Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Ðeko Nye Agbenɔnɔ Nɔ Vovlom Ðem Edzi

Ðeko Nye Agbenɔnɔ Nɔ Vovlom Ðem Edzi
  • ƑE SI ME WODZII: 1952

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: AMERIKA

  • AME SI WÒNYE TSÃ: DZIKUME SI SẼA ŊUTA

NYE ŊUTINYA:

Amerikadu si nye Los Angeles ƒe nuto siwo amewo nya be adzoglihawo kple atike muame zãlawo bɔ ɖo la mee menɔ tsi. Mí ame ade ye mía dzilawo dzi, eye nyee nye vi evelia.

Evangelika-ha mee nɔnye na míenɔ. Gake esi menɔ nye ƒewuiwo mea, meva nɔ agbe eve nɔm. Esi menɔ sɔlemehaa ƒe hadzihaa me ta, medzia ha Kwasiɖagbewo. Gake le ŋkeke bubuwo dzia, nye kple xɔ̃nyewo míedea patiwo, míezãa atike vɔ̃ɖiwo eye míenɔa agbe gbegblẽ.

Medoa dziku kabakaba eye mesẽa ŋuta ale gbegbe. Mezãa nu sia nu si mekpɔ tsɔ ʋlia ɖokuinye ta. Sɔlemedede metrɔ nye agbenɔnɔ o. Megblɔna be: “Aƒetɔ la tɔe nye hlɔ̃biabia, eye nyee nye eƒe dɔtsɔvi!” Le ƒe 1960-awo mea, menɔ sekɛndrisuku, eye dunyaheha aɖe si woyɔna be Kpɔ̃ Yibɔwo (Black Panthers), si wɔa nu adãtɔe tsɔ ʋlia dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesiwo ta la ƒe nu va dzɔa dzi nam. Esia na megeɖe sukuviwo ƒe habɔbɔ aɖe si ʋlia amewo ƒe gomenɔamesiwo ta la me. Míelɔ gbɔ zi geɖe, eye ɣesiaɣi si míewɔea, wotua sukua hena ɣeyiɣi aɖe.

Edze abe gbɔlɔlɔ mawo mena meɖi kɔ na ŋutasesẽ ƒe nɔnɔme si le menye o ene. Eya ta meva léa fu amewo eye mewɔa nu vlo ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka nye kple xɔ̃nyewo míeyi vae kpɔ film aɖe. Le film la mea, woɖe ale si Amerika yevuwo wɔ fu kluvi siwo tso Afrika. Esi nu madzɔmadzɔ ma ku dzi na mí vevie taa, míedze yevuvi siwo nɔ filmkpɔƒea dzi zi ɖeka eye míeƒo wo. Emegbe míeyi nuto siwo me yevuwo ɖeɖe le nɔ wodim be míaƒo.

Nyemexɔ ƒe blaeve gɔ̃ hã hafi wonya nye kple nɔvinyeŋutsuwo be míenye gbevuwo o. Míeɖoa nya me le setɔwo gbɔ enuenu. Nɔvinye ɖeka va nɔ adzogliha xɔŋkɔ aɖe me, eye nye hã medea ha kpli wo. Ðeko nye agbenɔnɔ nɔ vovlom ɖe edzi.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Xɔ̃nye aɖe dzilawo nye Yehowa Ðasefowo. Wokpem be made yewoƒe kpekpe aɖe, eye melɔ̃ yi. Mekpɔe tso kpekpea ƒe gɔmedzedze ke be Ðasefowo to vovo ŋutɔ. Biblia le ame sia ame si wòzã le kpekpea me. Ðeviwo gɔ̃ hã ɖo nya ŋu! Meva srɔ̃e be ŋkɔ le Mawu si, si nye Yehowa, eye mesee woyɔ ŋkɔ ma le kpekpea. (Psalmo 83:18) Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ! Dukɔ vovovo me tɔwoe nɔ hamea me, gake edze ƒãa be womede vovo wo nɔewo me o.

Gbãa, nyemedi be Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim o, gake melɔ̃a woƒe kpekpewo ya dede. Gbe ɖeka fiẽ, esi menɔ Ðasefowo ƒe kpekpe mea, xɔ̃nye aɖewo yi kɔnsɛt kpɔƒe. Wodo go ƒewuivi aɖe le afi ma, si gbe be yemaɖe asi le yeƒe awu xɔasi ŋu na wo o; eya ta woƒoe wòku. Esi ŋu kea, wonɔ adegbe ƒom le nu si wowɔ la ŋu. Eye esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m wo gɔ̃ hã, ɖeko wotsɔ nyaa fefee. Wobu fɔ wo dometɔ akpa gãtɔ be woanɔ gaxɔ me woƒe agbe me katã. Dzi dzɔm ŋutɔ be nyemenɔ afi ma kpli wo zã ma me o. Esia na meva ɖoe be matrɔ nye agbenɔnɔ, eye mate Biblia sɔsrɔ̃.

