Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dɔvɔ̃wo Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dɔvɔ̃wo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia gblɔe ɖi be dɔvɔ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me. (Luka 21:11) Gake menye Mawue tsɔ dɔvɔ̃ siawo le to hem na mí o. Nyateƒeae nye be Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe dɔlélewo kple dɔvɔ̃wo ɖa.

 Ðe Biblia gblɔ dɔvɔ̃wo ŋu nya ɖia?

 Biblia meyɔ dɔvɔ̃wo abe corana dɔvɔ̃a, AIDS kple Spaniatɔwɔ ƒe dzamezã ene ŋkɔ tẽe be woado o. Gake egblɔe ɖi be “dɔvɔ̃wo” kple “dɔvɔ̃ wuame” ava. (Luka 21:11; Nyaɖeɖefia 6:8) Wonye “ŋkeke mamlɛawo,” si woyɔ hã be “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la ƒe dzesi ƒe akpa aɖewo.—2 Timoteo 3:1; Mateo 24:3.

 Ðe Mawu tsɔ dɔlélewo he to na amewo kpɔa?

 Biblia ƒo nu tso ame ɖeka eve aɖewo siwo Mawu tsɔ dɔléle he to na la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ena anyidɔ ƒo ɖe ame aɖewo ŋu. (4 Mose 12:1-16; 2 Fiawo 5:20-27; 2 Kronika 26:16-21) Ke hã, menye ame hahoowo dzie dɔléle siawo va o, ke boŋ ame ɖekaɖeka aɖewo siwo dze aglã ɖe Mawu ŋu hegbe toɖoɖoe la dzi koe wo va.

 Mawue tsɔ dɔvɔ̃ siwo dona egbea hea to na amewoa?

 Ao. Ame aɖewo gblɔna be Mawu tsɔa dɔvɔ̃wo kple dɔlélewo hea to na amewo egbea. Ke hã, Biblia ɖee fia be esia menye nyateƒe o. Nu ka tae?

 Susu ɖekae nye be mawusubɔla aɖewo siwo nɔ anyi va yi kple esiwo li egbea siaa kpea fu le dɔléle si me. Le kpɔɖeŋu me, “lãmegbegblẽ” ɖe fu na nuteƒewɔla Timoteo “enuenu.” (1 Timoteo 5:23) Gake Biblia megblɔ be esi Timoteo ƒe nu medze Mawu ŋu o tae esia dzɔ ɖe edzi o. Nenema kee mawusubɔla wɔnuteƒe siwo li egbea dzea dɔ alo xɔa dɔléle aɖewo. Gake dɔ koe wònye wodze, menye Mawu gbɔe wòtso o.—Nyagblɔla 9:11.

 Susu bubue nye be Biblia megblɔ be ɣeyiɣi si Mawu ahe to na ame vɔ̃ɖiwo la ɖo o. Ke boŋ míele ɣeyiɣi si woyɔ be “amenuveɣi” la me. Enye ɣeyiɣi si Mawu le amewo katã kpem be woate ɖe ye ŋu anya ye ne woakpɔ ɖeɖe. (2 Korintotɔwo 6:2) Mɔ ɖeka si dzi wòto le esia wɔm ye nye ale si wòna wole gbeƒã ɖem ‘Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia’ na amewo katã le xexea me godoo.—Mateo 24:14.

 Ðe dɔvɔ̃wo nu ayi gbe ɖeka?

 Ɛ̃. Biblia gblɔe ɖi be eteƒe madidi o, ame aɖeke magalé dɔ o. Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe dɔlélewo katã ɖa. (Yesaya 33:24; 35:5, 6) Mawu aɖe fukpekpe, vevesese kple ku hã ɖa. (Nyaɖeɖefia 21:4) Eye agbɔ agbe ame siwo ku la ɖe tsitre woava nɔ lãmesẽ nyui me eye woase vivi na agbea le anyigba si dzi fukpekpe aɖeke manɔ o.—Psalmo 37:29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

 Mawunyakpukpui siwo ku ɖe dɔléle ŋu

 Mateo 4:23: “[Yesu yi] ɖatsa le Galilea blibo la le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi dam le dukɔ la me.”

 Nu si wòfia: Nukunu siwo Yesu va wɔ le anyigba dzi ɖe nu siwo Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ la fia.

 Luka 21:11: “Dɔvɔ̃wo ava.”

 Nu si wòfia: Dɔvɔ̃wo kple dɔlélewo nye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesia ƒe akpa aɖe.

 Nyaɖeɖefia 6:8: ‘Eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ aɖe si fu kpii, eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la ŋkɔe nye Ku. Eye Tsiẽƒe le eyome tututu. Eye wona ŋusẽ wo ɖe be woatsɔ dɔvɔ̃ wuame awu amewo.’

 Nu si wòfia: Nyagblɔɖi si ku ɖe sɔdola eneawo ŋu, si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ɖee fia be dɔvɔ̃wo ado le míaƒe ɣeyiɣia me.