Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Gazazã Nyuie

Gazazã Nyuie

Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Ewɔ nam be srɔ̃nye, Laura, * zãa ga ɖe numaɖinuwo—nu siwo mebu be womehiã o—ŋu ene. Edze abe mete ŋu léa be na ga o ene. Esia va zua taɖui ne hiahiã aɖewo va tu mí le vo me. Megblɔna zi geɖe be ne ga vi aɖe ɖo srɔ̃nye ƒe asi me la, azã wo katã.”

Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: “Anɔ eme be nyemete ŋu dzraa ga geɖe ɖo o ya, gake nye aƒetɔ menya ale si gbegbe nuwo—nuɖuɖu, xɔmedzraɖonuwo, kple nuzazã kpotokpotoewo—xɔ asii o, eye nyee nɔa aƒea me zi geɖe wu. Menya nu siwo hiã mí, eye meƒlea wo nenye be esia ahe ganyawo ŋuti masɔmasɔwo vɛ hã.”

GANYAWO ŋuti masɔmasɔwo ate ŋu anye kuxi sesẽ siwo gbɔ srɔ̃tɔwo mete ŋu kpɔna le tufafa me o la dometɔ ɖeka. Mewɔ nuku o be eyae nye nu si dea dzre srɔ̃tɔwo dome zi geɖe wu.

Nuteɖeamedzi, dzrehehe, seselelãme, kple gbɔgbɔ me kuxiwo gɔ̃ hã, ate ŋu aɖe fu na srɔ̃tɔ siwo si ganyawo ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ mele o. (1 Timoteo 6:9, 10) Eva zua dzizizi na dzila siwo mete ŋu wɔa ɖoɖo ɖe gazazã ŋu nyuie o la be woawɔ dɔ wu ale si dze, si awɔe be womate ŋu anɔ woawo ŋutɔwo kple wo viwo ƒe seselelãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔm nyuie o. Woƒe nuwɔna wɔnɛ be wo viwo hã va tsia dzi ɖe ga ŋu wògbɔa eme.

Biblia gblɔ be: ‘Ga doa vɔvɔli.’ (Nyagblɔla 7:12) Gake ne èsrɔ̃ ale si nàwɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu kple ale si nàƒo nu tso eŋu na srɔ̃wò ko hafi ga ate ŋu ado vɔvɔli ɖe miaƒe srɔ̃ɖeɖea kple ƒomea dzi. * Le nyateƒe me la, le esi teƒe be ga nahe dzre ade srɔ̃tɔwo dome la, ele be dzeɖoɖo tso ganyawo ŋu nana woƒe kadodoa me nagasẽ ɖe edzi boŋ.

Gake nu ka tae ganyawo hea kuxi geɖewo vaa srɔ̃ɖeɖe me? Nu kawoe nàte ŋu awɔ be miaƒe ganyawo ŋuti numedzodzrowo nagade dzre mia dome o?

Nu Kawoe Nyea Kuxiawo?

Zi geɖe la, menye gaa ŋutɔ gbɔe ganyawo ŋuti masɔmasɔwo tsona o, ke boŋ makamakaɖeamedzi kple vɔvɔ̃ gbɔe wòtsona. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃ŋutsu biana be ye srɔ̃ nabu akɔnta na ye tso gakui ɖe sia ɖe si wòzãna ŋu la, ke le nyateƒe me la, nu si fiam wòlee nye be yemeka ɖe edzi be ye srɔ̃ ate ŋu akpɔ ƒomea ƒe gazazãwo gbɔ nyuie o. Ne srɔ̃nyɔnu aɖe toa nyatoƒoe be ye srɔ̃ medzraa ga ɖo o la, ke ɖe wòanya nɔ vɔvɔ̃m be yewoava xaxa ne kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa.

Nu bubu aɖe hã li si nyea kuxi na srɔ̃tɔwo—ƒome siwo me wotso. Matthew, si ɖe srɔ̃ ƒe enyie nye esia la gblɔ be: “Ƒome si me wozãa ga le nyuie mee srɔ̃nye tso. Vɔvɔ̃ si nɔa menye la meɖea fu na eya o. Fofonye nye ahanoxe eye wònoa sigaret eteƒe mekɔ o; dɔ hã ge le esi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Zi geɖe la, nuhiahiã veviwo menɔa mía si o, eye mevɔ̃na ŋutɔ be míava zu fenyilawo. Ɣeaɖewoɣi la, vɔvɔ̃ sia nana be nyemewɔa nu ɖe srɔ̃nye ŋu ameŋububutɔe le ganyawo gome o.” Eɖanye nu ka ke gbɔe miaƒe ganyawo ŋuti masɔmasɔwo tsona o, aleke miate ŋu azã ga nyuie bene wòalé miaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te, ke menye be wòanye nu si anɔ masɔmasɔwo hem vɛ o?

Nu Vevi Ene Siwo Nana Wokpɔa Dzidzedze

Menye gaŋutiɖaŋuɖogbalẽe Biblia nye o. Gake aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eme si akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woaƒo asa na ganyawo ŋuti masɔmasɔwo. Ðe manyo be nàtsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la ade dɔwɔwɔ me oa?

