Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Dzɔ Ðe Yehowa Ðasefowo Dzi Esi Nazitɔwo Nɔ Yudatɔ Geɖe Wum?

Nu Kae Dzɔ Ðe Yehowa Ðasefowo Dzi Esi Nazitɔwo Nɔ Yudatɔ Geɖe Wum?

 Esi Xexemeʋa II lia nɔ edzi yim eye Nazi dziɖuɖua nɔ Yudatɔ geɖewo wum la, Yehowa Ðasefo 35,000 aɖewoe nɔ Germany kple dukɔ siwo dzi Nazi dziɖuɖua kpɔ ŋusẽ ɖo la me. Eye Ðasefo siwo ade 1,500 ye ku le ɣeyiɣi mawo me. Míenya ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe kui o. Esi numekukuwo gale edzi yim ta la, nyatakaka bubuwo agate ŋu ava su mía si emegbe.

 Aleke wokui?

  • Ametatsomɔ̃ si Nazitɔwo zã

      Woɖoe koŋ wu wo dometɔ aɖewo: Ðasefo 400 kloe ye wowu tẽe le Germany kple dukɔ bubu siwo dzi Nazi dziɖuɖua kpɔ ŋusẽ ɖo la me. Le ame siawo dometɔ akpa gãtɔ gome la, wokplɔ wo yi ʋɔnui hetso kufia na wo eye wotso ta le wo nu. Le bubuwo hã gome la, ɖeko woda tu wo alo wode ka ve na wo evɔ womedrɔ̃ nya na wo le ʋɔnu hafi o.

  •   Nɔnɔme madeamedzi siwo me woto le gaxɔwo me: Ðasefo 1,000 kple edzivɔ ku le Nazi fuwɔamesaɖawo kple gaxɔwo me. Wona wo dometɔ aɖewo wɔ dɔ sesĩe atraɖii va se ɖe esime woku, bubuwo ku le esi wowɔ funyafunya wo, dɔ wu wo ɖi tsi ɖe wo ŋu, vuvɔ wɔ wo, alo womelé be na wo esi wodze dɔ o ta. Esi wofia fu wo vevie ta la, wo dometɔ aɖewo ku esi Xexemeʋa II lia ke eye woɖe asi le wo ŋu megbe kpuie ko.

  •   Mɔ bubuwo: Wowu Ðasefo aɖewo le aɖiyaxɔwo me, ɖɔkitawo zã ame aɖewo tsɔ do atike yeyewo alo dɔdamɔnu yeyewo kpɔ, alo wodo abi na wo woku.

 Nu ka tae woti wo yome ɖo?

 Woti Yehowa Ðasefowo yome le esi woléa Biblia ƒe nufiafiawo me ɖe asi ta. Esi Nazi dziɖuɖua bia tso Ðasefowo si be woawɔ nu si tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu la, Ðasefoawo gbe. Wotiae be yewoaɖo “to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Na míakpɔ go eve aɖewo siwo me wowɔ esia le ɖa.

  1.   Womede akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Abe ale si ko Ðasefo siwo le dukɔwo katã me egbea wɔnɛ ene la, Yehowa Ðasefo siwo nɔ Nazi dziɖuɖua te hã mede nu dunyahenyawo me o. (Yohanes 18:36) Le susu sia taa, wogbe be

  2.   Wokpɔ gome le woƒe subɔsubɔwɔnawo me. Togbɔ be wogbe na Yehowa Ðasefowo be woagakpɔ gome le woƒe subɔsubɔwɔnawo me o hã la,

 Agbalẽnyala Robert Gerwarth gblɔ be, “le Nazi dziɖuɖua te la, [Yehowa Ðasefowo] koe nye ame siwo yome woti le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzaa ko ta.” a Fuwɔamesaɖawo me nɔla bubuwo va de bubu Yehowa Ðasefowo ŋu ɖe ale si woléa woƒe xɔse me ɖe asi sesĩe ta. Gamenɔla aɖe si nye Austriatɔ gblɔ be: “Womeyia aʋa o. Wolɔ̃na be woawu yewo tsɔ wu be yewoawu ame bubuwo.”

 Afi kae woku le?

  •   Fuwɔamesaɖawo me: Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ ku le fuwɔamesaɖawo me. Fuwɔamesaɖa mawo dometɔ aɖewoe nye Auschwitz, Buchenwald, Dachau, Flossenbürg, Mauthausen, Neuengamme, Niederhagen, Ravensbrück, kple Sachsenhausen. Le Sachsenhausen ɖeɖe dzaa la, kpeɖodzi li be Yehowa Ðasefo siwo ade 200 sɔŋ ku le afi ma.

  •   Gaxɔwo me: Wowɔ funyafunya Ðasefo aɖewo le gaxɔwo me va se ɖe esime woku. Nu si na bubuwo hã kue nye be esi wonɔ gbe biam wo la, wowɔ fu wo kutɔkutɔe hewɔ nuvevi wo.

  •   Amewuƒewo: Teƒe siwo wowu Yehowa Ðasefowo le koŋue nye Berlin-Plötzensee, Brandenburg, kple Halle/Saale gaxɔwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, teƒe 70 bubu siwo wowu Ðasefowo lea ŋuti nuŋlɔɖiwo li.

 Ame siwo wowu la dometɔ aɖewo

  •  Ŋkɔ: Helene Gotthold

     Afi si wowui le: Plötzensee (Berlin)

     Kpovitɔwo lé Helene, si nye srɔ̃nyɔnu kple vidada si si vi eve le la zi gbɔ zi geɖe. Le ƒe 1937 me, esime wonɔ gbe biamee la, wowɔ fui vevie ale gbegbe be vi si nɔ dɔ me nɛ la ku. Le December 8, 1944 dzi la, wotsɔ ametatsomɔ̃ tso ta le enu le Plötzensee gaxɔ me, le Berlin.

  •  Ŋkɔ: Gerhard Liebold

     Afi si wowui le: Brandenburg

     Le May 6, 1943 dzi la, wotso ta le Gerhard, si xɔ ƒe 20 la nu. Ƒe eve do ŋgɔ la, wotso ta le fofoa hã nu le gaxɔ ma ke me. Egblɔ le kaklãlɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe eƒe ƒomea kple eƒe ŋugbetɔ me be: “Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ manɔmee la, anye ne nyemate ŋu awɔ nuteƒe o.”

  •  Ŋkɔ: Rudolf Auschner

     Afi si wowui le: Halle/Saale

     Ƒe 17 pɛ koe Rudolf xɔ esi wotso ta le enu le September 22, 1944 dzi. Le kaklãlɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe dadaa me la, egblɔ be: “Nɔvi geɖe wɔ nuteƒe va se ɖe ku me, eye nye hã mawɔ nenema ke.”

a Hitler’s Hangman: The Life of Heydrich, axa 105.