Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunya Si Dze Le Biblia Ƒe Nufiafiawo Me Nu Meyina O

Nunya Si Dze Le Biblia Ƒe Nufiafiawo Me Nu Meyina O

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Èle tsa ɖim le blemanudzraɖoƒe aɖe si ŋkuɖodzinu xoxowo sɔ gbɔ ɖo. Do suesuesuewo le geɖe ŋu, wodo xoxo eye woƒe afi aɖewo gblẽ. Ðewo hã ƒe akpa aɖewo ka. Gake naneke megblẽ le wo dometɔ ɖeka aɖe ya ŋu kura o; ele abe ale si ko wònɔ hafi wotsɔe va afi ma ene. Eya ta èbia ame si kplɔ wò le tsatsam la be: “Nu yeye esia ya nyea?” Eɖo eŋu be: “Ao, eli xoxoxo do ŋgɔ na bubuawo gake megblẽ woɖɔe ɖo kpɔ o.” Eya ta ègabia be: “Ðe wotsyɔ nu eŋua?” Eɖo eŋu be, “Ao, esia boŋue nɔ ya nu eye tsi ƒoe zi geɖe. Eye ame gblẽku geɖe hã te kpɔ be yewoagblẽ edome hafi.” Ðewohĩ awɔ nuku na wò nàbia ɖokuiwò be, ‘Ke nu kae wotsɔ wɔ eya ya?’

Míagblɔ be Biblia le abe ŋkuɖodzinu tɔxɛe ma ene. Eli eteƒe didi eye wotsi wu agbalẽ bubu geɖe. Gake blemagbalẽ bubuwo hã li ya. Abe ŋkuɖodzinu siwo dome gblẽ ene la, agbalẽ xoxo geɖewo hã dome gblẽ esi ɣeyiɣiawo va le yiyim. Le kpɔɖeŋu me, nya siwo wogblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu hã megasɔ kple nu siwo míenya tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu fifia siwo ŋu kpeɖodziwo le la o. Afɔku le aɖaŋu siwo woɖo ku ɖe atikewɔnyawo ŋu la ŋu, eye womate ŋu aɖe vi na mí o. Azɔ hã blemagbalẽ geɖewo vuvu eye woƒe kakɛ aɖewo koe susɔ.

Gake Biblia ya to vovo kura. Togbɔ be wodze emenyawo ŋɔŋlɔ gɔme ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi hã la, Biblia li dedie. Eye togbɔ be wodze agbagba zi geɖe le ƒe alafa gbogbo siwo va yi me be woatɔ dzoe, aɖo asi edzi eye womebui ɖe ɖeke me o hã, emenyawo gade pɛpɛpɛ. Le esi míabu Biblia be edo xoxo teƒe la, Biblia ŋutɔ gblɔ nu wɔnuku geɖe siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖi boŋ.—Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Biblia Me Nyawo Do Xoxo Alo Wodo Ŋgɔ Na Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?”

MƆFIAME SIWO ÐEA VI EGBEA

Àbia be ‘Ðe Biblia ƒe nufiafiawo gasɔ egbea nyateƒea?’ Be nàɖo nya sia ŋu la, bia ɖokuiwò be: ‘Kuxi sesẽ kawo me tom amegbetɔwo le egbea? Wo dometɔ kawoe dzi ŋɔ wu?’ Ðewohĩ wò susu ayi aʋawɔwɔ, ɖiƒoƒo yame, nu vlo wɔwɔ alo nu fitifiti wɔwɔ dzi. Azɔ na míade ŋugble le nufiafia vevi aɖewo siwo le Biblia me la ŋu. Ne míele eme dzrom la, bia ɖokuiwò be, ‘Ne amewo wɔ ɖe mɔfiame siawo dzi la, ɖe nuwo made mía dzi le xexea me wu oa?’

ALE SI MÍALƆ̃ ŊUTIFAFA

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wɔa ŋutifafa, elabena woayɔ wo be Mawu viwo.” (Mateo 5:9) “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—Romatɔwo 12:18.

NUBLANUIKPƆKPƆ KPLE TSƆTSƆKE

“Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.” (Mateo 5:7) “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa * tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”—Kolosetɔwo 3:13.

AMEWO KATÃ ANƆ ANYI LE ŊUTIFAFA ME

Mawu na “dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me, be woanɔ anyigba blibo la dzi.” (Dɔwɔwɔwo 17:26) “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

ANYIGBAA TA KPƆKPƆ

“Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ la me be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.” (1 Mose 2:15) Mawu atsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm.”—Nyaɖeɖefia 11:18.

