Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?

Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao. Biblia megblɔ be ga nye nu vɔ̃ɖi o, eye megblɔ hã be gae le megbe na nu vɔ̃ɖi ƒomevi ɖe sia ɖe o. Nya si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ be “ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe ke” la nye mawunyakpukpui aɖe me nyawo ƒe akpa aɖe si wotro gboe. Nya si Biblia gblɔ boŋue nye be “nu vɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.” a1 Timoteo 6:10, Eʋegbe Biblia, míawoe te gbe ɖe edzi.

 Nya kae Biblia gblɔ tso ga ŋu?

 Biblia na eme kɔ be ne ame zã ga nyuie la, ate ŋu aɖe vi nɛ, eye ate ŋu ‘akpɔ eta’ gɔ̃ hã. (Nyagblɔla 7:12) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia kafu ame siwo nyoa dɔme na ame, eye dɔmenyo sia ate ŋu anye ganana ame hã.—Lododowo 11:25.

 Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be míagana ga nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Egblɔ be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:5) Nu si nya mawo fiae nye be míagana ga nanɔ vevie na mí akpa alo be míati kesinɔnuwo yome o. Ke boŋ, ne nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ, abe nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe ene su mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.—1 Timoteo 6:8.

 Nu ka tae Biblia xlɔ̃ nu mí tso galɔlɔ̃ ŋu?

 Ŋuklẽlawo makpɔ agbe mavɔ o. (Efesotɔwo 5:5) Susu ɖeka si tae nye be, ŋukeklẽ sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ, alo alakpasubɔsubɔ. (Kolosetɔwo 3:5) Susu bubu hãe nye be zi geɖe la, ŋuklẽlawo wɔa nu tovowo ne wole agbagba dzem be nu siwo yewodi la nasu yewo si. Lododowo 28:20 gblɔ be: “Ame si tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, fɔɖiɖi magbe eŋu nɔnɔ o.” Ŋukeklẽ ate ŋu ana amewo nawɔ nu vlowo, abe adzodada, ametafatafa, amefifi, alo amewuwu ene gɔ̃ hã.

 Ne galɔlɔ̃ mena ame ƒo eɖokui ɖe nu vlowo wɔwɔ me o gɔ̃ hã la, nu gbegblẽ bubuwo ate ŋu ado tso eme. Biblia gblɔ be “ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nu vevi ame . . . la me.”—1 Timoteo 6:9.

 Aleke aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ga ŋu la ate ŋu aɖe vi na mí?

 Ne mímeɖe mɔ galɔlɔ̃ wɔe be míedana le Mawu ƒe se kple nudidiwo dzi o la, míase le mía ɖokui me be bubu le mía ŋu, eye Mawu hã akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahakpe ɖe mía ŋu. Mawu do ŋugbe na ame siwo dzea agbagba vevie be yewoadze eŋu la be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5, 6) Mawu gaka ɖe edzi na mí hã be “woayra nuteƒewɔla geɖe.”—Lododowo 28:20.

a Woɖe kpukpui sia gɔme le Biblia bubu me be: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.”