Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Mewɔa Adã” Tsã

“Mewɔa Adã” Tsã
  • Ƒe Si Me Wodzii: 1975

  • Dukɔ Si Me Wòtso: Mexico

  • Ame Si Wònye Tsã: Adãwɔla; gaxɔmenɔla

NYE ŊUTINYA

 Wodzim le San Juan Chancalaito, si nye du sue aɖe si le Chiapas, le Mexico. Chol-tɔwoe nye ƒomea nye, eye míenye Mayawo ƒe dzidzimeviwo. Mí ame 12 ye wodzi, eye nyee nye atɔ̃lia. Esime menɔ ɖevime la, Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nye kple nɔvinyewo. Nublanuitɔe la, nyemenɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu le nye ɖevime o.

 Esi mexɔ ƒe 13 la, menɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm eye mefia fi hã. Ɣemaɣie meʋu le aƒe me eye mezu gbɔdomevi. Esi mexɔ ƒe 16 la, mete dɔwɔwɔ le gbekuigble aɖe me. Esi mewɔ dɔ le agblea dzi abe ƒe ɖeka ene la, eva dzɔ le zã aɖe me be esi míetsɔ gbekui gbogbo aɖewo de agba na tɔdziʋu aɖe yina teƒe bubu la, atike vɔ̃ɖi sitsalawo ƒe ha bubu aɖe si me tɔwo kpla aʋawɔnu sesẽwo la va dze mía dzi. Nu si wɔe be woƒe tukpewo melɔm o ye nye be, meti kpo dze tɔsisia me hedo ɖi ɖe eme heɖaho ɖe dzi le ŋgɔgbe ɖaa. Le esia yome la, mesi yi Amerika.

 Le Amerika la, meyi atike vɔ̃ɖi ƒe asitsatsaa dzi, si wɔe be meɖo kuxi sesẽ bubuwo me. Esi mexɔ ƒe 19 la, wolém hedem gaxɔ me le esi meda adzo amewo eye mete kpɔ be mawu ame ta. Le gaxɔa me la, meɖo adzogliha aɖe me, eye megawɔ ŋutasẽnu kple nu vlo bubuwo. Le esia ta la, gaxɔa dzi kpɔlawo ɖem yi gakpɔ si dzɔlawo ƒe ŋku nɔa ame ŋu vevie le la me le Lewisburg, Pennsylvania.

 Le Lewisburg gakpɔa me la, nye agbenɔnɔ va do fievo ɖe edzi. Esi wònye be meta adzoha si me menɔ va yi la ƒe dzesiwo ɖe ŋuti ta la, enɔ bɔbɔe nam be magaɖo adzoha ma ke me le gakpɔ sia me. Nye ŋutasẽnuwɔwɔwo gava nyra ɖe edzi, eye avuwɔwɔ kple dzre sesẽwo dzi koe menɔna. Gbe ɖeka, avu nyagãa aɖe ɖo adzogliha si me menɔ la kple adzogliha bubu dome le gakpɔa me. Míewɔ avua eteƒe mekɔ o, míetsɔ kpowo kple gakpo siwo wotsɔ dea kame la ɖe mía nɔewo ŋu. Aɖiyae gakpɔa ƒe dzɔlawo zã hafi te ŋu lé avua. Esia megbe la, gaxɔa dzi kpɔlawo dem gakpɔa ƒe akpa tɔxɛ aɖe si adzogli sesẽwo nɔna eye dzɔlawo ƒe ŋku nɔa wo ŋu la me. Ɣemaɣi la, mewɔa adã, eye meƒoa nu na ame amemabumabutɔe. Metea ŋu ƒoa amewo bɔbɔe. Le nyateƒe me la, kɔdada dzɔa dzi nam. Meveam gɔ̃ hã be mewɔa nu mawo o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Esime menɔ gakpɔa ƒe akpa si adzogli sesẽwo nɔna me la, nye ɖeka koe nɔa gaxɔa me ŋkekea ƒe akpa gãtɔ, eya ta mexlẽa Biblia tsɔ ɖea modzakae. Emegbe dzɔla aɖe na agbalẽ si nye Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi lam. a Esime menɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ ma xlẽm la, meɖo ŋku nu siwo mesrɔ̃ le ɖevime esime Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí la dometɔ geɖe dzi. Eyome mede ŋugble le ale si gbegbe metrae le esi meva zu ŋutasẽnuwɔla ta la ŋu. Meɖo ŋku nye ƒomea hã dzi. Esi nɔvinyenyɔnu eve va zu Yehowa Ðasefowo ta la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Woawo ya woanɔ agbe tegbee.’ Eyome mebia ɖokuinye be, ‘Ke nu ka tae nye ya nyemate ŋui o?’ Ɣemaɣie meɖoe kplikpaa be matrɔ nye agbenɔnɔ.

