Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Dzeɖoɖo Tso Asitelefon Dzi Amamaɖenuwo Ŋu Kple Viwò

Dzeɖoɖo Tso Asitelefon Dzi Amamaɖenuwo Ŋu Kple Viwò

KUXIA

Èse be sɔhɛ geɖewo ɖoa amamaɖenuwo ɖe wo nɔewo to asitelefon dzi. Àbia ɖokuiwò be ‘ɖe vinye ƒewuivi awɔ nu sia?’

Èdi be yeaɖo dze tso nya la ŋu kple viwòa, gake aleke nàdze egɔmee? Gbã la na míakpɔ nu si tae sɔhɛ aɖewo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna sia me kple nu si tae wòle be nàtsɔ ɖe le eme la ɖa. *

NU SI GBƆ WÒTSONA

  • Ƒewuivi aɖewo ɖoa amamaɖenuwo ɖe ame si ƒe nu dzɔ dzi na wo ale be yewoƒe nu nalé dzi nɛ.

  • Le go bubu me la, ŋutsuviwo ƒonɛ ɖe nyɔnuviwo nu be woanɔ amama aɖe foto aɖo ɖe yewo.

  • Ɣeaɖewoɣi la, ŋutsuvi aɖe ate ŋu aɖo nyɔnuvi aɖe ƒe foto si me wòle amama le ɖe exɔlɔ̃ gbogbo aɖewo be yeatsɔ ado dzidzɔ na wo alo atsɔ awɔ wɔɖenui le esi wo kplii dome gblẽ ta.

Aleke kee nyaa ɖale o, ne asitelefon nya le ƒewuivi aɖe si ko la, ate ŋu age ɖe afɔku geɖe me bɔbɔe. Agbalẽ si nye CyberSafe gblɔ be: “Nane ɖoɖo ɖa zi ɖeka to asitelefon dzi ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu tegbee.”

Amewo ŋlɔna be be zi ale si nènya ɖo nane ɖe Internet dzi ko la, màgate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si ame bubuwo awɔ eŋu dɔe dzi o. Amerika Dukɔa Ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe ka nya ta be, nyɔnuvi ƒe 18-vi aɖe “wu eɖokui esi wòse be foto si yele amama ɖe heɖo ɖe yeƒe ahiãvi la, eya hã ɖoe ɖe ƒewuivi gbogbo aɖewo le yeƒe suku. Eye wogblɔ be anɔ eme be sukuvi bubu siwo yi edzi nɔ fotoa ɖom ɖe amewo koŋ ƒe nuwɔnae gbã dzi na nyɔnuvia.”

Amamaɖenuwo ɖoɖo ɖe amewo nye dziɖuɖu ƒe se dzi dada hã. Le kpɔɖeŋu me le teƒe aɖewo la, wobua fɔ sɔhɛvi siwo ɖoa nu siawo ɖe wo tɔwo be woɖi ɖeviwo ƒe amamaɖenuwɔnawo ƒe fɔ, eye wobiana tso wo si be woade woƒe ŋkɔwo agbalẽ me le dziɖuɖua gbɔ be yewoɖi gbɔdɔnuwɔnawo ƒe fɔ. Woate ŋu abu fɔ wò dzila ŋutɔ hã ne ŋkɔwò mee asitelefon la le alo mèɖe afɔ aɖeke tsɔ xe mɔ nɛ ɖe nu sia wɔwɔ nu o.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

De se si me kɔ nyuie la nɛ. Togbɔ be màte ŋu anya nu sia nu si viwòa wɔna le eƒe asitelefon dzi o hã la, àte ŋu ade se nɛ ahana eme nakɔ nɛ nyuie eye nàgblɔ to si nàhe nɛ ne eda sea dzi hã nɛ. Ðo ŋku edzi hã be abe dzila ene la, wò dɔdeasie wònye be nànɔ ŋudzɔ ɖe ale si viwòa zãa asitelefon la ŋu.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Efesotɔwo 6:1.

Kpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu wòabu kuxi siwo ate ŋu ado tso eme la ŋu. Àte ŋu agblɔ be: “Amewo ƒe nu mesɔ le nu si wogblɔna be amamaɖenuwo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi nye la ŋu o. Ke ya ɖe, nu kae nàgblɔ be nuwɔna sia nye?” “Foto kawo tɔgbie nèsusu be womesɔ o?” “Le teƒe aɖewo la wobua ɖevi siwo ɖoa ɖeviwo ƒe amamaɖefotowo ɖe ɖevi bubuwo be wonye nu vlo wɔlawo. Ðe hã nèsusui nenema?” “Nu ka tae nuwɔna sia menyo o?” Ðo to viwòa nyuie ne ele eƒe susu gblɔm, eye nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ afɔku siwo le nuwɔna sia me adze sii.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Hebritɔwo 5:14.

Wɔ nu siwo ate ŋu adzɔ la ƒe kpɔɖeŋuwo nɛ. Àte ŋu agblɔ na viwò nyɔnuvi be: “Tsɔe be ŋutsuvi aɖe le eƒom ɖe nyɔnuvi aɖe nu be wòanɔ amama aɖe foto aɖo ɖe ye. Nu kae wòle be nyɔnuvia nawɔ? Alɔ̃ aɖoe ɖee be woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me nagagblẽ oa? Agbe be yemaɖoe ɖee o, gake akpɔtɔ anɔ ahiãmo ɖom nɛa? Adzudzɔ hadede kpliia? Agblɔe na ame tsitsi aɖea?” Kpe ɖe viwò nyɔnuvia ŋu wòabu nya sia ŋu. Àte ŋu azã mɔnu sia tɔgbi ke na viwò ŋutsuvi hã.—Biblia ƒe gɔmeɖose: Galatiatɔwo 6:7.

Kpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu be nu nyui wɔwɔ nadzroe. Bia nya siawo tɔgbii: Màdi vevie be amewo nanyae be ame nyuie yenye oa? Nɔnɔme kae nèdi be amewo nanya na ye? Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èɖi gbɔ̃ ame aɖe to eƒe foto manyomanyowo ɖoɖo ɖe ame bubuwo me? Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èwɔ nu nyui? Kpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu be “dzitsinya nyui” nanɔ esi.—1 Petro 3:16.

Wò dzila ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu ɖi nɛ. Biblia gblɔ be nunya si tso Mawu gbɔ la le dzadzɛe eye mewɔa alakpanu o. (Yakobo 3:17) Ðe wò nuwɔnawo ɖea esia fiana? Agbalẽ si nye CyberSafe gblɔ be: “Ehiã be míawo ŋutɔwo míaɖo kpɔɖeŋu nyuiwo eye míaƒo asa na fotowo kple nyatakakadzraɖoƒe siwo wobuna be womenyo alo le se nu o.”

^ mm. 5 Amamaɖenuwo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi lɔ foto siwo wole amama ɖe, gbɔdɔdɔ ŋuti nyawo alo videowo ɖoɖo ɖe ame to asitelefon dzi ɖe eme. Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, ʋu jw.org eye nàxlẽ nyati si nye “Young People Ask—What Should I Know About Sexting?”—Ele yevugbe me. Àkpɔe le “Young People Ask—What Should I Know About Sexting?”—Look under BIBLE TEACHINGS > TEENAGERS.