Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yesu Ƒe Agbemeŋutinya Si Le Biblia Me La De Pɛpɛpɛa?

Ðe Yesu Ƒe Agbemeŋutinya Si Le Biblia Me La De Pɛpɛpɛa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Biblia-ŋlɔla Luka gblɔ tso Yesu ƒe agbemeŋutinya si wòŋlɔ la ŋu be: “Nye hã meku nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.”—Luka 1:3.

 Ame aɖewo gblɔna be wotrɔ Yesu ƒe agbemeŋutinya siwo woŋlɔ ɖe Nyanyuigbalẽwo, siwo nye agbalẽ siwo eŋɔlimetɔ siwo nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ŋlɔ, la me nyawo le ƒe alafa enelia le Yesu dzidzi megbe me.

 Gake wova ke ɖe Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ aɖe ŋuti le Egipte le ƒe 1900-ƒeawo ƒe gɔmedzedze. Woyɔa asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ sia egbea be Papyrus Rylands 457 (P52) eye wodzrae ɖo ɖe John Rylands Library si le Manchester le England (Angleterre). Nya siwo dze le Yohanes 18:31-33, 37, 38 le egbe Bibliawo mee le edzi.

 Esiae nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo alo Nubabla Yeyea ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ xoxotɔ si ŋu woke ɖo. Agbalẽnyala geɖe xɔe se be ƒe 125 me lɔƒoe woŋlɔe. Esia anye ƒe 25 alo esi wu nenema vie ko esime Yohanes ŋutɔ ŋlɔ eƒe agbalẽa megbe. Nuŋlɔɖi siwo ŋu woke ɖo la sɔ pɛpɛpɛ kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo va ɖe emegbe la tɔwo.