Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Nyɔnu Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae Srɔ̃maɖemaɖee Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Nyɔnu Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae Srɔ̃maɖemaɖee Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 iblia gblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be ‘míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu.’ (1 Tesalonikatɔwo 4:3) “Gbɔdɔdɔ manɔsenu” si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ku ɖe nuwɔnawo abe ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ, nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, kpakple ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ ene ŋu.

 Nu ka tae Mawu di be ŋutsu kple nyɔnu naɖe wo nɔewo kokoko hafi anɔ anyi ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene?

  •   Mawu ye ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi. Ewɔ esia esi wòwɔ Xawa hekplɔe vɛ na Adam wòzu srɔ̃a. (1 Mose 2:22-24) Mawu meɖoe be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ anyi ɖekae evɔ womeɖe wo nɔewo o.

  •   Mawu nya nu si nyo na amegbetɔwo. Eɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye kadodo si anɔ ŋutsu kple nyɔnu dome ɖikaa eye wòaɖe vi na ƒomea me tɔwo katã ahanye takpɔkpɔ na wo. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ne èƒle xɔmenu yeye aɖe eye nèzɔ ɖe ewɔla ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, aɖe vi na wò. Nenema kee Mawu ƒe mɔfiamewo nana míenyana ale si míawɔ be míaƒe ƒomewo nakpɔ dzidzedze. Ne míewɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la, eɖea vi na mí godoo.—Yesaya 48:17, 18.

    Xɔmenu aɖe si nèƒle la wɔla ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ aɖe vi na wò. Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ nana míenyana ale si míawɔ be míaƒe ƒomewo nakpɔ dzidzedze

  •   Ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ tea ŋu gblẽa nu ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu ana ame nafɔ gbɔmeyafu, axɔ nulɔdɔ, alo wòahe dzigbagbã vɛ. a

  •   Mawu ye na ŋutete ŋutsu kple nyɔnu be woato gbɔdɔdɔ dzi adzi viwo. Mawu bua agbe nu xɔasii, eye ŋutete si wòna amegbetɔwo be woadzi viwo hã nye nunana xɔasi. Mawu di be míade bubu srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu atsɔ aɖee afia be míedea asixɔxɔ nunana ma ŋu.—Hebritɔwo 13:4.

 Ðe wòsɔ be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ anyi ɖekae do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe be yewoakpɔe ɖa be yewosɔ na yewo nɔewoa?

 Menye ŋutsu kple nyɔnu ƒe anyinɔnɔ ɖekae srɔ̃maɖemaɖee ye awɔe be woakpɔ dzidzedze ne wova ɖe srɔ̃ emegbe o. Ke boŋ nu si nana atsu kple asi dome kadodoa me sẽna ye nye ne wo ame evea woku ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ eye wowɔa nu aduadu be yewoakpɔ kuxiwo gbɔ. b Eye srɔ̃ɖeɖe ye ana atsu kple asi naku ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ.—Mateo 19:6.

 Nu kae atsu kple asi awɔ be woƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke?

 Srɔ̃ɖeɖe aɖeke mede blibo o. Gake atsu kple asiwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ali ke ne wowɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

a Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ke Ne Woƒonɛ Ðe Nunye Be Makpɔ Gome Le Gbɔdɔdɔ Me Ðe?