1. Misrɔ̃ ale si miaƒo nu tso ga ŋu le tufafa me.

“Nunya le ame siwo léa nya kpɔ kple wo nɔewo la si.” (Lododowo 13:10, NW) Ðewohĩ le hehe si nèxɔ ta la, asesẽ na wò be nàbia ame bubuwo ƒe nukpɔsusu, vevietɔ srɔ̃wò tɔ, le ale si nàzã gae ŋu. Ke hã, nunya anɔ eme be nàsrɔ̃ ale si miaɖo dze tso nya vevi sia ŋui. Le kpɔɖeŋu me, nu ka tae màɖe nu me na srɔ̃wò le ale si nèbu be ye dzilawo ƒe nɔnɔme ɖe ga ŋu anya kpɔ ŋusẽ ɖe ye dzii ŋu o? Anyo hã be nàdze agbagba ade dzesi ale si hehe si srɔ̃wò xɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nɔnɔme dzii.

Mahiã be mialala ʋuu ganyawo ŋuti masɔmasɔwo nado mo ɖa hafi miaɖo dze tso ganyawo ŋu o. Biblia ŋlɔla aɖe bia kpɔ be: “Ne ame eve be, yewoazɔ mɔ la, ɖe womeɖoa gbe ɖi hafi oa?” (Amos 3:3) Aleke miate ŋu awɔ gɔmeɖose sia ŋu dɔe? Ne mieɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ hena dzeɖoɖo tso ganyawo ŋu la, ate ŋu axe mɔ na masɔmasɔ siwo nugɔmemasemase na ame nɔewo hena vanɛ.

TE MƆNU SIA KPƆ: Miɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ hena ƒomea ƒe ganyawo me dzodzro edziedzi. Ate ŋu anye ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ, alo le kwasiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke aɖe koŋ dzi. Dzeɖoɖoa megadidi o, ate ŋu axɔ miniti 15 alo esi made nenema o. Mitia ɣeyiɣi si mi ame evea miate ŋu aɖe dzi ɖi. Miɖoe be yewomadzro ganyawo me le ɣeyiɣi aɖewo, abe nuɖuɣi alo ne miele ɖiɖim ɖe eme kple ɖeviawo ɖekae ene, me o.

2. Milɔ̃ ɖe nukpɔsusu si anɔ mia si ku ɖe fetu siwo miexɔna ŋu la dzi.

“Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” (Romatɔwo 12:10) Ne wò ɖeka koe hea ga vaa aƒea me la, àte ŋu ade bubu srɔ̃wò ŋu to ale si màbu wò fetu be enye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ abe ƒomea ƒe ga ene me.—1 Timoteo 5:8.

Ne dɔwɔɖui le mi ame evea siaa si la, miate ŋu ade bubu mia nɔewo ŋu to ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe aʋu go ga si wòkpɔna kple gazazã ɖedzesi siwo wòwɔna la ŋu nya na nɔvia me. Ne mieɣla nu siawo ɖe mia nɔewo la, ahe makamaka ɖe mia nɔewo dzi vɛ, eye wòagblẽ nu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu. Mahiã kokoko be miagblɔ gakui ɖe sia ɖe si miazã la na mia nɔewo ya o. Gake ne mieƒoa nu tso gazazã ɖedzesiwo ŋu na mia nɔewo la, miaɖee afia be yewodea bubu yewo nɔewo ƒe nukpɔsusu ŋu.

TE MƆNU SIA KPƆ: Milɔ̃ ɖe ga home si mia dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu azã esi magblɔe na nɔvia hafi o la dzi. Gblɔe na srɔ̃wò ɣesiaɣi hafi nàzã ga home aɖe si wu esi dzi mielɔ̃ ɖo.

3. Miŋlɔ miaƒe gaŋutiɖoɖowo ɖi.

“Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lododowo 21:5) Mɔ siwo dzi nàto awɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu ahana viɖe nanɔ wò agbagbadzedzewo ŋu la dometɔ ɖekae nye ɖoɖowɔwɔ ɖe ƒomea ƒe gazazã ŋu. Nina, si ɖe srɔ̃ ƒe atɔ̃ ye nye esia la gblɔ be: “Ga si ame kpɔna kple ale si wòzãnɛ la ŋɔŋlɔ ɖe pepa dzi ɖea vi geɖe ŋutɔ. Nuŋlɔɖiawo nana wònɔa bɔbɔe be nànya ale si nuwo le yiyim ŋutɔŋutɔ.”

Mehiã be ɖoɖo si miawɔ ɖe gazazã ŋu la nanɔ kpaɖii o. Darren, si ɖe srɔ̃ ƒe 26 enye esia, eye viŋutsuvi eve le esi la gblɔ be: “Gbã la, míezãa lɛtakotokuwo. Míetsɔa ga siwo míazã ɖe nu vovovowo ŋu le kwasiɖaa me la dea lɛtakotoku vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, nuɖuɖu, modzakaɖeɖe, kple ɖakpakpa gɔ̃ hã, ƒe kotokuwo li. Ne kotoku aɖe me ga vɔ la, míeɖenɛ le bubu me zãna, gake míekpɔa egbɔ godoo be míeɖoe eteƒe kaba ale si míate ŋui.” Ne gaxegbalẽvi alo Internet dzie nètona xea fewo la, egale vevie ŋutɔ be ɖoɖo aɖe koŋ nanɔ asiwò nàtsɔ anɔ ŋku lém ɖe wò gazazãwo ŋu nyuie.

