Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Nyemeganye Ŋutasẽnuwɔla O”

“Nyemeganye Ŋutasẽnuwɔla O”
  • Ƒe Si Me Wodzii: 1956

  • Dukɔ Si Me Wòtso: Canada

  • Ame Si Wònye Tsã: Etɔtɔ le agbe me, enɔa agbe gbegblẽ, eye wònye ŋutasẽla

NYE ŊUTINYA

 Wodzim le du si nye Calgary me le Alberta, Canada. Dzinyelawo gbe wo nɔewo esime menye ɖevi dzaa ko, eye nye kple nɔnye míeʋu yi nɔnye dzilawo gbɔ. Wolɔ̃ nye kple nɔnye vevie eye menɔ dzidzɔ kpɔm ŋutɔ ɣemaɣi. Megaɖoa ŋku nye ɖevimenɔɣi mawo siwo me nuwo yi edzi nyuie le tomefafa me la dzi kple dzidzɔ geɖe.

 Gake esi mexɔ ƒe adre la, nuwo va trɔ bubui kura le nye agbe me esi nɔnye gava ɖe tɔnye eye míeʋu yi St. Louis, Missouri, le United States. Eteƒe medidi hafi meva de dzesii be tɔnye ƒe tagbɔ sẽ o. Le kpɔɖeŋu me, esi meyi nye suku yeyea zi gbãtɔ hegbɔ va aƒe me la, tɔnye se be wowɔ anyra le ŋunye gake nyemewɔ wɔɖenui o. Edo dziku vevie eye wòƒom sesĩe wu ale si nye sukuhatiwo ƒom! Eya ta mesrɔ̃e be ne ame aɖe ƒom ko la, ele be nye hã maƒoe, eye esia wɔe be meda kɔ kple ame aɖe zi gbãtɔ esime mexɔ ƒe adre pɛ ko.

 Tɔnye ƒe adãwɔwɔa do nuxaxa na nɔnye ale gbegbe, eye wowɔa dzre hedoa ɣli ɖe wo nɔewo ta zi geɖe. Mete atike vɔ̃ɖiwo zazã kple aha tsu nono esi mexɔ ƒe 11. Meva nɔ ŋutasẽnuwo wɔm geɖe wu eye medaa kɔ kple amewo edziedzi le ablɔwo dzi. Kaka mawu sekɛndrisuku (lycée) nu la, nye ŋutasẽnuwɔwɔwo va do fievo ale gbegbe.

 Esi mexɔ ƒe 18 la, mege ɖe United States ƒe asrafohaa me. Hehe si mexɔ le asrafohaa me la wɔe be megava srɔ̃ amewuwu tsɔ kpe ɖe anyrawɔwɔ ƒe nɔnɔme si nɔ asinye xoxo la ŋu. Le ƒe atɔ̃ megbe la, medo le asrafohaa me heyi ɖasrɔ̃ susuŋutinunya kple susu be mava wɔ dɔ le Dukɔa Ƒe Hlɔ̃nyamekuƒea gbe ɖeka. Mete nua sɔsrɔ̃ le yunivɛsiti aɖe le United States eye emegbe meva yi edzi le Canada esi meʋu yi afi ma.

 Esime menɔ yunivɛsitia dem la, amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi bliboa kple amegbetɔƒomea ƒe nɔnɔmewo wɔe be mɔkpɔkpɔ bu ɖem. Amewo nye ɖokuitɔdilawo, edze be viɖe aɖeke mele naneke ŋu le xexea me o, eye wòdze abe amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu aɖeke meli o ene. Nyemeganɔ mɔ kpɔm be amegbetɔwo ate ŋu ana nuwo nanyo ɖe edzi le xexea me o.

 Esi mekpɔe be taɖodzinu aɖeke mele nye agbe ŋu o ta la, meva tsɔ aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã ɖo dɔe, eye mevu ɖe gadidi ŋu heƒo ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. Metsona le aglotuƒe yia aglotuƒe eye menɔa nyɔnuwo ɖɔlim. Hehe si mexɔ le asrafohaa me la wɔe be dzi nɔa ƒonye, eya ta medaa kɔ kple amewo zi geɖe. Nye ŋutɔ meɖo dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo na ɖokuinye, eye metua nu kple ame ɖe sia ɖe si mesusu be mewɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu nyuie o. Evɔ le nyateƒe me la, ɖe meva zu kluvi na ŋutasẽnuwo wɔwɔ boŋ.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Gbe ɖeka esi nye kple xɔ̃nye aɖe míeno atike vɔ̃ɖi mu eye míenɔ nye xɔtexɔa me henɔ gbekuigba dom be míavɛ dzra la, xɔ̃nyea biam nenye be mexɔ Mawu dzi se. Meɖo eŋu nɛ be, “Ne Mawu gbɔe fukpekpe siwo le xexea me tso la, ke nyemedi be manya naneke tso Mawu ŋu o!” Le ŋufɔke esi meyi nye dɔ yeyea me zi gbãtɔ la, nye dɔwɔhati aɖe si nye Yehowa Ðasefo la biam be, “Ðe nèsusu be Mawu gbɔe fukpekpe siwo le xexea me tsoa?” Ewɔ nuku nam be ebia nya mam le ɣeyiɣi ma tututu me, eya ta medi be mase nya si le esi. Le ɣleti ade siwo kplɔe ɖo me la, míeɖo dze geɖe, eye wòtsɔ Biblia ɖo nyabiase sesẽtɔ siwo nɔ asinye ku ɖe agbea ŋu la dometɔ aɖewo ŋu nam.