 Ke hã, mede dzesii be ehiã be ame aɖe nakpe ɖe ŋunye mawɔ tɔtrɔ. Eya ta gbã la, medo gbe ɖa na Yehowa Mawu heɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋunye. Eyome meŋlɔ agbalẽ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Amerika hebia be woava srɔ̃ Biblia kplim. Alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo be hame aɖe si tsɔ gbɔnye la nana ame aɖe nava srãm kpɔ. Le ɣeyiɣi mawo me la, womeɖea mɔ be ame siwo menye nye ƒometɔwo o la nava srãm kpɔ o, eya ta Ðasefo aɖe si nɔ hamea me la nɔ dzideƒonamelɛtawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖom ɖem, si wɔe be megadi vevie wu be matrɔ nye agbenɔnɔ.

 Meɖe afɔ vevi aɖe esi metso nya me be mado le adzogliha si me menɔ ƒe geɖe la me. Adzoglihaa ƒe ŋgɔnɔla hã nɔ gakpɔa ƒe akpa tɔxɛ ma, eya ta mete ɖe eŋu le míaƒe modzakaɖeɣiawo dometɔ ɖeka me hegblɔ nɛ be medi be mazu Yehowa Ðasefo. Ewɔ nuku nam be eɖo eŋu nam be: “Ne emae nèdi vavã la, ke faa. Nyemedi be made nu Mawu ƒe nya me o. Gake ne ɖeko nèdi be yeado le mía dome ya la, ke wò ŋutɔ ènya emetsonuawo.”

 Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, gaxɔa dzi kpɔlawo de dzesi ale si nye amenyenye trɔe. Eya ta wowɔa nu ɖe ŋunye ameŋububutɔe wu. Le kpɔɖeŋu me, dzɔlawo megadea kunyowu asi nam ne wova le nye kplɔ ge tso nye gaxɔa me ayi tsileƒe o. Dzɔlawo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã te ɖe ŋunye hede dzi ƒo nam be mayi tɔtrɔ siwo wɔm menɔ la dzi. Kura gɔ̃ hã la, le nye gaxɔmenɔnɔ ƒe ƒe mamlɛtɔ me la, gakpɔa dzi kpɔlawo na woɖem yi afi si ŋku meganɔa ame ŋu fũu le o le afi si te ɖe gakpɔ gãtɔ ŋu. Le ƒe 2004 me, si nye nye gaxɔmenɔnɔ ƒe ewo megbe la, woɖe asi le ŋunye eye wodem gaxɔa ƒe ʋu me heɖom ɖe mía de Mexico.

 Esi meɖo Mexico megbe kpuie la, medi afi si Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata le. Gaxɔmenɔlawo ƒe awu ye medo yi kpekpe gbãtɔ si mede, elabena eya koe nye awu nyui si nɔ asinye. Togbɔ be nye dzedzeme nɔ alea hã la, Ðasefoawo xɔm nyuie ŋutɔ. Esi mekpɔ ale si wonyo dɔme nam la, mese le ɖokuinye me be Kristotɔ vavãwo domee menɔ. (Yohanes 13:35) Le kpekpe ma me la, hamemetsitsiwo wɔ ɖoɖo be hamea me tɔ aɖe nasrɔ̃ Biblia kplim. Le ƒe ɖeka megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le September 3, 2005 dzi.

 Le January 2007 me la, mezu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, si fia be mezãa gaƒoƒo 70 tsɔ fiaa nu amewo tso Biblia me ɣleti sia ɣleti. Le ƒe 2011 me la, medo le Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃sukua (si woyɔna fifia be Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku). Suku sia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ be mete ŋu le hamea ƒe agbanɔamedzi siwo le dzinye la tsɔm.

Dzidzɔe wònye nam azɔ be mafia nu amewo be woanye ŋutifafamewo

 Le ƒe 2013 me la, meɖe srɔ̃nye lɔlɔ̃a Pilar. Egblɔna vividoɖeameŋutɔe be esesẽna na ye be yeaxɔ nya siwo megblɔna na ye tso nu siwo mewɔ va yi ŋu la dzi ase. Nyemegatrɔ ɖe nye tsãgbenɔnɔa ŋu gbeɖe o. Nye kple srɔ̃nye míexɔe se be ame si menye egbea la nye ɖaseɖiɖi be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ vavã.—Romatɔwo 12:2.

VIÐE SIWO MEKPƆ

 Mekpɔe be nya siwo Yesu gblɔ le Luka 19:10 la ka nye hã. Egblɔ le afi ma be: ‘Meva be madi ame siwo bu la ahaɖe wo.’ Nyemegasena le ɖokuinye me be mebu le agbe me o. Eye nyemeganɔa yiyim nɔa nu vevi wɔm amewo o. Le Biblia ƒe kpekpeɖeŋu me la, taɖodzinu nyuitɔ kekeake le nye agbe ŋu azɔ, mele ŋutifafa me kple amewo, eye vevietɔ wu la, mele ƒomedodo nyui me kple nye Wɔla, Yehowa.

[ETENUŊƆŊLƆ]

a Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ sia, gake womegale etam fifia o. Biblia-srɔ̃gbalẽ si wozãna fifia koŋue nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!