Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woke Ðe Nu Xɔasi Aɖe Ŋu Le Gbeɖuɖɔ Me

Woke Ðe Nu Xɔasi Aɖe Ŋu Le Gbeɖuɖɔ Me

NE ÈBU gbeɖuɖɔ ŋu la, nu kae vaa susu me na wò? Ðewohĩ nu si vaa susu me na wòe nye aɖukpo kple ʋeʋẽ kũu. Eya ta màkpɔ mɔ kura be yeake ɖe nu xɔasi aɖe ŋu le afi ma ʋuu keke wòahayi nane si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le nye ge o.

Ke hã, ƒe alafa ɖekae nye esia si woke ɖe nu xɔasi aɖe ŋu nenema, le gbeɖuɖɔ me. Menye sika alo kpe xɔasie nu xɔasi si ŋu woke ɖo la nye ya o, ke hã enye nane si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le. Nu xɔasi ka ƒomevi ŋue woke ɖo? Viɖe kae le nu si ŋu woke ɖo la ŋu na mí egbea?

WOKE ÐE EŊU LE VO ME

Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, agbalẽnyala siwo nye Bernard P. Grenfell kple Arthur S. Hunt, siwo wɔa dɔ le Oxford Yunivɛsiti la ɖi tsa yi Egypt dukɔa me. Esi woyi afi ma la, woke ɖe blemagbalẽwo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ gbogbo aɖewo ŋu le gbeɖuɖɔ siwo woli kɔ ɖi le teƒe si te ɖe Nile Valley nutoa ŋu la dome. Emegbe esime dɔwɔhati eve siawo ƒe ŋku biã wonɔ agbalẽ kakɛ siwo wofɔ la ɖom ɖe ɖoɖo nu nyuie le ƒe 1920 me la, asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ bubu siwo ŋu wogake ɖo le Egypt la va ka Grenfell si. Esiawo tso John Rylands Agbalẽdzraɖoƒe si le Manchester, England. Ke hã, agbalẽnyala eveawo va ku, si wɔe be womete ŋu wu woƒe dɔa nu.

Agbalẽnyala bubu si nye Colin H. Roberts, si hã wɔa dɔ le Oxford Yunivɛsiti lae va wu dɔa nu. Esi wònɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛawo ɖom ɖe ɖoɖo nu la, eƒe eŋku kli aƒlagbalẽ sue aɖe si didi sentimeta 9 eye wòkeke sentimeta 6. Nu si wɔ nuku nɛ ye nye be, nyagbe aɖewo le Helagbe me asinuŋɔŋlɔ si le agbalẽ kakɛa dzi siwo wònya nyuie. Woŋlɔ Yohanes 18:31-33 me nyawo ɖe agbalẽ kakɛa ƒe axa ɖeka dzi. Eye woŋlɔ eƒe kpukpui siwo nye 37 kple 38 ɖe eƒe megbe. Eya ta Roberts kpɔe be yeke ɖe nane si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le ŋu.

ALE SI WOWƆ NYA ƑE SI WÒXƆ

Roberts kpɔe be aƒlagbalẽ kakɛ sia tsi ŋutɔ. Gake ƒe nenie wòxɔ? Be wòanya ƒe si wòxɔ la, etsɔ asinuŋɔŋlɔ si le edzi la sɔ kple blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ƒe ƒexɔxɔ wonya nyuie ƒe asinuŋɔŋlɔwo—woyɔa aɖaŋu sia be blemasinuŋɔŋlɔŋutinunya. * To esia wɔwɔ me la, ete ŋu ka ƒe si wòkpɔ be ate ŋu axɔ la nɛ. Gake edi be yeakpɔ kakaɖedzi le eŋu. Eya ta eɖe foto aƒlagbalẽ kakɛa heɖoe ɖe aƒlagbalẽŋutinunyala etɔ̃ hebia tso wo si be woalé ŋku ɖe eŋu akpɔe ɖa be ƒe nenie wòxɔ hã. Aleke woƒo nya tae?

Esi nunyala bibi etɔ̃awo lé ŋku ɖe atsyã si me nuŋɔŋlɔa le ŋu nyuie kple nuŋɔŋlɔawo ƒe tutuɖo la, wo ame etɔ̃a siaa lɔ̃ ɖe edzi be ƒe 125 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe nuŋɔŋlɔe le aƒlagbalẽ kakɛa dzi, eye ƒe ʋɛ aɖewo koe nye ema le apostolo Yohanes ƒe ku megbe! Gake blemasinuŋɔŋlɔŋutinunya ŋu dɔ wɔwɔ atsɔ anya ƒe si asinuŋɔŋlɔ aɖe xɔ menye aɖaŋu deblibo o, eye eŋutinunyala bubu aɖe xɔe se be ate ŋu anɔ eme be ƒe alafa evelia ƒe ɣeyiɣi bubu aɖe mee woŋlɔ nu siwo le aƒlagbalẽ kakɛa dzi. Aleke kee wòɖale o, aƒlagbalẽ kakɛa koe gakpɔtɔ nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si ŋu woke ɖo va de asi na egbea.

NU SI RYLANDS ƑE ASINUŊƆŊLƆGBALẼ KAKƐ SIA ÐE FIA

Nu ka tae Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ sia le vevie ŋutɔ na Biblia-lɔ̃lawo egbea? Susu vevi eve tae. Gbãtɔa ye nye be, nɔnɔme si me wowɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa ɖo la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si gbegbe Kristotɔ gbãtɔwo de asixɔxɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ŋui la dze sii.

