Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 9

Aleke Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?

Aleke Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?

1. Nu ka tae srɔ̃ɖeɖe le se nu le vevie hena ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ?

Nya nyui la tso Yehowa, Mawu dzidzɔtɔ, ame si di be dzidzɔ nanɔ ƒomewo me la gbɔ. (1 Timoteo 1:11) Eyae ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi. Srɔ̃ɖeɖe le se nu le vevie be dzidzɔ nanɔ ƒomea me, elabena enana nɔnɔmeawo sɔna nyuie na ɖeviwo hehe.

Aleke Mawu bua srɔ̃ɖeɖee? Edi be ŋutsu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa. Ele be Kristotɔwo nawɔ ɖe srɔ̃ɖese siwo le woƒe dukɔa me la dzi. (Luka 2:1, 4, 5) Yehowa di be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ nuteƒe na wo nɔewo. (Hebritɔwo 13:4) Elé fu srɔ̃gbegbe. (Maleaxi 2:16) Ne Kristotɔ aɖe srɔ̃ wɔ ahasi la, eya ko hafi Mawu ɖe mɔ be wòate ŋu agbee agaɖe bubu.​—Xlẽ Mateo 19:3-6, 9.

2. Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui?

Yehowa wɔ ŋutsu kple nyɔnu be woanye kpeɖeŋutɔ na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖea me. (1 Mose 2:18) Esi wònye srɔ̃ŋutsue nye eƒe ƒomea ƒe ta ta la, ele be wòaxɔ ŋgɔ le ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ kple nufiafia wo tso Mawu ŋu me. Ele be wòaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia srɔ̃a. Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu. Esi wònye be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo siaa mede blibo o ta la, ele be woasrɔ̃ ale si woatsɔ ake wo nɔewo.​—Xlẽ Efesotɔwo 4:31, 32; 5:22-25, 33; 1 Petro 3:7.

3. Ðe wòle be nàklã le srɔ̃wò gbɔ ne dzidzɔ mele srɔ̃ɖeɖea me oa?

Ne kuxiwo ɖo mia kple srɔ̃wò dome la, midze agbagba miawɔ nu ɖe mia nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ me. (1 Korintotɔwo 13:4, 5) Mawu ƒe Nya la mede dzi ƒo be woaklã atsɔ akpɔ kuxi suesue siwo doa mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me la gbɔe o.​—Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:10-13.

4. Ðeviwo, aleke Mawu di be nuwo nanɔ na mi?

Yehowa di be miakpɔ dzidzɔ. Enaa mɔfiame nyuitɔ kekeake si ana miakpɔ dzidzɔ le miaƒe sɔhɛmenɔɣi. Edi be nunya kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su mia dzilawo si la naɖe vi na mi. (Kolosetɔwo 3:20) Yehowa di be miase vivi le dzidzɔ si dona tso nuwo wɔwɔ na ye mia Wɔla kple ye Vi la me.​—Xlẽ Nyagblɔla 11:9–12:1; Mateo 19:13-15; 21:15, 16.

5. Dzilawo, aleke miawɔ be mia viwo nakpɔ dzidzɔ?

Ele be miawɔ dɔ sesĩe adi nuɖuɖu, mlɔƒe kple nudodo na mia viwo. (1 Timoteo 5:8) Gake be mia viwo nakpɔ dzidzɔ la, ele vevie hã be miafia wo be woalɔ̃ Mawu ahasrɔ̃ nu tso egbɔ. (Efesotɔwo 6:4) Ne mienye kpɔɖeŋu na ɖeviawo le Mawu lɔlɔ̃ me la, nu siwo fiam miele wo la ade dzi gbɔ na wo. Ne mietu nu siwo miefiaa mia viwo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi la, esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi.​—Xlẽ 5 Mose 6:4-7; Lododowo 22:6.

Nu nyuiwo dona tso eme na ɖeviwo ne mi dzilawo miedea dzi ƒo na wo hekafua wo. Wohiã na ɖɔɖɔɖo kple tohehe hã. Hehe sia kpena ɖe wo ŋu woƒoa asa na nuwɔna siwo awɔe be womava kpɔ dzidzɔ o. (Lododowo 22:15) Ke hã, mele be wòadzɔ gbeɖe be woahe to na wo tagbɔsesẽtɔe o.​—Xlẽ Kolosetɔwo 3:21.

Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be woakpe ɖe dzilawo kple wo viwo ŋu. Biblia dzie wotu wo me nyawo ɖo.​—Xlẽ Psalmo 19:8, 12.