Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | ELDAR NEBOLSIN

Saŋkuƒola Aɖe Ƒe Xɔse

Saŋkuƒola Aɖe Ƒe Xɔse

Eldar Nebolsin si tso Uzbekistan nye saŋkuƒola si ƒe ŋkɔ de du ŋutɔ. Eƒo saŋku le London, Moscow, St. Petersburg, New York, Paris, Rome, Sydney, Tokyo kple Vienna, eye eya ɖeka ƒoa saŋku le haƒohawo ŋgɔ. Soviet Union ye Eldar tsi le eye wònye mawudzimaxɔsela. Gake eva ƒo nya ta emegbe be Wɔla lɔ̃ame aɖee wɔ amegbetɔwo. Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso haƒoƒo kple eƒe xɔse ŋu.

Aleke nèwɔ va zu haƒola?

Dzinyelawo nye saŋkuƒolawo. Wote saŋkuƒoƒo fiafiam esime mexɔ ƒe atɔ̃ ko. Emegbe mede hasrɔ̃suku deŋgɔ si le Tashkent.

Ƒo nu tso kuxi siwo nèdoa goe ne èle saŋku ƒom kple haƒoha ŋu na mí.

Haƒoha aɖeke mesɔ kple bubu o. Haƒoha ɖe sia ɖe le ko abe haƒonu gã si “ƒom” haƒoha ƒe ŋgɔnɔla le ene. Ðewohĩ nu si koŋ sesẽna na saŋkuƒola ɖekɛ wue nye ale si wòaƒo saŋkua wòawɔ ɖeka kple haƒoha ƒe ŋgɔnɔla ƒe atidada. Abe ale si xɔlɔ̃wo ɖoa dze ene la, ele be saŋkuƒola kple haƒoha ƒe ŋgɔnɔla nawɔ nu aduadu. Zi geɖe la, numetoto ɖeka alo eve koe míetea ŋu wɔna tsɔ srɔ̃na ale si míawɔ nu woasɔ ɖe mía nɔewo tɔ dzi.

Ɣeyiɣi didi kae nètsɔ toa saŋkuƒoƒoa me?

Mezãa gaƒoƒo etɔ̃ ya teti, eye menye haa ƒe akpa siwo sesẽ la me koe mezãa ɣeyiɣi sia tsɔ tonae o. Mesrɔ̃a ɖoɖo si nu woɖo haa ɖo hã evɔ nyemeƒoa haa ŋutɔ le ɣeyiɣi sia me o. Nu bubu siwo mewɔna ye nye be meɖoa to hakpala ma ƒe ha bubuwo eye esia wɔnɛ be mesea ha si srɔ̃m mele la gɔme ɖe edzi wu.

Nu kae ɖea dzesi le saŋkuƒola bibi ŋu?

Eyae nye ale si wòtea ŋu nana saŋku “dzia ha.” Maɖe eme miase. Saŋku nye haƒonu si wotsɔa asi ƒona. Ne wote asi ɖe saŋku ƒe kpevi dzi la, ɖeko eƒe ɖiɖi yia to; mele abe haƒonu siwo me woɖoa ƒuƒu ɖo alo amegbetɔ ƒe gbe si tea ŋu yia dzi alo nɔa ɖeka ene o. Kuxi si dzi wòhiãna be saŋkuƒola naɖue nye ale si wòakpɔ egbɔ be haa ƒe ɖiɖi aɖe nagayi to o. Ewɔa esia to eƒe asibidewo kple alɔtsinuwo ʋaʋã to saŋkukpeviwo dzi aɖaŋutɔe me tsɔ kpe ɖe afɔɖoɖo gbeɖiɖitrɔnu ɖusimetɔ dzi le ɣeyiɣi si sɔ me eye esia wɔnɛ be wòléa gbea ƒe ɖiɖi ɖe te eteƒe didina, eye wòtea  ŋu trɔa gbeɖiɖi vovovowo. Ne saŋkuƒola te ŋu ɖu tu na aɖaŋu siawo siwo sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe o nyuie vɔ la, ate ŋu aƒo saŋku wòaɖi abe dze, kpẽ alo haƒoha tɔ ene. Ate ŋu ana hã be saŋku naɖi abe amegbetɔ ƒe gbe, si nye gbeɖiɖi nyuitɔ kekeake ene.

Edze kɔtɛe be èlɔ̃a haƒoƒo ŋutɔ.

Le gonyeme la, mebunɛ be haƒoƒo nye gbegbɔgblɔ si tea ŋu ɖea seselelãme siwo mele bɔbɔe be woagblɔ kple nu o la gblɔna tẽe wu.

