Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Oleh_Slobodeniuk/E+ via Getty Images

Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O

Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O

“Ŋusẽ le anyigba ŋu wu ale si míesusui.”

Nya sia ye numekulawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo tso dukɔ vovovowo mea gblɔ esi wonɔ nu ƒom tso yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔwo ŋu. Ne èxɔe se be Wɔla aɖe li eye etsɔ ɖe le eme na mía, ke nya sia si numekula siawo gblɔa ana wò susu nayi mɔ wɔnuku si nu Mawu wɔ anyigba le be wòate ŋu alé eɖokui ɖe tea dzi.

Togbɔ be ele alea hãa, ale si gbegbe amegbetɔwo le anyigba dome gblẽma wɔe be anyigba magate ŋu aɖɔ ɖo le eɖokui si o. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ nane tso eŋu?

Mawunyakpukpui siwo gbɔnaa na míeka ɖe edzi be anyigba matsrɔ̃ o eye woaɖɔ nu siwo gblẽ le eŋua ɖo gɔ̃ hã.

  • Mawue wɔ míaƒe anyigbaa. “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—1 Mose 1:1

  • Mawu tɔe nye anyigbaa. “Yehowa a tɔe nye anyigba la kple edzinuwo katã, xexe blibo la kple emenɔlawo katã.” —Psalmo 24:1

  • Mawu wɔ míaƒe anyigba be wòanɔ anyi ɖaa. “Eɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi; maʋã akpɔ o tso mavɔ me yi mavɔ me.” —Psalmo 104:5

  • Mawu do ŋugbe be nu gbagbewo anɔ anyigba dzi tegbee. “Eya, ame si nye Mawu vavã la, anyigba la Mèla, . . . menye ɖeko wòwɔe dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.”—Yesaya 45:18

  • Mawu do ŋugbe be amegbetɔwo anɔ anyigba dzi tegbee. “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29

Mawu wɔ anyigba le mɔ tɔxɛ aɖe nu be amegbetɔwo nase vivi nɛ evɔ womagblẽ edome o. Biblia gblɔe ɖi be Yehowa Mawu atsrɔ̃ ame siwo le anyigbaa dome gblẽm le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.—Nyaɖeɖefia 11:18

Biblia do ŋugbe be le ema megbea, Mawu atrɔ anyigba wòazu Paradiso nyakpɔ aɖe, eye nu sia nu aɖɔ ɖo le edzi. Ɣemaɣia, aʋu eƒe asi me eye ‘wòatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo.’—Psalmo 145:16

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.