wokpea fu? Amewo biaa nya sia tso gbe aɖe gbe ke. Ne menye Mawue nana míekpea fu o la, ke ame ka gbɔe wòtso? Woaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 4 Togbɔ be ɣeaɖewoɣi le blema, Mawu tsɔ dɔléle he to na amewo ɖe nu vɔ̃ aɖe koŋ si wowɔ ta hã la, Biblia megblɔ be Yehowa gatsɔa nuwo abe dɔlélewo alo afɔkuwo ene hea to na amewo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta fifia o.