Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

John Moore/Getty Images

GBEƑÃÐEÐEDƆ TƆXƐ

Dɔléle—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

Dɔléle—Nu Si Mawu Fiaɖuƒea Awɔ Tso Eŋu

 “Togbɔ be corona dɔvɔ̃a megale nu gblẽm abe ale si wònɔ tsã ene o hãa, mefia be amewo vo tso dɔvɔ̃ sia si me keŋkeŋ o. . . . Míeka ɖe edzi be dɔvɔ̃ bubu agado godoo eye ele be míanɔ dzadzraɖoɖi ɖe eŋu.”—Nya siae Dr. Tedros Adhanom Ghebreyesus, si nye Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ le May 22, 2023 dzi.

 Ale si corona dɔvɔ̃a do kple nu siwo gbegbe wògblẽa na ame geɖe yi edzi le fu kpem. Eye ena wotsi dzodzodzoe le susu me hã. Ðe dziɖuɖuwo kple kɔdzidɔwɔƒewo anɔ dzadzraɖoɖi ne dɔvɔ̃ bubu gadoa? Eye ɖe woate ŋu akpɔ dɔlénya siwo le fu ɖem na mí fifiaa gbɔa?

 Biblia ƒo nu tso dziɖuɖu aɖe si akpɔ míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ keŋkeŋ na mí la ŋu. Egblɔ be “dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe [alo dziɖuɖu] aɖe anyi.” (Daniel 2:44) Le dziɖuɖu ma mea, ame “aɖeke magblɔ be, ‘mele dɔ lém’ o.” (Yesaya 33:24) Ame sia ame anɔ lãmesẽ me eye ŋusẽ anɔ eŋu.—Hiob 33:25.