Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Mateo 6:34—“Migatsi Dzimaɖi Le Etsɔ Si Gbɔna La Ƒe Nuwo Ŋuti O”

Mateo 6:34—“Migatsi Dzimaɖi Le Etsɔ Si Gbɔna La Ƒe Nuwo Ŋuti O”

 “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34, Eʋegbe Biblia.

Nu si Mateo 6:34 fia

 Yesu gblɔ nya siawo tsɔ ka ɖe edzi na eƒe nyaselawo be mele be woatsi dzimaɖi fũu akpa ɖe etsɔ si gbɔna ŋu o. Ke boŋ aɖe vi na wo ne wobua egbe tɔ ko ŋu.

 Yesu ƒe nyawo mefia be mímabu etsɔ ŋu alo awɔ ɖoɖo ɖe eŋu o. (Lododowo 21:5) Ke boŋ, enɔ kpekpem ɖe mía ŋu be míagatsi dzimaɖi fũu ɖe nu si ava dzɔ le etsɔmea ŋu o. Ðeko dzimaɖitsitsi fũu ana be míagava nɔ dzidzɔ kpɔm o eye ate ŋu awɔe be míaƒe susu nadzo ɖa le nu vevitɔwo dzi. Ne míetsia dzimaɖi ɖe kuxi siwo mekpɔ va ŋu o hã la, mefia be míakpɔ ta na wo o. Eye ɣeaɖewoɣia, nu siwo ŋu míetsi dzi ɖo meva dzɔna o alo ne eva dzɔ hã, menɔna abe ale si míesusui ene o.

Nya siwo ƒo xlã Mateo 6:34

 Nya siawo nye Yesu ƒe nya siwo wògblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ si dze le Mateo ta 5 va se ɖe ta 7 me nyawo ƒe akpa aɖe. Yesu ɖe eme le Todzimawunyaa me be dzimaɖitsitsi fũu mate ŋu adidi míaƒe agbenɔƒewo ɖe edzi o. (Mateo 6:27) Egblɔ hã be ne míetsɔ Mawu ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea, mahiã be míatsi dzimaɖi fũu le etsɔ si gbɔna ŋu o. Esi wònye be Mawu léa be na nu miemiewo kple lãwo ta, alé be na ame siwo subɔnɛ hã godoo.—Mateo 6:25, 26, 28-33.

Xlẽ Mateo ta 6, etenuŋɔŋlɔawo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le eme.