Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SƆHƐWO

Ale Si Nàɖu Wò Dziku Dzi

Ale Si Nàɖu Wò Dziku Dzi

KUXIA

“Medo ɣli ɖe nɔvinye nyɔnu ta sesĩe heʋu ʋɔa sesĩe ale gbegbe be ʋɔtrua ƒe asiléƒe ŋɔ glia. Ɣesiaɣi si mekpɔ gli ŋɔŋɔa la, eɖoa ŋku ɖevinu si mewɔ va yi la dzi nam.”​—Diane. *

“Medo ɣli sesĩe gblɔ na tɔnye be ‘Vifofo vɔ̃ɖie nènye’ eye mehe ʋɔa sesĩe be wòatu. Gake hafi ʋɔa natu la, mekpɔe le tɔnye ƒe mo be nya si megblɔ la vee vevie, afi mae mekpɔe le be ɖe menya medoa ŋgɔ o.”​—Lauren.

Ðe nu si dzɔ ɖe Lauren kple Diane dzi la dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Ne nenemae la, nyati sia aɖe vi na wò.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Dzikudodo helĩhelĩ ana ŋkɔ nyui manɔ ŋuwò o. Briana si xɔ ƒe 21 fifia gblɔ be: “Tsã la, mesusui be ele be amewo nase egɔme nam be dzikumee menye. Gake meva de dzesii be ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o la nye bometsilawo, esia na menyɔ le ɖokuinye me hekpɔe be aleae amewo bua nye hãe!”

Biblia gblɔ be: “Dɔmedzoetɔ wɔa bometsinu.”​—Lododowo 14:17.

Abe ale si ko amewo sina le dzoto ƒe wówo nu ene la, nenema kee amewo sina le ame si ɖea eƒe dziku ƒona ɖi bababa la nu

Dzikudodo helĩhelĩ ana amewo malɔ̃ ate ɖe ŋuwò o. Daniel si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Ne èdoa dziku helĩhelĩ la, aklo bubu le ŋuwò eye ame siwo dome nèle hã made bubu ŋuwò o.” Elaine si hã xɔ ƒe 18 lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Amewo melɔ̃na tena ɖe dzikutɔ ŋu o, elabe wovɔ̃na nɛ.”

Biblia gblɔ be: “Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mia kple dzikutɔ migado ka o.”​—Lododowo 22:24.

Àte ŋu atrɔ. Sara si xɔ ƒe 15 gblɔ be: “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nɔnɔme aɖe ana nàsẽ le ɖokuiwò me la dzi o, gake àte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nàwɔ nui ya dzi. Mele be nàdo dziku helĩhelĩ o.”

Biblia gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye ame si ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.”​—Lododowo 16:32.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ðo taɖodzinu na ɖokuiwò. Le esi nànɔ gbɔgblɔm be, “Alea koe nye ya mele” teƒe la, ɖoe kplikpaa be nàwɔ tɔtrɔ le ɣeyiɣi ƒe didime aɖe koŋ me​—ɖewohĩ le ɣleti ade dome. Le ɣeyiɣi ma me la, ŋlɔ ale si nuwo le yiyim la ɖi. Ɣesiaɣi si nedo dziku helĩhelĩ la, de dzesi nu siwo gbɔna la ɖi: (1) nu si dzɔ, (2) ale si nèwɔ nui, kple (3) ale si wòle be nàwɔ nui hafi​—kple nu si tae. Eye nàɖoe wò taɖodzinu be yeawɔ nu le mɔ nyuitɔa nu ɣebubuɣi si ame aɖe gado dziku na wò. Aɖaŋuɖoɖo: Nɔ dzidzedze siwo kpɔm nèle la hã ŋlɔm ɖi. Ŋlɔ ale si dzi dzɔ wòe esime nèɖu ɖokuiwò dzi la ɖi.​—Biblia ƒe mɔfiame: Kolosetɔwo 3:8.

Lala vie hafi nàɖe afɔ. Ne nane alo ame aɖe do dziku na wò la, mègagblɔ nya gbãtɔ si va susu me na wò o. Ke boŋ gbɔ dzi ɖi. Ðewohĩ anyo be nàgbɔ ayi eme ʋĩi. Erik si xɔ ƒe 15 gblɔ be: “Ne megbɔ alea la, enana mebua nyaa ŋu nyuie ale be nyemaɖe afɔ aɖe alo agblɔ nya si ava vem emegbe o.”​—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 21:23.

Bu nya ŋu yi ŋgɔ. Ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu ado dziku elabena nyaa ƒe akpa ɖeka ko kpɔm nèle, si nye nu si na nèdo dzikua. Dze agbagba nàlé ŋku ɖe nyaa ƒe akpa bubuwo hã ŋu kpɔ. Jessica si nye ɖetugbui aɖe gblɔ be: “Ne wowɔ nu si mesɔ o ɖe ŋunye gɔ̃ hã la, susu aɖe kokoko nɔa anyi si tae meɖea asi le nyaa ŋu.”​—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 19:11.

Ne anya wɔ la, dzo le teƒea. Biblia gblɔ be: ‘Dzudzɔ dzre hafi ne wòava do gã.’ (Lododowo 17:14) Abe ale si mawunyakpukpui sia gblɔe ene la, enyona ɣeaɖewoɣi be woadzo le teƒea hafi nɔnɔmea nava trɔ bubui. Eye le esi nàyi edzi anɔ nu si dzɔ la ŋu bum ahana dzi nàku wò ɖe edzi teƒe la, di nane nànɔ wɔwɔm boŋ. Ðetugbui si ŋkɔe nye Danielle gblɔ be: “Mekpɔe be kamedede kpena ɖe ŋunye meɖea dzi ɖi eye wònana meɖua dziku dzi.”

Lɔ̃ faa nàɖe asi le nyaa ŋu. Biblia gblɔ be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nu vɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me . . . , eye mizi ɖoɖoe!” (Psalmo 4:5) De dzesii be naneke megblẽ le eŋu ne dzi ku mí o. Nya la boŋue nye be, Nu kae míawɔ ne dzi ku mí? Ðekakpui si ŋkɔe nye Richard gblɔ be: “Ne èna ame bubuwo ƒe nuwɔna na nèdo dziku helĩhelĩ la, ke èna wole ŋusẽ kpɔm ɖe dziwò. Ðe manyo be nàɖee afia be yetsi ahaɖe asi le nyaa ŋu oa?” Ne èwɔe alea la, àɖee afia be yekpɔ ŋusẽ ɖe dziku dzi, ke menye be dziku kpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.