Esi mekpɔ ale si yevuwo kple ameyibɔwo menyina o teƒe zi geɖe taa, nu siwo mekpɔ le Ðasefowo domea wɔ nuku nam ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi Ðasefo aɖe si nye yevu le mɔ zɔ gea, egblẽ viawo ɖe ƒome aɖe siwo nye ameyibɔwo gbɔ. Eye ƒome aɖe hã siwo nye yevuwoa na xɔ ɖekakpui aɖe si nye ameyibɔ ɖe wo ƒe me. Esia na meva ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 13:35 dzi; afi ma gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” Menya be meke ɖe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe ŋu!

Biblia sɔsrɔ̃ na meva kpɔe be ehiã be matrɔ nye nuŋububu. Ele be mawɔ nye tamesusu yeyee, menye kple susu be mawɔ nu le ŋutifafa me ko o, ke boŋ le esi emae nye mɔ nyuitɔ si nu wòle be manɔ agbe ɖo ta. (Romatɔwo 12:2) Meva yi ŋgɔ vivivi. Eye le January 1974 mea, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

Ehiã be mawɔ nye tamesusu yeyee, ale be menye ɖeko manye ŋutifafame ko o, ke boŋ malɔ̃ ɖe edzi hã be eyae nye nu nyuitɔ si wòle be mawɔ le agbe me

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã, egahiã kokoko be maɖu nye dziku dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi nye kple nɔvi aɖewo míenɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe mea, ame aɖe va fi radio le nye ʋu me, eye meyɔe ɖe nu. Esi megogoea, eɖe asi le radioa ŋu hesi dzo. Esi megblɔ nu si dzɔ la na nɔviawoa, hamemetsitsi aɖe si le wo dome biam be: “Stephen, ne ɖe nèlée ɖe, nu kae nàwɔ nɛ?” Nyabiase ma na mebu tame, eye meɖoe kplikpaa wu tsã be madze agbagba anye ŋutifafame.

Le October 1974 mea, mezu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, eye mezãa gaƒoƒo 100 ɣleti sia ɣleti tsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo. Emegbe mɔnukpɔkpɔ su asinye meva kpe asi ɖe dɔ ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, le New York. Le ƒe 1978 mea, metrɔ yi Los Angeles be makpɔ nɔnye si dze dɔ la gbɔ. Ƒe eve megbea, meɖe srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Aarhonda. Ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ míekpɔ dada dzi va se ɖe esime wòku. Emegbe nye kple Aarhonda míede Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku, eye woɖo mí ɖe Panama, afi si míekpɔtɔ nye dutanyanyuigblɔlawo le.

Tso esime mexɔ nyɔnyrɔa, medo go nɔnɔme geɖe siwo ate ŋu ana masẽ ŋuta le amewo ŋu hafi. Meva srɔ̃e be ele be madzo le ame siwo di be yewoado dziku nam la gbɔ kpoo, alo ato mɔ aɖe dzi ahe ŋutifafa vɛ. Srɔ̃nye kple ame geɖewo kafuam ɖe ale si mekpɔ kuxi mawo gbɔe ta. Ewɔa nuku na nye ŋutɔ hã! Nyemekpɔe be nye ŋutɔ nye ŋusẽ mee mete ŋu trɔ nye amenyenye le o. Ke boŋ mexɔe se be, enye kpeɖodzi be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe nɔnɔme.—Hebritɔwo 4:12.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Biblia kpe ɖe ŋunye meva le agbe si ŋu viɖe le nɔm fifia, eye wòfiam ale si manye ŋutifafame ŋutɔŋutɔ. Nyemegaƒoa amewo azɔ o; ke boŋ mezãa Mawu ƒe Nyaa tsɔ kpena ɖe wo ŋu be woahaya. Mesrɔ̃ Biblia kple ame aɖe si nye nye futɔ tsã le suku gɔ̃ hã! Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, nye kplii míeva nɔ xɔ ɖeka me hena ɣeyiɣi aɖe. Míeva zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo va se ɖe egbe. Nye kple srɔ̃nye míesrɔ̃ Biblia kple ame 80 kple edzivɔ hekpe ɖe wo ŋu wova zu Yehowa Ðasefowo.

Medaa akpe na Yehowa tso dzi me ke be, ekpe ɖe ŋunye meva le agbe si ŋu viɖe le la nɔm, eye mele dzidzɔ kpɔm le nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe me.