Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kesinɔnu Aɖe Nɔ Ɣaɣla Ƒe Alafa Geɖe

Kesinɔnu Aɖe Nɔ Ɣaɣla Ƒe Alafa Geɖe

Agbalẽnyalaa kpɔe kple eƒe ŋkuwo gake mexɔe se o. Elé ŋku ɖe blema asinuŋɔŋlɔa ŋu hegalé ŋku ɖe eŋu ake. Atsyã si me woŋlɔe ɖo kple eƒe gbeŋutise na wòva ka ɖe edzi azɔ be Biblia siwo gɔme woɖe ɖe Georgiagbe me la ƒe xoxoetɔ si ŋu woke ɖo la ƒe kakɛwoe nye ema kpɔm yele!

WOFƆ kesinɔnu ma le December 1922 ƒe nuwuwu lɔƒo, esime Georgiagbe ŋuti nunyala Ivané Javakhishvili nɔ numekuku wɔm le ale si wowɔ to Georgiagbe me alfabetawo vɛ la ŋu. Eva ke ɖe Yerusalem Talmud ƒe kɔpi aɖe ŋu. Esi wònɔ ŋku lém ɖe eŋu la, ekpɔe be woŋlɔ Georgiagbe ɖe agbalẽa dzi kpɔ hafi tutui va ŋlɔ Hebrigbe ɖe edzi. *

Nuŋɔŋlɔ siwo le “ɣaɣla” le Talmud nuŋɔŋlɔawo te lae nye Biblia gbalẽ si nye Yeremiya me nya aɖewo siwo woŋlɔ ɖe agbalẽa dzi tsã tso keke ƒe alafa atɔ̃lia Mía Ŋɔli (M.Ŋ.) me ke. Hafi woafɔ kesinɔnu sia la, Georgiagbe me Biblia-gbalẽ xoxoetɔ si woŋlɔ kple asi si wonya lae nye esi woŋlɔ le ƒe alafa asiekelia M.Ŋ. me. Eteƒe medidi o, wova ke ɖe Biblia gbalẽ bubu siwo nɔ anyi tso ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me alo do ŋgɔ na ema kura gɔ̃ hã la ŋu. Bu eŋu kpɔ ko be woke ɖe Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ ƒe alafa ʋɛ aɖewo ko le Yesu kple apostoloawo ƒe ku megbe ŋu!

Ame kae ɖe agbalẽ sia gɔme? Gbegɔmeɖela ɖeka aɖee loo alo gbegɔmeɖela veviedonula aɖewoe ƒo ƒu ɖe egɔme? Womeke ɖe blemanuŋlɔɖi aɖeke si ana míakpɔ ŋuɖoɖo na nya sia ŋu haɖe o. Aleke kee wòɖale o, edze ƒãa be woɖe Biblia alo eƒe akpa aɖewo me ɖe Georgiagbe me tso keke ƒe alafa enelia me ke eye be Georgiatɔwo nya Mawu ƒe Nya la le wo degbe me tso ɣemaɣi ke.

Ŋutinya aɖe si ɖee fia be Georgiatɔwo nya Ŋɔŋlɔawo me nyawo nyuie la dze le agbalẽ si nye The Martyrdom of St. Shushanik the Queen, si ƒo nu tso fianyɔnu aɖe si ku xɔsetaku ŋu, si woanya ŋlɔ le ƒe alafa atɔ̃lia ƒe nuwuwu lɔƒo la me. Esi agbalẽŋlɔlaa nɔ nu ƒom tso nɔnɔme wɔnublanui si me fianyɔnua to ŋu la, eyɔ mawunyakpukpui aɖewo tso Psalmowo, Nyanyuigbalẽawo kple Biblia ƒe akpa bubuwo me, eye wòhe susu yi wo me nya aɖewo hã dzi. Egblɔ hã be esi Shushanik srɔ̃ Varsken, si nye Georgia Fiaɖuƒe si le Kartli la dziɖula, di vevie be yeadze Persia-megãwo ŋu ta la, egbe nu le “Kristotɔnyenye” gbɔ hege ɖe Persia Zoroasta subɔsubɔha me, eye wòbia tso srɔ̃anyɔnua si be eya hã nawɔ nenema ke. Le agbalẽa ƒe nya nu la, fianyɔnua gbe be yemagbe  nu le yeƒe xɔse gbɔ o eye wòtsɔa Ŋɔŋlɔawo me nyawo faa akɔ na eɖokui le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.