Nu kae na nèva tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me?

Míaƒe aƒe me yɔ fũu kple agbalẽ siwo fofonye tsɔ tso Moscow gbɔe. Agbalẽ si do dzidzɔ nam wue nye esi me Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze kple Israel-viwo ƒe ŋutinya ŋu la le. Agbalẽ si hã ŋu meke ɖoe nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi, si Yehowa Ðasefowo ta. * Ale si woɖe Biblia ƒe nufiafiawo me wo me kɔ nyuie le eme la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esi meʋu yi Spain le ƒe 1991 me be maɖasrɔ̃ haƒoƒo la, metsɔ agbalẽ sia ɖe asi eye mexlẽe zi geɖe. Meva de dzesii be xɔse si ŋu agbalẽ sia ƒo nu tsoe la nye esi ŋu kpeɖodzi le si nɔ te ɖe nuŋububu nyui dzi, ke menye seselelãme dzro aɖe ko o.

Nufiafia si wɔ dɔ ɖe dzinye wue nye ŋugbe si Biblia do be amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Susu le nya sia me ŋutɔ! Gake va se ɖe ɣemaɣi la, nyemekpɔ do go Yehowa Ðasefo aɖeke o. Ke hã metso nya me be ne medo go wo dometɔ aɖe la, mabia tso esi be wòasrɔ̃ Biblia kplim.

Aleke nèwɔ va ke ɖe Ðasefowo ŋu?

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le nye nyametsotso ma megbe la, medo go ɖetugbui eve aɖewo siwo lé Biblia ɖe asi. Megblɔ le susu me be: ‘Ame siawo ɖi ame siwo ŋu mexlẽ nu tsoe le nye agbalẽa me. Wonɔ gbeƒã ɖem abe ale si ko Kristotɔ siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo la wɔe ene.’ Eteƒe medidi o, Ðasefo aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Egbea la, nu si doa dzidzɔ nam wue nye be makpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ ŋu tso mía Wɔla la ŋu.

Nu kae na nèva xɔe se be Wɔla aɖe li, evɔ mawudzimaxɔselae nenye tsã?

Haƒoƒo hã kpe ɖe ŋunye. Amegbetɔwo katã kloe kpɔa dzidzɔ ɖe haƒoƒo ŋu, si nye nu si lãwo ya mate ŋu awɔ o. Wotea ŋu ɖea dzidzɔ, kakaɖedzi, tufafa kple seselelãme ƒomevi ɖe sia ɖe kloe fiana le haƒoƒo me. Le dzɔdzɔme nu la, míeʋãna ɖe haƒoƒo ƒe ɖiɖi dzi. Gake ɖe haƒoƒo hiã kokoko hafi míate ŋu anɔ agbea? Ðe haƒoƒo wɔa akpa aɖe le nufiafia si nye be “ŋusẽtɔ lae tsia agbe” abe ale si ame siwo fia nu be ɖe nuwo dzɔ le wo ɖokui si la fianɛ ene la mea? Gbeɖe! Le nye susu nu la, nunya mele eme be míaƒo nya ta be amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃, si ŋu ŋutete le be wòate ŋu akpa ha alo ase vivi na haƒoƒowo abe Mozart kple Beethoven ƒe haƒoƒo ene la, dzɔ le eɖokui si o. Numeɖeɖe si me susu le wue nye be Wɔla nyanu lɔ̃ame aɖee wɔ míaƒe ahɔhɔ̃ la.

Nu kae na nèva xɔe se be Biblia tso Mawu gbɔ?

Agbalẽ suesuesue 66 ye le Biblia me eye ame 40 ye ŋlɔe eye eŋɔŋlɔ xɔ ƒe 1,600 kple edzivɔwo. Mebia ɖokuinye be: ‘Ame kae ate ŋu ana woaŋlɔ agbalẽ deŋgɔ sia si me nyawo wɔ ɖeka alea?’ Ŋuɖoɖo si me susu le koe nye be Mawue na woŋlɔe. Le nye susu nu la, Biblia le ko abe hadzidzi si me nyawo le ɖoɖo nyui aɖe si de ŋgɔ ŋutɔ nu ene, eye gbedeasi siwo le eme la wɔa dɔ ɖe ameƒomevi ɖe sia ɖe dzi.

^ mm. 15 Nusrɔ̃gbalẽ si zãm Yehowa Ðasefowo le fifiae nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Àte ŋu akpɔe le www.pr418.com.