Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 2

Ame Kae Nye Mawu?

Ame Kae Nye Mawu?

1. Nu ka tae wòle be míade ta agu na Mawu?

Mawu vavã lae nye nuwo katã Wɔla. Gɔmedzedze meli nɛ o, eye nuwuwu hã manɔe nɛ gbeɖe o. (Psalmo 90:2) Eya gbɔe nya nyui si le Biblia me la tso. (1 Timoteo 1:11) Esi wònye Mawue na agbe mí ta la, ele be míasubɔ eya ɖeɖe ko.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 4:11.

2. Aleke Mawu le?

Amegbetɔ aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o, elabena Gbɔgbɔe wònye, esia fia be enye agbe ƒomevi aɖe si kɔ boo wu nu gbagbe siwo le anyigba dzi. (Yohanes 1:18; 4:24) Ke hã, ne míelé ŋku ɖe nu siwo Mawu wɔ ŋu la, míakpɔ eƒe nɔnɔme nyuiwo adze sii. Le kpɔɖeŋu me, atikutsetse kple seƒoƒo vovovoawo na míekpɔ eƒe lɔlɔ̃ kple nunya dze sii. Ale si gbegbe xexea loloe na míekpɔ eƒe ŋusẽ dze sii.​—Xlẽ Romatɔwo 1:20.

Míagate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe nɔnɔmewo ŋu ne míexlẽ Biblia. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ nu siwo Mawu lɔ̃na kple nu siwo melɔ̃na o, ale si wòwɔa nu ɖe ame ŋu kple ale si wòwɔa nu le nɔnɔme vovovowo me la na mí.​—Xlẽ Psalmo 103:7-10.

3. Ðe ŋkɔ le Mawu sia?

Yesu gblɔ be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖewo le Mawu si hã la, ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le esi. Gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ale si woyɔnɛ. Woyɔnɛ le Eʋegbe me be “Yehowa.” Gake ame aɖewo yɔnɛ be “Yahweh.”​—Xlẽ Psalmo 83:19.

Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia geɖewo me hetsɔ dzesideŋkɔ siwo nye Aƒetɔ alo Mawu ɖo eteƒe. Gake esime woŋlɔ Biblia la, Mawu ƒe ŋkɔ dze le eme wòde zi gbɔ zi 7,000 sɔŋ. Yesu na amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ esime wòfia nu wo tso Mawu ŋu.​—Xlẽ Yohanes 17:26.

Kpɔ video si nye Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?

4. Ðe Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía?

Abe vifofo lɔ̃ame sia ene la, Mawu le nu siwo aɖe vi na mí ɖaa la wɔm

Ðe ale si fukpekpewo xɔ aƒe ɖi la fia be Yehowa nye Mawu si metsɔa ɖeke le eme na mí oa? Ame aɖewo gblɔna be ehea fukpekpewo vaa mía dzi tsɔ doa mí kpɔ, gake menye nyateƒee o.​—Xlẽ Yakobo 1:13.

Mawu na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔwo tsɔ de bubu wo ŋu. Ðe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míatiae be míasubɔ Mawu la medzɔ dzi na mí oa? (Yosua 24:15) Gake ame aɖewo tiae be yewoawɔ nu vlowo ɖe ame bubuwo ŋu, eya tae fukpekpewo bɔ ɖo. Etena ɖe Yehowa dzi ne ekpɔe wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe amewo ŋu.​—Xlẽ 1 Mose 6:5, 6.

Yehowa nye Mawu si tsɔa ɖe le eme na mí. Edi be míase vivi le agbe me. Eteƒe madidi o aɖe fukpekpe kple ame siwo henɛ vanae la ɖa. Gake susu nyui aɖe tae wòɖe mɔ fukpekpe li hena ɣeyiɣi aɖe ɖo. Le Nusɔsrɔ̃ 8 lia me la, míasrɔ̃ nu tso nu si tae wòɖe mɔ ɖo la ŋu.​—Xlẽ 2 Petro 2:9; 3:7, 13.

5. Aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli?

Yehowa kpe mí be míate ɖe ye ŋu to gbedodoɖa dzi. Etsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. (Psalmo 65:3; 145:18) Etsɔna kena faa. Edea dzesi agbagba siwo míedzena be míawɔ nu si dzea eŋu ne míedo kpo nu ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Eya ta togbɔ be míenye ame madeblibowo hã la, míate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu.​—Xlẽ Psalmo 103:12-14; Yakobo 4:8.

Esi wònye Yehowae na agbe mí ta la, ele be míalɔ̃e wu ame bubu ɖe sia ɖe. (Marko 12:30) Esi nèle agbagba dzem be yeaɖe ale si yelɔ̃ Mawui afia to nu geɖe sɔsrɔ̃ tso eŋu kple wɔwɔ ɖe nu siwo wòdi tso asiwò dzi me la, wò kplii dome ava nɔ kplikplikpli wu.​—Xlẽ 1 Timoteo 2:4; 1 Yohanes 5:3.