Edze kɔtɛ be tso ƒe alafa atɔ̃lia me ke la, womedzudzɔ Biblia gbugbɔgaŋlɔ kple egɔmeɖeɖe ɖe Georgiagbe me o. Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ geɖe siwo le Georgiagbe me la na ale si gbegbe nuŋlɔla kple gbegɔmeɖela dovevienuwo ku kutrii la dze ƒãa. Na míadzro ŋutinya wɔdɔɖeamedzi sia ƒe akpa eve aɖewo me kpɔ. Míaƒo nu tso Biblia gɔme ɖeɖe kple etata ŋu.

BIBLIA GƆMEÐEÐE GEÐEWO DO

“Nye, Giorgi, si nye saɖeagaxɔmenɔla dzro ko lae ɖe Psalmowo ƒe agbalẽ sia gɔme tso Helagbe yeyea me ɖe Georgiagbe me le kutrikuku kple agbagbadzedze geɖe me.” Georgiatɔ saɖeagaxɔmenɔla Giorgi Mtatsmindeli si nɔ anyi le ƒe alafa 11 lia me lae ŋlɔ nya mawo. Nu ka tae wògahiã be woaɖe Biblia gɔme ɖe Georgiagbe me evɔ Georgiagbe me Biblia gɔmeɖeɖe aɖe nɔ anyi ƒe alafa geɖewoe nye ema?

Georgiagbe me Biblia siwo nye asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔwo la dometɔ ʋɛ aɖewo koe gakpɔtɔ nɔ anyi le ƒe alafa 11 lia me. Biblia gbalẽawo dometɔ aɖewo bu kura. Gawu la, gbea hã nɔ tsitsim, eya ta esesẽna na nuxlẽlawo be woase asinuŋɔŋlɔ gbãtɔ mawo gɔme. Togbɔ be gbegɔmeɖela geɖewo ku kutri vevie ɖe Biblia gɔme ɖe Georgiagbe yeyea me hã la, akpa si Giorgi wɔ lae ɖe dzesi wu. Etsɔ Georgiagbe me Biblia gɔmeɖeɖe siwo li la sɔ kple Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽwo eye wòɖe akpa siwo bu kple agbalẽ blibowo gɔ̃ hã gɔme. Ekpɔa eƒe dɔdeasi siwo wòwɔna le saɖeagaxɔa me la gbɔ le ŋkeke me. Ke eɖea Biblia gɔme le zã me.

Giorgi ŋɔlimetɔ Ephrem Mtsire va yi Giorgi ƒe dɔa dzi. Eŋlɔ gbegɔmeɖeɖe ƒe mɔfiame vevi aɖewo ɖi si va ɖe vi na gbegɔmeɖelawo. Gbegɔmeɖeɖe ŋuti se vevi aɖewo le mɔfiame mawo me, abe nyawo gɔme ɖeɖe tso gbe gbãtɔ si me woŋlɔ wo ɖo la me ɣesiaɣi si wòanya wɔ kple gbe gbãtɔa gɔme ɖeɖe pɛpɛpɛ evɔ gɔmeɖeɖea nanya se hã ene. Eto etenuŋɔŋlɔwo dede nyaawo te kple axadzinuŋɔŋlɔ hã vɛ le agbalẽ siwo gɔme wòɖe ɖe Georgiagbe me la me. Ephrem gbugbɔ ɖe Biblia gbalẽ blibowo gɔme. Dɔ siwo Giorgi kple Ephrem wɔ la ɖo gɔmeɖoanyi sesẽ aɖe ɖi na gbegɔmeɖeɖedɔ bubuwo.

Le ƒe alafa si kplɔe ɖo me la, agbalẽwo ŋɔŋlɔ va xɔ aƒe ɖi le Georgia. Wova ɖo agbalẽsrɔ̃ƒe deŋgɔwo ɖe Gelati kple Ikalto. Agbalẽnyala geɖewo xɔe se be Biblia si woyɔna be Gelati Bible (Gelati Biblia), si wodzra ɖo ɖe Georgia blemanudzraɖoƒe (Georgian National Centre of Manuscripts), la nye Biblia bliboa gɔme ɖeɖe yeyee, si gɔme Gelati alo Ikalto agbalẽnyala aɖe ɖe.

