Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Nu Vɔ̃?

Nu Kae Nye Nu Vɔ̃?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Nu vɔ̃ nye nuwɔna, tamesusu alo seselelãme aɖe si mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidiwo o. Elɔ Mawu ƒe sewo dzi dada to nu gbegblẽ alo nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me ɖe me. (1 Yohanes 3:4; 5:17) Biblia ƒo nu tso nu vɔ̃ si nye aɖabaŋeŋe ƒu nu si wòle be woawɔ dzi, si fia be ame nado kpo nu si wònye be esɔ la wɔwɔ.​—Yakobo 4:17.

 Le gbe gbãtɔ si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, nya nu vɔ̃ fia “woada ƒu le nane me,” alo ada dzidzenu aɖe ƒu. Le kpɔɖeŋu me, gbadagba aɖewo nɔ anyi le blema Israel siwo bi ɖe akafodada me ale gbegbe be womedaa “dadagbo o.” Ne woɖe nya ma gɔme nya ɖe nya nu la efia be womewɔa “nu vɔ̃ o.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:16) Eya ta ne wogblɔ be ame wɔ nu vɔ̃ la, efia be eda Mawu ƒe dzidzenuwo ƒu.

 Esi wònye be Mawu nye Wɔlaa ta la, ekpɔ mɔ aɖo dzidzenu siwo nu wòle be amegbetɔwo nanɔ agbe ɖo la na wo. (Nyaɖeɖefia 4:11) Abia akɔnta mí tso míaƒe nuwɔnawo ŋu.​—Romatɔwo 14:12.

Ðe wòanya wɔ be amegbetɔ naƒo asa na nu vɔ̃ wɔwɔ keŋkeŋua?

 Kura o. Biblia gblɔ be, amewo “katã wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Romatɔwo 3:23; 1 Fiawo 8:46; Nyagblɔla 7:20; 1 Yohanes 1:8) Nu ka tae?

 Nu vɔ̃ menɔ amegbetɔ gbãtɔ, Adam kple Xawa, ŋu o. Elabena wowɔ wo wode blibo, wowɔ wo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:27) Gake esi wodze aglã ɖe Mawu ŋu la, wova zu ame madeblibo. (1 Mose 3:5, 6, 17-19) Esi wodzi wo viwo la, wo viwo hã nyi nu vɔ̃ kple blibomademade dome tso wo gbɔ. (Romatɔwo 5:12) Fia David gblɔ be: “Vodada mee wodzim ɖo.”​—Psalmo 51:5.

Ðe nu vɔ̃ aɖewo lolo wu ɖewoa?

 Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ tso blema Sodom ŋutsuwo ŋu be wonye “ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔa nu vɔ̃ gãwo” eye woƒe nu vɔ̃ “kpe ŋutɔ.” (1 Mose 13:13; 18:20) Na míakpɔ nu etɔ̃ aɖewo siwo ɖea nu vɔ̃ ƒe kpekpeme alo eƒe lolome fiana la ɖa.

  1.   Ale si nu vɔ̃a nu sẽe. Biblia xlɔ̃ nu mí be míaƒo asa na nu vɔ̃ gãwo siwo dometɔ aɖewoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu (ahasiwɔwɔ kple matrewɔwɔ), trɔ̃subɔsubɔ, fififi, ahamumu, adzodada, amewuwu, kple gbɔgbɔyɔyɔ. (1 Korintotɔwo 6:9-11; Nyaɖeɖefia 21:8) Biblia ɖee fia be nu vɔ̃ siawo to vovo na nu vɔ̃ siwo womeɖo wɔ o. Eƒe kpɔɖeŋue nye, nyagbɔgblɔ alo nuwɔna siwo gblẽa nu le ame bubuwo ŋu. (Lododowo 12:18; Efesotɔwo 4:31, 32) Ke hã, Biblia de dzi ƒo na mí be mímagabu nu vɔ̃ aɖeke nu vɔ̃ vi o. Esia ate ŋu ana míawɔ nu vɔ̃ gã ada le Mawu ƒe sewo dzi, elabe wogblɔna be ʋutogaƒola ɖe wòva ƒoa ʋu ƒe domedome.​—Mateo 5:27, 28.

  2.   Nu si tae amea wɔ nua. Ame aɖewo wɔa nu vɔ̃ le esi womenya Mawu ƒe sededewo o ta. (Dɔwɔwɔwo 17:30; 1 Timoteo 1:13) Togbɔ be Biblia mede nu vɔ̃ mawo dzi o hã la, edea vovototo esiawo kple bubu siwo amewo wɔna ne woɖoe koŋ da Mawu ƒe sewo dzi la dome. (4 Mose 15:30, 31) “Dzimesesẽ vɔ̃ɖi” ye nana ame ɖonɛ koŋ wɔa nu vɔ̃.—Yeremiya 16:12.

  3.   Ewɔwɔ edziedzi. Biblia de vovototo nu vɔ̃ wɔwɔ zi ɖeka aɖe ko kple nu vɔ̃ tsɔtsɔ ɖo dɔe hã dome. (1 Yohanes 3:4-8) Mawu ahe to na ame siwo ‘ɖoe le nu vɔ̃ wɔm’ togbɔ be wosrɔ̃ nu tso nu si le eteƒe wɔwɔ ŋu gɔ̃ hã la vevie.​—Hebritɔwo 10:26, 27.

 Nu vɔ̃ ƒe agba kpekpe nɔa ame siwo ɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃ gãwo la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Fia David ŋlɔ bena: “Elabena nye vodadawo kɔ gbɔ tanye; wole abe agba kpekpe si wu tsɔtsɔ nam ene.” (Psalmo 38:4) Ke hã Biblia na mɔkpɔkpɔ sia nu vɔ̃ wɔlawo be: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye vɔ̃wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu; netrɔ ɖe Yehowa ame si akpɔ nublanui nɛ la ŋu, netrɔ ɖe mía Mawu la ŋu, elabena atsɔ ake geɖe.”—Yesaya 55:7.