Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Tsɔtsɔke?

Nu Kae Nye Tsɔtsɔke?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Tsɔtsɔke nye agɔ si ame aɖe dze le ame dzi la tsɔtsɔ ke. Helagbe me nya si gɔme woɖena be “tsɔtsɔke” le nya ŋutɔŋutɔ nu la fia be “woaɖe asi le nu ŋu,” abe ale si ame aɖe naɖe asi le fe si wonyi le eŋu la ŋu ene. Yesu zã kpɔɖeŋu sia esi wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, elabena míawo ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu.” (Luka 11:4) Nenema kee le eƒe lododo si ku ɖe kluvi nublanuimakpɔla ŋu me la, Yesu tsɔ tsɔtsɔke sɔ kple flitete ɖe fe si ame aɖe nyi le nɔvia ŋu la me.​—Mateo 18:23-​35.

 Míetsɔ kea amewo ne mímelé wo ɖe dɔme alo bia be woaɖo nu si wogblẽ le mía ŋu la teƒe na mí o. Biblia fia nu be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ye ʋãa ame wòtsɔa agɔ si wodze le edzi la kena tso dzi me, elabena lɔlɔ̃ “meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.”—1 Korintotɔwo 13:4, 5.

Nu si tsɔtsɔke mefia o

  •   Mefia nu gbegblẽ dzi dede o. Biblia meda asi ɖe ame siwo gblɔna be nu gbegblẽ wɔwɔ nyo alo menye vɔ̃ o la ƒe susu dzi o.​—Yesaya 5:20.

  •   Mefia be ame nawɔ nu abe ɖe womedze agɔ aɖeke le edzi ene o. Mawu tsɔ Fia David ƒe nu vɔ̃ gã aɖe kee, gake mekpɔ David ta tso eƒe nu vɔ̃ me tsonu gbegblẽwo me o. Mawu na woŋlɔ David ƒe nu vɔ̃wo ɖi gɔ̃ hã, si wɔe be amewo ɖoa ŋku edzi egbea.​—2 Samuel 12:9-13.

  •   Mefia be nàɖe mɔ ame bubuwo naba wò o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èdo ga na ame aɖe gake egblẽ ga dome eye mete ŋu xe gaa na wò abe ale si wòdo ŋugbee ene o. Eɖe kuku na wò ɖe ale si nuwo va yii ta. Àte ŋu atiae be yeatsɔe akee faa, màganɔ nya ma hem ɖe go o, alo àte ŋu ate fli ɖe fe si wònyi le ŋuwò la me gɔ̃ hã. Gake àte ŋu atiae hã be yemagado ga na amea azɔ o.—Psalmo 37:21; Lododowo 14:15; 22:3; Galatiatɔwo 6:7.

  •   Mefia be woatsɔ ake ame si metrɔ dzi me o. Mawu metsɔna kea ame siwo ɖonɛ koŋ wɔa nu vɔ̃ hegbea lɔlɔ̃ ɖe woƒe nu vɔ̃a dzi eye wogbena be yewomatrɔ nɔnɔme ahaɖe kuku na ame siwo ŋu woƒe nu vɔ̃a gblẽ nu le la o. (Lododowo 28:13; Dɔwɔwɔwo 26:20; Hebritɔwo 10:26) Ame matrɔdzime siawo va zua Mawu ƒe futɔwo, eye medi be míatsɔ ake ame siwo eya ŋutɔ metsɔ ke la o.​—Psalmo 139:21, 22.

     Ke ne ame aɖe wɔ tagbɔsesẽnu ɖe ŋuwò eye wògbe kukuɖeɖe na wò alo gbe lɔlɔ̃ ɖe eƒe nuwɔnaa dzi kura gɔ̃ hã ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.” (Psalmo 37:8) Togbɔ be esia mefia be nàde nu gbegblẽ dzi na amea o hã la, àte ŋu atiae be yemaɖe mɔ eƒe nuwɔna nana yeado dɔmedzoe o. Ka ɖe edzi be Mawu abia akɔnta tso amea si. (Hebritɔwo 10:30, 31) Gawu la, wò dzi nefa, elabe Mawu ɖoe be yeana ɣeyiɣi aɖe nava le etsɔme esime nu siwo doa vevesese na mí vevie alo ɖea fu na mí vevie egbea la maganɔ anyi o.​—Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4.

  •   Mefia nu si míawo ŋutɔ míesusu be enye agɔ wodze le mía dzi o. Ɣeaɖewoɣi la, le esi míatsɔ agɔ si míesusu be wodze le mía dzi ake teƒe la, ɖewohĩ ahiã be míalɔ̃ ɖe edzi be susu aɖeke meli si tae wòhiã be míado dziku ɖo o. Biblia gblɔ be: “Mègayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nɔna.”—Nyagblɔla 7:9.

Ale si nàwɔ atsɔ ake

  1.   Ðo ŋku nu si tsɔtsɔke lɔ̃ ɖe eme la dzi. Menye ɖe nèle nu gbegblẽ dzi dem na amea alo nèwɔ abe be ɖe amea medze agɔ ene o, ke boŋ ɖeko nèɖe asi le nyaa ŋu.

  2.   Nya viɖe siwo ate ŋu ado tso tsɔtsɔke me na wò. Asiɖeɖe le dziku ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò kpoo, ana nànɔ lãmesẽ me eye wòana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu. (Lododowo 14:30; Mateo 5:9) Gawu la, ne míetsɔ amewo ƒe vodadawo ke ko hafi Mawu atsɔ ake mí.​—Mateo 6:14, 15.

  3.   Se veve ɖe ame nu. Ame madeblibowoe mí katã míenye. (Yakobo 3:2) Abe ale si ko wòdzɔa dzi na mí ne wotsɔ míaƒe vodadawo ke míi ene la, nenema kee wòle be míawo hã míatsɔ amewo ƒe vodadawo ake woe.​—Mateo 7:12.

  4.   Se nu gɔme. Ne nu si wowɔ ɖe ŋuwò menye nya gã aɖeke o la, àte ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo.”—Kolosetɔwo 3:13.

  5.   Tsɔ ke kaba. Tsɔ ke kaba ale si wòanya wɔ ale be màganɔ nyaa ŋu bum ʋuu wò dziku nafla o.​—Efesotɔwo 4:26, 27.