Dɔ kae Biblia gɔmeɖeɖedɔ sia wɔ ɖe Georgiatɔwo dzi? Le ƒe alafa 12 lia me la, Georgia hakpanyaŋlɔla Shota Rustaveli ŋlɔ agbalẽ aɖe si woyɔ be Vepkhis-tqaosani (Aʋawɔla Si Le Kpɔ̃gbalẽwu Me), si xɔ ŋkɔ  le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me ale gbegbe be wova da ŋkɔ ɖe edzi be Georgiatɔwo ƒe Biblia evelia. Egbegbe Georgia agbalẽnyala K. Kekelidze gblɔ be ne menye Biblia mee hakpanyaŋlɔlaa yɔ nya tsoe tẽe o hã la, “eƒe susu aɖewo wɔ ɖeka kple Biblia me nya vovovowo.” Togbɔ be lɔlɔ̃nyawo koŋ ŋue hakpanyaa ku ɖo hã la, eƒo nu tso xɔlɔ̃wɔwɔ vavã, dɔmenyowɔwɔ, bubudede nyɔnuwo ŋu kple amedzrowo lɔlɔ̃ ɖokuitɔmadimaditɔe ŋu zi geɖe. Nu siawo kpakple nɔnɔme nyui siwo Biblia fia la wɔ akpa vevi aɖe le Georgiatɔwo ƒe tamebubu me hena dzidzime geɖe eye wogakpɔtɔ bunɛ be enye agbe nyui nɔnɔ ŋuti kpɔdzidze na yewo.

FIAƑOMEA TSƆ ÐE LE BIBLIA TATA ME VEVIE

Le ƒe alafa 17 lia ƒe nuwuwu la, Georgia fiaƒomea di vevie be yewoakpɔ egbɔ be wota Biblia. Le taɖodzinu sia ta la, Fia Vakhtang VI ɖo agbalẽtaƒe ɖe Tbilisi, si nye woƒe fiadua me. Ke hã Biblia gbalẽwo katã mesɔ gbe be woatae o. Ðeko wònɔ abe ɖe Georgiagbe me Biblia ganɔ ɣaɣla ake ene. Asinuŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo koe li woakpɔ eye wonɔ Georgiagbe si ame geɖe megadona o la me. Gbeŋutinunyala bibi Sulkhan-Saba Orbeliani ye wode dɔ asi na be wòato Biblia me nyawo me ahaɖe agbalẽ siwo susɔ la gɔme.

Orbeliani lé fɔ ɖe dɔa ŋu wɔ. Esi wòse gbe geɖe, siwo dome Helagbe kple Latingbe hã le ta la, ete ŋu wɔ numekuku le agbalẽ vovovo siwo le gbe bubuwo me kpakple asinuŋɔŋlɔ siwo le Georgiagbe me la me. Ke hã esi wòɖoe be yeaku nu me tsitotsito ahawɔ dɔa anukwaretɔe ta la, esia medze Georgia Orthodɔks Sɔlemehaa ŋu o. Eya ta sɔlemehakplɔlawo tso enu be ele sɔlemehaa gɔme zɔm eye wodze agbagba ƒoe ɖe fia la nu wòxɔ Biblia gɔme ɖeɖe dɔa le esi. Le Georgia gbalẽ aɖewo ƒe nya nu la, sɔlemeha la ƒe aɖaŋuɖotakpekpea ƒoe ɖe Orbeliani nu wòtɔ dzo Biblia si ŋu wòwɔ dɔ le ƒe geɖe la!

Dzidzɔtɔe la, Mtskheta (Mcxeta) Asinuŋɔŋlɔgbalẽ la ƒe kɔpi ɖeka, si wogayɔna be Saba’s Bible (Saba Ƒe Biblia) la gakpɔtɔ li va de asi na egbea eye numeɖeɖe si Orbeliani ŋlɔ kple asi hã le eme. Ke hã ame aɖewo ke ɖi be menye Biblia sia ŋue sɔlemehakplɔlawo tsi tsitre ɖo o. Megbenyawo ko ŋue kakaɖedzi le be eyae ŋlɔe.

Togbɔ be kplamatsɛdonu geɖe nɔ anyi hã la, Biblia tata gakpɔtɔ nye nu vevitɔ na fiaƒometɔ aɖewo ɣemaɣi. Tso ƒe 1705 va ɖo ƒe 1711 me la, wota Biblia ƒe akpa aɖewo. Le Georgia Fiavi siwo nye Bakari kple Vakhushti ƒe agbagbadzedze ta la, wova ta Biblia bliboa mlɔeba le ƒe 1743 me. Magate ŋu anɔ ɣaɣla azɔ o.

^ mm. 3 Le blema la, nu siwo dzi woŋlɔa nu ɖo la mebɔ o eye woxɔ asi hã. Eya ta nu si wowɔna ɣemaɣie nye be woƒlɔa nuŋɔŋlɔ xoxoawo ɖa le wo dzi eye wogbugbɔ ŋlɔa nu bubu ɖe eteƒe. Woyɔa asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo be palimpsests, si nye ŋkɔ si woɖe tso Helagbe me nya aɖe si fia “nu si woƒlɔ kpɔ” me.