Nu ka tae Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ sia le vevie ŋutɔ na Biblia-lɔ̃lawo egbea?

Ne woŋlɔ agbalẽ aɖe le ƒe alafa evelia Kristotɔwo Ŋɔli la, enyea agbalẽ xatsaxatsa alo codex blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ. Agbalẽ xatsaxatsawo nyea aƒlagbalẽ alo lãgbalẽ ɖeɖi siwo wotre alo ti ɖe wo nɔewo nu wòzu agbalẽ lɔbɔɔ ɖeka. Wotea ŋu ŋlɔ́a agbalẽ lɔbɔɔ sia hegatea ŋu ʋunɛ ɣesiaɣi. Eye zi geɖe la, eƒe axa ɖeka dzi koe woŋlɔa nu ɖo.

Gake le aƒlagbalẽ kakɛ si ŋu Roberts ke ɖo ya gome la, woŋlɔ nu ɖe eƒe axa evea siaa dzi. Esia fia be menye agbalẽ xatsaxatsa aɖe ƒe kakɛ ye wònye o, ke boŋ blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ alo codex-gbalẽ kakɛ aɖee wònye. Eye ale si wowɔa codex-gbalẽwoe nye be woɖoa lãgbalẽ alo aƒlagbalẽ ɖeɖiwo ɖe wo nɔewo dzi hetsɔa ka tɔa wo ɖekae le woƒe go ɖeka dzi, eye woblanɛ abe agbalẽ siwo li egbea ene.

Susu kawo tae blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo alo codex-gbalẽwo dea ame dzi wu agbalẽ xatsaxatsawo? Gbã, ele be míaɖo ŋku edzi be nyanyuigblɔlawoe Kristotɔ gbãtɔwo nye. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Wokakaa Biblia me gbedeasia le afi sia afi si woate ŋu akpɔ amewo le ko—le aƒewo me, asiwo me, kple mɔwo dzi. (Dɔwɔwɔwo 5:42; 17:17; 20:20) Eya ta ne wobla Ŋɔŋlɔawo kpokploe nenema la, eɖea vi geɖe ŋutɔ.

Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo na wònɔ bɔbɔe hã be hamewo kple ame ɖekaɖekawo te ŋu gbugbɔ ŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo na wo ɖokuiwo. Ewɔe be wote ŋu gbugbɔ ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo zi gbɔ zi geɖe, eye ɖikeke mele eme o be esia hã le eme tae Kristotɔwo dzi ɖe edzi kabakaba ɖo.

Rylands ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa, ƒe ŋgɔ kple emegbe

Susu evelia si tae Rylands ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa le vevie na mí egbea ye nye be ena míekpɔe be Biblia me nyawo va ka mía si abe ale si tututu wonɔ le gɔmedzedzea me ene. Togbɔ be Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe kpukpui ʋɛ aɖewo koe le asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa dzi hã, emenyawo sɔ pɛpɛpɛ kple nya siwo míexlẽna le míaƒe Bibliawo me egbea. Eya ta Rylands ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛa na míekpɔe be, togbɔ be wogbugbɔ ŋlɔ Biblia me nyawo zi gbɔ zi geɖe tso blema ke hã la, emenyawo metrɔ kura o.

Nyateƒee, asinuŋɔŋlɔgbalẽwo kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ akpe geɖe siwo ɖo kpe edzi be wogbugbɔ ŋlɔ Biblia me nyawo wode pɛpɛpɛ abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene la dometɔ ɖeka koe Rylands ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ si nye Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe akpa aɖe la nye. Ke hã, aƒetɔ Werner Keller ƒo nya ta le eƒe agbalẽ si nye Biblia Le Abe Ŋutinyagbalẽ Ene (si le Eŋlisigbe me) la me be: “Blema [asinuŋɔŋlɔgbalẽ] siawoe nye kpeɖodzinu siwo ana ame siwo katã kea ɖi be Biblia siwo le mía si egbea la me nyawo mede pɛpɛpɛ o la nakpɔe be wode pɛpɛpɛ eye kakaɖedzi le wo ŋu.”

Gake menye nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo la dzie Kristotɔwo tua woƒe xɔse ɖo o. Woxɔe se be “ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Ke hã kakaɖedzi ka gbegbee nye esi wònye na mí be blemanu xɔasi siwo ŋu woke ɖo la ɖo kpe nya si Biblia ŋutɔ gblɔ xoxoxo be, “Yehowa ƒe nya ya nɔa anyi tegbee” la dzi!1 Petro 1:25.

^ mm. 8 Le agbalẽ si nye Hebrigbe Me Biblia Ƒe Asinuŋɔŋlɔgbalẽwo (si le Eŋlisigbe me) ƒe nya nu la, blemasinuŋɔŋlɔŋutinunya “nye blemasinuŋɔŋlɔɖaŋusɔsrɔ̃.” Ne ƒewo va le yiyim la, asinuŋɔŋlɔ ƒe atsyãwo trɔna. Tɔtrɔ siawo ate ŋu akpe ɖe eŋutinunyalawo ŋu be woanya ƒe si blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe xɔ ne wotsɔe sɔ kple blemagbalẽ bubu siwo ƒe ƒexɔxɔ wonya nyuie la tɔwo.