Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Fukpekpe

Fukpekpe

Ame aɖewo susunɛ be Mawu gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso alo be ne menye eya gbɔe wotso o hã la, metsɔa ɖeke le amewo ƒe fukpekpewo me o. Gake nu siae Biblia fia? Ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.

Mawue nana míekpea fua?

“Nyateƒee, Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o.”​Hiob 34:12.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo gblɔna be nu sia nu si dzɔna la nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Woxɔe se ko be Mawue nana míekpea fu. Le kpɔɖeŋu me, ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ la, wosusunɛ be Mawue le nu siawo zãm be yeatsɔ ahe to na nu vɔ̃ wɔlawo.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia fia nu eme kɔ be menye Mawue nana míekpea fu o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, anye vodada be wòagblɔ be, ‘Mawue le ye tem kpɔ.’ Nu ka tae? Elabena “womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.” (Yakobo 1:13) Ne míagblɔe bubui la, menye Mawu gbɔe tetekpɔwo alo míaƒe fukpekpewo tsona kura o. Ne eya gbɔe wòtsona la, ke evɔ̃ɖi ŋutɔ, gake “Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o.”​—Hiob 34:12.

Ne menye Mawu gbɔe míaƒe fukpekpewo tsona o ɖe, ke afi kae wotsona? Nublanuitɔe la, amegbetɔ nu vɔ̃ mewoe nana wo haviwo kpea fu. (Nyagblɔla 8:9) Gakpe ɖe eŋu la, “nuɖiɖeame” ate ŋu ana vɔ̃ nadzɔ ɖe ame dzi le vo me. (Nyagblɔla 9:11) Biblia fiaa nu be Satana Abosam, si nye “xexe sia dzi ɖula” koŋ gbɔe míaƒe fukpekpewo tsona elabena “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (Yohanes 12:31; 1 Yohanes 5:19) Satanae nana míekpea fu ke menye Mawu o.

Ðe Mawu tsɔa ɖe le míaƒe fukpekpewo mea?

“Ekpe fu kpli wo le woƒe fukpekpewo me.”​Yesaya 63:9, Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo susui be Mawu metsɔ ɖeke le míaƒe fukpekpewo me o. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽŋlɔla aɖe ƒo nu tso nu si eya ŋutɔ yɔ be Mawu ƒe “amenumavemave kple nublanuimakpɔmakpɔ le míaƒe fukpekpewo me” ŋu. Agbalẽŋlɔla sia gblɔ be ne Mawu li nyateƒe la, ke “mekpɔa nublanui alo tsɔa ɖeke le eme” na amegbetɔwo o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia megblɔ kura be Mawu nye nublanuimakpɔla kple ame si metsɔa ɖeke le eme na mí o, ke boŋ efia nu be etena ɖe edzi vevie ne míele fu kpem eye be ava ɖe fukpekpewo katã ɖa kpuie. Bu nyateƒenya fakɔname etɔ̃ siwo le Biblia me la ŋu kpɔ.

Mawu nya fu siwo kpem míele. Tso amegbetɔwo ƒe fukpekpewo ƒe gɔmedzedze ke la, Yehowa, * ame si ƒe “aɖabawo” kpɔa nu sia nu la ƒe ŋku le aɖatsiwo katã ŋu. (Psalmo 11:4; 56:9) Le kpɔɖeŋu me, esi wonɔ Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema tem ɖe anyi la, egblɔ be: “Mekpɔ ale si wole nye dukɔ tem ɖe anyi.” Gake ɖeko wònɔ woƒe teteɖeanyiwo teƒe kpɔm dzro koa? Kpao, elabena egblɔ be: “Menya woƒe fukpekpewo.” (2 Mose 3:7) Enyanya be Mawu nya míaƒe fukpekpewo katã kple tetekpɔ siwo me tom míele siwo ŋu ame aɖeke menya nu tsoe o la ɖeɖe dzaa faa akɔ na ame geɖewo.​—Psalmo 31:8; Lododowo 14:10.

Etena ɖe Mawu dzi ne míele fu kpem. Menye ɖeko Mawu nya amegbetɔwo ƒe fukpekpewo o, ke etena ɖe edzi vevie hã. Le kpɔɖeŋu me, ete ɖe Mawu dzi vevie esime esubɔla siwo nɔ anyi le blema la nɔ fu kpem. Biblia gblɔ be: “Ekpe fu kpli wo le woƒe fukpekpewo me.” (Yesaya 63:9, Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Togbɔ be Mawu kɔ boo wu amegbetɔwo hã la, esea veve ɖe ame siwo le fu kpem la nu abe ɖe woƒe vevesesewo le dzi dzi ene. Le nyateƒe me la, “Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ sɔ gbɔ ŋutɔ, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yakobo 5:11) Gawu la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe míaƒe fukpekpewo nu.​—Filipitɔwo 4:12, 13.

Mawu aɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo katã ɖa. Biblia gblɔ be Mawu aɖe fu si kpem ame sia ame le la ɖa le anyigba dzi. Yehowa ato eƒe Dziƒofiaɖuƒea dzi atrɔ nɔnɔme siwo me tom amegbetɔwo le la wòanyo wu sãsãsã. Biblia gblɔ tso ɣeyiɣi ma ŋu be Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Ke ame siwo ku xoxo ya ɖe? Mawu afɔ wo ɖe tsitre woava nɔ anyigba si dzi fukpekpe maganɔ o la dzi. (Yohanes 5:28, 29) Ðe fu siwo kpem míele egbea agava susu me na mía? Ao, elabena Yehowa do ŋugbe be: “Womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.”​—Yesaya 65:17. *

^ mm. 13 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

^ mm. 15 Ne èdi be yeanya nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu hena ɣeyiɣi aɖe kple ale si wòava ɖee ɖa la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 kple 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.