Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Kunuwɔwɔe?

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Kunuwɔwɔe?

 Míedzea agbagba be míana ale si míebua kunuwɔwɔe kple ale si míewɔnɛ siaa nawɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo, esiawo dometɔ aɖewoe nye:

  •   Esɔ be míaxa nu ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xa nu esi woƒe ame vevi aɖewo ku. (Yohanes 11:33-35, 38; Dɔwɔwɔwo 8:2; 9:39) Eya ta míebua kuteƒe be enye aglotuƒe o. (Nyagblɔla 3:1, 4; 7:1-4) Ke boŋ míebua kunuwɔwɔ be enye ɣeyiɣi si míase veve ɖe ame nu.​—Romatɔwo 12:15.

  •   Ame kukuwo meganya naneke o. Afi ka kee míeɖatso alo dekɔnu ka kee ɖale mía si o, míeƒoa asa na kɔnu kple nuwɔna siwo wotu ɖe dzixɔse si nye be kukuawo gale agbe eye be woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe agbagbeawo dzi la dzi, elabe dzixɔse sia mewɔ ɖeka kple Biblia o. (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) Kɔnu siawo dometɔ aɖewoe nye ŋudɔdɔ, kunuwɔwɔ kpeɖiwo, kuzãwo ɖuɖu, vɔsasa na ame kukuwo, nuƒoƒo na wo, gbebiabia wo, kple ahowɔwɔ. Míeƒoa asa na kɔnu siawo katã, elabe míedi be míawɔ ɖe Biblia ƒe sedede sia dzi be: “Miɖe mia ɖokui ɖa, . . . eye midzudzɔ asikaka nu makɔmakɔ la ŋu.”​—2 Korintotɔwo 6:17.

  •   Mɔkpɔkpɔ li na kukuawo. Biblia fia nu be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye be ɣeyiɣi aɖe ava esime ku maganɔ anyi o. (Dɔwɔwɔwo 24:15; Nyaɖeɖefia 21:4) Mɔkpɔkpɔ sia kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na nuxaxa si gbɔ eme, abe ale si wòkpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu ene.​—1 Tesalonikatɔwo 4:13.

  •   Biblia xlɔ̃ nu mí be míabɔbɔ mía ɖokui. (Lododowo 11:2) Mímexɔe se be kunuwɔwɔ nye mɔnukpɔkpɔ na ame be wòaɖe eƒe ‘nunɔamesiwo afia adegbeƒoƒotɔe’ alo be wòana amewo nanya be ameŋkutae yenye o. (1 Yohanes 2:16) Mímewɔa ɖoɖo ɖe kunuwɔwɔ kpeɖiwo ŋu be míatsɔ ado dzidzɔ na amewo loo alo aƒle aɖaka kple awu xɔasiwo be míatsɔ adze kua teƒe valawo ŋu o.

  •   Mímezia dzixɔse siwo le mía si ku ɖe kunuwɔwɔ ŋu ɖe ame bubuwo dzi o. Le go sia me la, míewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖose sia dzi be: “Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le eɖokui ŋu na Mawu.” (Romatɔwo 14:12) Gake ne mɔnukpɔkpɔ su mía si la, míedzea agbagba ɖea míaƒe dzixɔsewo me le “tufafa kple bubu deto me.”​—1 Petro 3:​15.

Aleke Ðasefowo ƒe kunuwɔwɔ nɔna?

 Teƒe si woawɔe le: Ƒome si dzi kua dzɔ ɖo ate ŋu atia teƒe si dze wo ŋu be woawɔ kua le, ate ŋu anye Fiaɖuƒe Akpata me, kuwɔƒe aɖe, aƒe aɖe me, afi si wotɔa dzo ame kuku le, alo ameɖibɔ me.

 Wɔnaa: Woƒoa nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi tsɔ ɖea nu si Biblia gblɔ tso ku kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu tsɔ faa akɔ na ame siwo dzi kua dzɔ ɖo. (Yohanes 11:25; Romatɔwo 5:12; 2 Petro 3:13) Wɔnaa hea susu yia ame si ku la ƒe nɔnɔme nyuiwo dzi, ɖewohĩ woaƒo nu tso nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso amea ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuia me ŋu.​—2 Samuel 1:​17-​27.

 Woate ŋu adzi ha aɖe si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. (Kolosetɔwo 3:16) Wodoa gbe ɖa tsɔ wua wɔnaa nu tsɔ faa akɔ na vavalawo.​—Filipitɔwo 4:6, 7.

 Gakaka na ame kple gadzɔdzɔ: Mímexɔa ga alo kaa ga ɖe subɔsubɔwɔna aɖeke ta o, kunuwɔwɔ hã le eme, eye míedzɔa ga le amewo si le kuteƒe alo míaƒe kpekpe aɖeke me o.​—Mateo 10:8.

 Vavalawo: Ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o hã ate ŋu ade ku aɖe si wɔm wole le Fiaɖuƒe Akpata me la teƒe. Abe míaƒe kpekpe bubuawo ene la, ame sia ame ate ŋu ade kuteƒe siawo faa.

Ðe Ðasefowo dea subɔsubɔha bubu me tɔwo ƒe kuteƒea?

 Ðasefo ɖe sia ɖe ŋutɔe nɔa te ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee dzi tsoa nya me le esia ŋu. (1 Timoteo 1:19) Gake mímekpɔa gome le subɔsubɔwɔna siwo míekpɔ be womewɔ ɖeka kple Biblia o me o.​—2 Korintotɔwo 6:14-17.