Dzo kpo yi emenuwo dzi

Gakuxi Kple Fenyinyi—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?

Gakuxi Kple Fenyinyi—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃. Biblia me mɔfiame ene siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le ganyawo kple fenyinyawo gome:

  1.   Wɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu. “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” (Lododowo 21:5) Mègatsi dzi nàƒle nane le esi wole edzram ta ko o. Wɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu eye nàzɔ ɖe edzi pɛpɛpɛ.

  2.   Mègade ɖokuiwò fe me dzodzro o. “Ame si doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” (Lododowo 22:7) Ne fe aɖewo le ŋuwò xoxo eye mètea ŋu le wo xem o la, dzro ɖoɖo bubu si nu nàdi be yeaxe fea le la kple wò fetɔa. Ƒo koko nɛ. Wɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na ame si mebu nuwo ŋu nyuie o hafi de megbe na ame le fenyinyi me o la dzi be: “[Xlã] ɖokuiwò ɖe eƒe afɔ nu, eye nàƒoe ɖe hawòvi nu. Mègana alɔ̃ nava wò ŋku dzi o, eye akɔlɔ̃e megaɖo wò aɖaba me o.” (Lododowo 6:1-5) Ne meda asi ɖe ɖoɖo si nèwɔ be yeaxe fea nɛ dzi o zi gbãtɔ o hã la, yi ebiabia dzi.

  3.   Na susu nyuitɔ nanɔ asiwò ɖe ga ŋu. Biblia gblɔ be: “Ŋubiãla le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o.” (Lododowo 28:22) Eya ta menye ɖeko ŋubiabiã kple ŋukeklẽ ana nàzu feme o, ke ana hã be magatsi dzi ɖe wo kple Mawu dome ƒomedodo ŋu o.

  4.   Na nu si le asiwò la nadze ŋuwò. “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nu siawo nasɔ gbɔ na mí.” (1 Timoteo 6:8) Ga mate ŋu aƒle dzidzɔkpɔkpɔ alo dzidzeme o. Ame siwo kpɔa dzidzɔ wu le xexea me la dometɔ aɖewo menye gatɔ gãwo o. Nu siwo le wo si nye lɔlɔ̃ si le woƒe ƒomea me, lɔlɔ̃ si le wo kple wo xɔlɔ̃wo dome, kpakple xɔlɔ̃kadodo si le wo kple Mawu dome.—Lododowo 15:17; 1 Petro 5:6, 7.