TE MƆNU SIA KPƆ: Miŋlɔ ga home siwo miezãna ɖe nanewo koŋ ŋu ɖaa la ɖi. Milɔ̃ ɖe ga si sua mia si ƒe agbɔsɔsɔ si mianɔ dzadzram ɖo la dzi. Emegbe miŋlɔ gazazã siwo ƒe home trɔna la ɖi, abe esiwo miezãna ɖe nuɖuɖu, tsi, akaɖi, kple telefon fewo ŋu ene. Azɔ miŋlɔ gazazã siwo miewɔna la ɖi, eye mialé ŋku ɖe eŋu le ɣleti geɖe megbe. Ne miekpɔe be ehiã ko la, miwɔ asitɔtrɔ le ale si mienɔa agbee ŋu bene miagadze fe me o.

4. Milɔ̃ ɖe akpa si ame sia ame awɔ la dzi.

“Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta.” (Nyagblɔla 4:9, 10) Le ƒome aɖewo me la, srɔ̃ŋutsuae kpɔa ganyawo gbɔ. Le bubuwo me la, srɔ̃nyɔnua tea ŋu wɔnɛ. (Lododowo 31:10-28) Gake srɔ̃tɔ geɖewo tiae be yewoama agbanɔamedzi sia atsɔ. Mario, si ɖe srɔ̃ ƒe 21 ye nye esia, gblɔ be: “Nye aƒenɔ xea tsi, akaɖi, kple nu suesuesue bubuwo ƒe fe. Eye nye hã mexea xɔfe, adzɔwo, kple fe gã bubuwo. Míeƒoa nu tso fe siawo xexe ŋu na mía nɔewo hewɔa nu aduadu.” Mɔnu ka kee mietia be yewoazã o, ele vevie be miawɔ nu aduadu.

TE MƆNU SIA KPƆ: Mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo nanɔ susu me na mi miawɔ nyametsotso le agbanɔamedzi si ame sia ame ate ŋu atsɔ la ŋu. Migbugbɔ lé ŋku ɖe ɖoɖo sia ŋu le ɣleti aɖewo megbe. Milɔ̃ faa miawɔ asitɔtrɔ siwo hiã. Be miakpɔ ŋudzedze ɖe akpa si mia dometɔ ɖe sia ɖe wɔna ŋu la, miate ŋu anɔ gazazã si kpɔ mia nɔewo ŋkume la ɖɔlim.

Taɖodzinu Si Koŋ Gbɔ Wòle Be Ganyawo Ŋuti Numedzodzrowo Naɖo

Mele be miaƒe ganyawo ŋuti numedzodzrowo nana miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayi to o. Leah, si ɖe srɔ̃ ƒe atɔ̃e nye esia la kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Egblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míesrɔ̃ ale si míaƒo nu tso ganyawo ŋu faa anukwareɖiɖitɔe. Esia wɔe be fifia la, míewɔa nu aduadu, eye míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo me gasẽ ɖe edzi.”

Ne srɔ̃tɔwo ƒo nu tso ale si woazã woƒe gawoe ŋu la, wonyaa nu tso wo nɔewo ƒe mɔkpɔkpɔ kple didiwo ŋu, eye woɖenɛ fiana be yewodi be srɔ̃ɖeɖea nali ke. Ne wogblɔnɛ na wo nɔewo hafi ƒlea nu siwo xɔ asi ŋutɔ la, ke wole bubu dem wo nɔewo ƒe nukpɔsusu kple seselelãmewo ŋu. Ne woɖe mɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe zãa ga home aɖe si mahiã be wòagblɔe na nɔvia hafi o la, woɖenɛ fiana be yewoka ɖe yewo nɔewo dzi. Nu vevi siawoe dzena le srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ le vavã la ŋu. Ðikeke mele eme o be nana be lɔlɔ̃ nanɔ srɔ̃ɖeɖea me xɔ asi sãsãsã wu ga; ekema nu ka tae mianɔ dzre wɔm ɖe ga ta?

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 7 Biblia gblɔ be “ŋutsue nye ta na srɔ̃a,” eya ta eya koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be wòawɔ ɖoɖo ɖe ale si ƒomea azã gae ŋu, eye be wòawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu le lɔlɔ̃ me ɖokuitɔmadimaditɔe.—Efesotɔwo 5:23, 25.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . . 

  • Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ míeɖo dze tso ganyawo ŋu le tomefafa me?

  • Nu kae mate ŋu agblɔ alo awɔ, si aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe gakpekpeɖeŋu si srɔ̃nye nana le ƒomea me la ŋu?