 Nye ahiãvi si nɔ gbɔnye ɣemaɣi si nye kplii míenɔ ŋugbedodo me la medi be maƒo nu tso nu siwo srɔ̃m menɔ ŋu na ye o. Le Kwasiɖa aɖe gbe la, megblɔ nɛ be mekpe Ðasefowo be woava srɔ̃ Biblia kpli mí le míaƒe aƒea me. Le ŋufɔke esi megbɔ tso dɔme la, mekpɔe be efɔ nu sia nu le aƒea me hedzo le gbɔnye. Medo go yi xexe hefa avi. Eye medo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye. Emae nye zi gbãtɔ si meyɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le gbedodoɖa me.—Psalmo 83:18.

 Le ŋkeke eve megbe la, atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo la dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim zi gbãtɔ. Esi wodzo la, meyi Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi si wogblẽ ɖe gbɔnye la xexlẽ dzi hewu enu le zã ma me. a Nu siwo mesrɔ̃ tso Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Mesrɔ̃e be Yehowa sea veve ɖe ame nu eye etena ɖe edzi ne míele fu kpem. (Yesaya 63:9) Esi mesrɔ̃e be Mawu lɔ̃m eye Via va ku ɖe tanye la, esia hã wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. (1 Yohanes 4:10) Meva kpɔe be ɖe Yehowa gbɔ dzi ɖi nam, “elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Petro 3:9) Mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ nye hem va eɖokui gbɔ.—Yohanes 6:44.

 Mete hame ƒe kpekpewo dede le kwasiɖa ma ke me. Ða legbe nɔ ta nam, togɛ nɔ to nam, eye nye dzedzeme ɖi vɔvɔ̃, gake Ðasefoawo wɔ nu ɖe ŋunye abe ɖe menye woƒe ƒometɔ aɖe si womegakpɔ kpɔ o ene. Woƒe nuwɔnawo ɖee fia be Kristotɔ vavãwoe wonye. Mese le ɖokuinye me abe ɖe mele nɔnye dzilawo ƒe me ene, gake afi sia tɔ ya ganyo wu sãa.

 Eteƒe medidi o, nu siwo srɔ̃m menɔ le Biblia me la wɔe be meva nɔ tɔtrɔwo wɔm le nye agbe me. Mekpa ɖa, medzudzɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, atike vɔ̃ɖiwo zazã kple aha tsu nono. (1 Korintotɔwo 6:9, 10; 11:14) Medi be madze Yehowa ŋu. Eya ta ne mesrɔ̃e be nane si mewɔna medzea eŋu o la, nyemetsɔa naneke doa taflatsɛ o. Ke boŋ, etena ɖe dzinye vevie be mele agbe ma nɔm. Megblɔna na ɖokuinye be, ‘Nyemagate ŋu ayi edzi anɔ agbe alea o.’ Eye medzea agbagba enumake be matrɔ nye nuŋububu kple nuwɔnawo. Esia wɔe be eteƒe medidi o, meva kpɔe be viɖe geɖe dona tsoa eme nam ne mewɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi. Le July 29, 1989 dzi, si nye ɣleti ade tso esime mete Biblia sɔsrɔ̃ megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ

 Biblia kpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ. Tsã la, mewɔa nu adãtɔe ne ame aɖe di ge le ŋunye. Gake fifia ya, medzea agbagba be manɔ “anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” (Romatɔwo 12:18) Nyemedze na esia ŋuti kafukafu o, ke boŋ medaa akpe na Yehowa ɖe ŋusẽ si le eƒe Nyaa kple gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be wòatrɔ ame ƒe agbenɔnɔ la ta.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Hebritɔwo 4:12.

 Fifia, nyemeganye kluvi na atike vɔ̃ɖi zazã, ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ medzea agbagba be madze Yehowa Mawu ŋu ahasubɔe bliboe. Eya ta mekpena ɖe amewo ŋu be woava dze sii. Ƒe ʋɛ aɖewo le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, meʋu yi dukɔ bubu me be makpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le nuto siwo me nya nyui gblɔlawo hiã le geɖe wu. Ƒe geɖewoe nye esia mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ be mesrɔ̃ Biblia kple ame geɖe eye mekpɔ ale si wòkpe ɖe woawo hã ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Edzɔ dzi nam ŋutɔ hã be nɔnye va zu Yehowa Ðasefo—eye tɔtrɔ nyui siwo wòkpɔ be mewɔ le nye agbenɔnɔ ŋu hã le eme tae wòɖe afɔ sia ɖo.

 Le 1999 me la, mede suku si woyɔna fifia be Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku le El Salvador. Suku ma na hehem hena mesu te be maxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me eye mafia nu hamea me tɔwo ahalé be na wo. Emegbe le ƒe ma me la, meɖe nyɔnu nyui aɖe si ŋkɔe nye Eugenia. Nye kplii míele ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le Guatemala.

 Fifia ya, nyemegatɔtɔ le agbe me o, ke boŋ mele dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Biblia ƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ wɔe be nyemegaƒoa ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo me o, eye wòna lɔlɔ̃ vavã kple ŋutifafa xɔ aƒe ɖi le nye agbe me.

a Fifia, Biblia-srɔ̃gbalẽ si Yehowa Ðasefowo zãna zi geɖe ye nye Nu Kae Biblia Fia Mí?