Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Medea Nu Dunya Me O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Medea Nu Dunya Me O?

 Yehowa Ðasefowo medea nu dunya me o le woƒe dzixɔsewo ta, eye wotu wo ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi. Míeɖo ƒuƒoƒo aɖe si ʋlia mía ta le dziɖuɖua gbɔ o, míedaa akɔ na dunyaheha alo ame aɖeke o, míeʋlina be dziɖuɖu ƒe ɖoƒe aɖe nasu mía si alo kpɔa gome le dziɖuɖutɔtrɔ ƒe wɔna aɖeke me o. Míexɔe se be Biblia gblɔ susu vevi aɖewo siwo tae wòle be míawɔ alea ɖo.

  •   Míesrɔ̃ Yesu, ame si melɔ̃ be yeawɔ dunyahedɔ o. (Yohanes 6:15) Efia eyomedzelawo be “womenye xexea ƒe akpa aɖeke o” eye wòna eme kɔ na wo be womegade nu dunyahehe me o.​—Yohanes 17:14, 16; 18:36; Marko 12:13-17.

  •   Míewɔa nuteƒe na Mawu ƒe Fiaɖuƒea, si ŋu Yesu gblɔ le be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Abe Mawu Fiaɖuƒea teƒenɔlawo ene la, wobia tso mía si be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ƒe vava, míagade nu dukɔ aɖeke ƒe dunyahehe me o, eye dukɔ si me míele la hã le eme.​—2 Korintotɔwo 5:20; Efesotɔwo 6:20.

  •   Esi míedea nu dunyahehe me o ta la, míetea ŋu gblɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe nya nyuia na ame siwo le dunyaheha vovovowo me. Míeɖenɛ fiana le míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me be Mawu Fiaɖuƒea ŋue míeɖoa ŋu ɖo be wòava kpɔ xexea me ƒe kuxiwo gbɔ na mí.​—Psalmo 56:11.

  •   Esi wònye be míedea dunyaheha aɖeke dzi o ta la, míenye xexea me katã ƒe nɔvi siwo wɔ ɖeka. (Kolosetɔwo 3:14; 1 Petro 2:17) Gake subɔsubɔha siwo dea nu dunyahehe me la, dea mama woƒe hameviwo me.​—1 Korintotɔwo 1:10.

 Míedea bubu dziɖuɖuwo ŋu. Togbɔ be míedea nu dunyahehe me o hã la, míedea bubu dukɔ siwo me míele la ƒe dziɖuɖuwo ŋu. Esia wɔ ɖeka kple se si Biblia de be: “Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te.” (Romatɔwo 13:1) Míewɔna ɖe se dzi, míexea adzɔ, eye míekpea asi ɖe agbagba siwo dziɖuɖua dzena be yeakpɔ dukɔmeviwo ƒe dedienɔnɔ gbɔ la ŋu. Míedea adã tame na amewo be woatso ɖe dziɖuɖu ŋu o, ke boŋ míewɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míado gbe ɖa ɖe “fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo la ta” dzi, vevietɔ ne wole ɖoɖo aɖe si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi la wɔm.​—1 Timoteo 2:1, 2.

 Míedea bubu gome si le ame bubuwo si be woatso nya me le dunyahenyawo me hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míedea zitɔtɔ akɔdada ƒe ɖoɖowo me o alo hea nya ɖe ame siwo tianɛ be yewoada akɔ la ŋu o.

 Míawoe nye ame gbãtɔ siwo medea nu dunya me oa? Ao. Apostoloawo kple Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã wɔa nu ɖe dziɖuɖuwo ŋu abe míawo ke ene. Agbalẽ aɖe (Beyond Good Intentions) gblɔ be: “Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo xɔe se be enye yewo ƒe agbanɔamedzi be yewoade bubu dziɖuɖuwo ŋu hã la, wonya hã be mele be yewoade nu dunya me o.” Nenema kee agbale bubu (On the Road to Civilization) hã gblɔ be Kristotɔ gbãtɔwo melɔ̃ be “yewoawɔ dɔ siwo de nu dunyahehe me o.”

 Ðe míaƒe numademade dunya nye afɔku na dukɔa? Ao. Míenye dukɔmevi ŋutifafalɔ̃la siwo mele be dziɖuɖu navɔ̃ na kura o. Bu nyatakaka sia si Ukraine Dukɔa Ƒe Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Ƒe Nyametsoha ɖe ɖe go le ƒe 2001 me ŋu kpɔ. Nyatakaka sia ŋlɔlawo ŋlɔ tso ale si míedea nu dunya me o ŋu ale: “Ale si Yehowa Ðasefowo gbena be yewomade nu dunya me o la madzɔ dzi na ame aɖewo egbea o; nuwɔna sia tae Nazitɔwo kple Kɔmiunisttɔwo ƒe akpasesẽdziɖuɖuwo tsɔ nya ɖe wo ŋu.” Esi Soviet-dziɖuɖu gɔ̃ hã tsi Yehowa Ðasefowo yome la, Yehowa Ðasefowo yi edzi “kpɔtɔ nye dukɔmevi wɔsedziwo. Wowɔ dɔ vevie ɖokuitɔmadimaditɔe le hahogblewo me kple dɔwɔƒewo, eye womenye ŋɔdzi na Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɖua o.” Wowu nyatakakaa nu be, nenema ke egbe la, Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔnawo kple dzixɔsewo “megblẽa dukɔ aɖeke ƒe dedienɔnɔ me o.”