ŊUKEKLẼ KPLE GBƆDƆDƆ MANƆSENU TSITSRI

“Mikpɔ nyuie le ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.” (Luka 12:15) “Migana woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi alo ŋukeklẽ ŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe ale si ko wòdze ame kɔkɔewo ene.”—Efesotɔwo 5:3.

ANUKWAREÐIÐI KPLE DƆ SESẼ WƆWƆ

“Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.” (Hebritɔwo 13:18) “Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ.”—Efesotɔwo 4:28.

NU SI TA WÒLE VEVIE BE MÍAKPE ÐE AME SIWO LE HIAHIÃ ME LA ŊU

“Mifa akɔ na ame siwo lé blanui, mikpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.” (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Mikpɔ “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me.”—Yakobo 1:27.

Menye ɖeko Biblia ƒo nu tso mɔfiame mawo ŋu ko o. Efia ale si míade asixɔxɔ wo ŋu, eye míazã wo le míaƒe gbe sia gbe nuwɔnawo me hã. Ne ame geɖe awɔ ɖe mɔfiame mawo dzi la, ɖe esia maɖe kuxi sesẽ siwo bɔ ɖe xexea me la dzi akpɔtɔ oa? Nyae nye be, Biblia me mɔfiameawo wɔa dɔ eye wosɔ na mí wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe! Ekema aleke Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifi laa?

ALE SI BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO ATE ŊU AÐE VI NA WÒ FIFIA

Ame si nya nu wu amegbetɔwo katã gblɔ kpɔ be: “Nunya me tsonu tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mateo 11:19, etenuŋɔŋlɔ) Ðe nya ma menye nyateƒe oa? Ne míewɔ nunya ŋu dɔ woɖe vi na mí la, enana míekpɔa eƒe asixɔxɔ. Eya ta àgblɔ be: ‘Ne Biblia me nyawo ɖea vi la, ke nu ka tae nyemele eƒe viɖewo kpɔm le nye agbe me o? Aleke mate ŋu azãe atsɔ akpɔ kuxi siwo me tom mele fifia la gbɔe?’ Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.

Nuwo nɔ edzi yim nyuie na Delphine * le agbe me. Kasia nuwo va trɔ nɛ kpata. Via ɖetugbui ku. Atsuƒe gblẽ nɛ eye ganyawo hã va sesẽ nɛ. Egblɔ be: “Nyemegava ɖi naneke o, vi ku nam, srɔ̃nye gbem eye aƒe hã megale asinye o. Mese le ɖokuinye me be nyemenyo na naneke o, mɔkpɔkpɔ bu ɖem.”

Delphine va se Biblia me nya vevi sia gɔme nyuie. Afi ma gblɔ be: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, alo ƒe blaenyi, ne ŋusẽ tɔxɛ le ame ŋue nye ema. Ke wo yɔ fũu kple fukpekpe kple nuxaxa; wo nu va yina kaba, eye míebuna.”—Psalmo 90:10.

Esi Delphine va ɖo nɔnɔme sesẽ sia me la, etrɔ ɖe Biblia ŋu. Biblia kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Abe ale si nyati etɔ̃ siwo akplɔ esia ɖo aɖee afia enea, ame geɖe hã kpɔe be Biblia kpe ɖe yewo ŋu ŋutɔ esi yewozã eme mɔfiamewo tsɔ kpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ. Wova kpɔe be Biblia le abe ŋkuɖodzinu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi ene. Mele abe agbalẽ gbogbo siwo me nyawo va do xoxo eye womegaɖea vi o ene la o. Ðe wòanye be esi Biblia nye agbalẽ tɔxɛe taea? Ðe wòanye be Mawu ƒe susuwoe le eme, ke menye amegbetɔwo tɔ oa?—1 Tesalonikatɔwo 2:13.

Ðewohĩ wò hã èkpɔe be agbea le kpuie eye fukpekpe bɔ ɖe eme. Ne edze abe kuxiwo wu tsɔtsɔ na wò ene la, afi kae nètrɔna ɖo be yeakpɔ akɔfafa, kpekpeɖeŋu kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo?

Na míaƒo nu tso mɔ vevi etɔ̃ siwo nu Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le la ŋu. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò

  1. nàƒo asa na kuxiwo ne anya wɔ.

  2. nàkpɔ kuxi siwo do mo ɖa la gbɔ.

  3. nànɔ te ɖe kuxi siwo ŋu màte ŋu awɔ naneke le o la nu.

Nyati siwo kplɔ esia ɖo la aƒo nu tso nu etɔ̃ siawo ŋu.

^ mm. 10 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

^ mm. 24 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia kple nyati etɔ̃ siwo akplɔe ɖo la me.