Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nyabiase Etɔ̃ Siwo Na Nuwo Trɔ Le Nye Agbe Me

Nyabiase Etɔ̃ Siwo Na Nuwo Trɔ Le Nye Agbe Me
  • ƑE SI ME WODZII: 1949

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: AMERIKA

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ENƆ TAMEÐOÐO SI LE AGBE ŊU DIM

NYE ŊUTINYA:

Ancram, si nye du sue aɖe le New York nutoa ƒe dziehe le Amerika ye menɔ tsi. Agbleta afi si wonyia nyiwo le koŋ lae wònye. Le nyateƒe me la, nyi siwo le dua me la sɔ gbɔ wu dua me tɔwo.

Nye ƒometɔwo dea sɔleme le sɔlemexɔ sue ɖeka pɛ si le dua me la me. Kwasiɖagbe ŋdi la, Tɔgbui tutua nye afɔkpawo ŋu nyuie, eye emegbe medzea mɔ kple Biblia ɣi sue si Mama nam la ɖoa ta Kwasiɖagbe mawunyasrɔ̃suku. Wofia dɔ sesẽ wɔwɔ, amebubu, kple kpekpeɖeŋunana aƒelikawo ƒe vevienyenye mía kple nɔvinyewo, eye be míanɔ akpe dam ɖe míaƒe yayrawo ta.

Esi metsi la, meʋu le mía ƒeme, eye meva zu nufiala. Nya geɖewo nɔ asinye mebiana tso Mawu kple agbea ŋu. Nye sukuviwo dometɔ aɖewo ƒe tagbɔ kɔ ale gbegbe. Gake ɖewo ya ƒe susu meɖa o, eya ta ele be woasrɔ̃ nu veviedodotɔe. Wo dometɔ aɖewo nye nuwɔametɔwo, gake bubuwo ya le lãmesẽ nyui me. Mekpɔe be mesɔ kura be nuwo nanɔ alea o. Nya siwo sukuvi siwo nye nuwɔametɔwo dzilawo gblɔna ɣeaɖewoɣi la dometɔ ɖekae nye, “Alea ye Mawu wɔ vinyea.” Eya ta mebiaa ɖokuinye be nu ka tae Mawu ɖe mɔ be wodzi ɖevi aɖewo nuwɔametɔwoe ɖo. Vidzĩwo menya naneke o, eye womewɔ vɔ̃ aɖeke o ɖe.

Mebiana hã be, ‘Nu ka koŋ tae wowɔm ɖo?’ Mekpɔe be mele tsitsim eye ɣeyiɣiawo va le yiyim kabakaba. Ƒome nyui aɖe mee wodzim ɖo, mede suku xɔŋkɔwo, eye fifia mele dɔ si melɔ̃ vevie la wɔm. Gake nyemenya nu si koŋ matsɔ nye agbe susɔea awɔ o. Mekpɔe be nu si magate ŋu awɔ koe nye be maɖe srɔ̃, eye míatso aƒe nyui aɖe ahadzi viwo, mayi edzi anɔ dɔ wɔm va se ɖe esime maxɔ dzudzɔ le dɔme, eye mlɔeba mayi aɖatsi ametsitsiwo dzikpɔƒe. Gake mebiaa ɖokuinye be agbe katã koe nye esia mahã.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Nye kple hanyeti nufiala aɖewo míeyi mɔkeke le Europa le dzomeŋɔli aɖe. Míeyi ɖatsa le sɔlemexɔ gã xɔŋkɔ siwo nye Westminster Abbey, Notre-Dame de Paris, kple esi le Vatican kpakple sɔlemexɔ sue bubu geɖewo me. Afi sia afi si míeyi la, mebiaa nye nyaawo subɔsubɔhakplɔlawo. Esi metrɔ gbɔ va Sloatsburg, le New York la, meɖatsa le sɔlemeha geɖewo me. Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo nye biabiawo ŋu wo me kɔ nam o.

Gbe ɖeka, sukuvi aɖe si xɔ ƒe 12 la te ɖe ŋunye hebia nya etɔ̃ aɖewom. Gbã, ebiam be, ɖe menya be Yehowa Ðasefoe yenye hã. Meɖo eŋu be ɛ̃. Evelia, ebiam be, ɖe madi be manya Yehowa Ðasefowo nyuie mahã. Megaɖo eŋu be ɛ̃. Etɔ̃lia, ebia be afi kae menɔna hã. Esi megblɔ afi si menɔna nɛ la, míekpɔe be nye aƒeme medidi tso woƒe ƒomea ƒe aƒe gbɔ kura o. Nyemenya kura be nyabiase etɔ̃ mawo siwo nyɔnuvi ma biam la ana nuwo natrɔ le nye agbe me tegbee o.

Esia megbe kpuie la, edo eƒe gasɔ va nye aƒe me eye wòdze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kplim. Mebia nya siwo mebia subɔsubɔhakplɔla geɖewo lae. Gake nyɔnuvi sia ya to vovo, etsɔ woƒe ŋuɖoɖo fakɔname siwo me kɔ nyuie la fiam le nye ŋutɔ nye Biblia me—ame aɖeke meɖo nye nyawo ŋu nam alea kpɔ o!

Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la do dzidzɔ nam ale gbegbe be nye dzi dze eme. Esi mexlẽ 1 Yohanes 5:19, si gblɔ be, “Míenyae be Mawu me míetso, ke xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te” la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Eye esi mesrɔ̃e be Satanae hea fukpekpe siwo katã teƒe kpɔm míele vɛ, ke menye Mawue o, eye be Mawu ava ɖe fukpekpewo katã ɖa la, ɖeko nye dzi dze eme bɔkɔɔ. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Meva kpɔe be ne woɖe Biblia me nyawo me wo me kɔ nyuie la, gɔmesese nɔa eŋu. Togbɔ be ƒe 12 pɛ koe Ðasefo si nɔ nua srɔ̃m kplim la xɔ hã la, megblɔ na ɖokuinye be nu si nye nyateƒe koa nyateƒee, eɖanye ame ka ke ƒe nu mee nèsee le o.

Togbɔ be ele alea hã, medi be makpɔe ɖa be ɖe Ðasefowo ŋutɔwo wɔna ɖe nya siwo woɖea gbeƒãe la dzi mahã. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuvi suea tea gbe ɖe edzi be Kristotɔ vavãwo wɔa nu dzigbɔɖitɔe eye wonyoa dɔme. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eya ta meɖoe be mado eya ŋutɔ kpɔ be ɖe wòɖea nɔnɔme nyui mawo fiana mahã. Gbe ɖeka le míaƒe nusrɔ̃gbe la, meɖoe koŋ tsi megbe; nyemegbɔ ɖe game dzi o. Menɔ ɖokuinye biam be: ‘Ðe wòanɔ lalayem be magbɔa? Eye ne elalam la, ɖe wòado dziku le esi metsi megbe ta?’ Esi meva ɖo la, mekpɔe be ele lalayem le nye aƒea ƒe kpui nu. Eye wòsi du enumake va nye ʋua gbɔ hegblɔ nam be: “Esusɔ vie ko metrɔ yi aƒe me be maɖagblɔ na danye be ehiã be míaƒo ka na kɔdziwo kple kpovitɔwo ahakpɔe ɖa be ɖe nane dzɔ ɖe dziwò hã, elabena mètsi megbe alea gbegbe le wò nusrɔ̃gbe kpɔ o. Eya ta menɔ nu xam!”

Ɣebubuɣi la, mebia nya aɖe si menya nyuie be asesẽ na ƒe-12-vi be wòaɖo eŋu. Gake ɖe medi be makpɔe ɖa be ɖe eya ŋutɔ asusu nya aɖe ko agblɔ hã. Esi mebia nyaae la, ekpɔ nye ŋkume dũu eye wògblɔ be: “Nya si nèbia la sesẽ ŋutɔ. Maŋlɔe ɖi ale be maɖabia dzinyelawo.” Eye esi wòtrɔ va le míaƒe nusrɔ̃gbe si kplɔe ɖo la, etsɔ Gbetakpɔxɔ magazine aɖe si me nye nyabiasea ƒe ŋuɖoɖo le la ɖe asi vɛ. Esia na meva lɔ̃ Ðasefowo, elabena mekpɔa nye nyabiasewo ƒe ŋuɖoɖo siwo tso Biblia me la le woƒe agbalẽwo me. Mía kple nyɔnuvi sue ma míeyi nusɔsrɔ̃a dzi, eye ƒe ɖeka megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo. *

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Esi meke ɖe nye biabiawo ƒe ŋuɖoɖo siwo fa akɔ nam ŋu azɔ la, nye hã medi be magblɔe na ame bubuwo. (Mateo 12:35) Gbã la, nye ƒometɔwo mekpɔ dzidzɔ ɖe nye dzixɔse yeyea ŋu o. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova trɔ woƒe nɔnɔme hewɔa nu ɖe ŋunye nyuie. Esi wòsusɔ vie danye naku la, eva dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. Togbɔ be mete ŋu xɔ nyɔnyrɔ hafi ku o hã, meka ɖe edzi be etso nya me be yeasubɔ Yehowa.

Le ƒe 1978 me la, meɖe Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Elias Kazan. Eye le ƒe 1981 me la, wokpe mía kple Elias be míava zu United States (Amerika) Betel-ƒomea me tɔwo. * Nublanuitɔe la, esi míesubɔ le afi ma ƒe ene pɛ ko megbe la, Elias ku. Togbɔ be mezu ahosi hã, meyi nye subɔsubɔdɔa dzi le Betel, esia na nye susu nɔ nu ɖeka ŋu eye mekpɔ akɔfafa geɖe.

Le ƒe 2006 me la, meɖe Richard Eldred, si hã nye Betel-ƒomea me tɔ. Nye kple Richard míeyi edzi le subɔsubɔm le Betel; subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Esi meva nya nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu mlɔeba la, mekpɔe be menye ɖeko meke ɖe nye nyabiaseawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu ko evɔ o, ke meva nya tameɖoɖo si le agbea ŋu hã—eye esiawo katã dze egɔme kple nya etɔ̃ siwo nyɔnuvi sue la biam.

^ mm. 16 Le wo katã me la, nyɔnuvi sia kple nɔviawo kpe ɖe woƒe nufiala atɔ̃ ŋu wosrɔ̃ Biblia eye wova le Yehowa subɔm.

^ mm. 18 “Betel” gɔmee nye “Mawu Ƒe Aƒe,” eye alea ye Yehowa Ðasefowo yɔa woƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godoo lae. (1 Mose 28:17, 19, etenuŋɔŋlɔ) Betel-ƒomea me tɔwo wɔa dɔ vovovowo tsɔ kpea asi ɖe nufiafiadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le ŋu.