Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu

3 Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Te Ðe Kuxiwo Nu

Kuxi geɖewo li siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le alo aƒo asa na fifia o. Le kpɔɖeŋu me, ne wò ame vevi aɖe ku alo dɔmavɔleameŋu le wò ŋutɔ ŋuwò la, naneke meli nàte ŋu awɔ tso eŋu wu be nànɔ te ɖe vevesesea nu o. Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme sesẽ ma mea?

DƆMAVƆLEAMEŊU

Rose gblɔ be: “Wodzim kple dɔléle aɖe si nana mesea veve edziedzi. Esia wɔe be dzi medzɔam o.” Nu siwo ɖea fu nɛ vevie dometɔ ɖekae nye be ɣeaɖewoɣi esesẽna nɛ be wòatsɔ susu aɖo Biblia sɔsrɔ̃ kple nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu. Gake Yesu ƒe nya siwo le Mateo 19:26 la kpe ɖe eŋu ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.” Rose va kpɔe be mɔ bubuwo li siwo dzi yeate ŋu ato asrɔ̃ nu. Esi wònye be eƒe vevesesea nana be nuxexlẽ menɔa bɔbɔe nɛ ɣeaɖewoɣi o ta la, eva nɔa to ɖom Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la. * Egblɔ be: “Ne menye nu siawoe oa, anye ne asesẽ nam be malé mawusubɔsubɔ me ɖe asi.”

Ne dzi ɖe le Rose ƒo le nu siwo mate ŋu awɔ fifia o ta la, 2 Korintotɔwo 8:12 me nyawo faa akɔ nɛ. Afi ma gblɔ be: “Ne didia nya li ko la, wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu le nu si le ame si la nu, menye le nu si mele ame si o la nu o.” Nya mawo ɖoa ŋku edzi na Rose be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe nu si wòate ŋu awɔ la ŋu, elabe ewɔa nu si eƒe nɔnɔmea aɖe mɔ nɛ la kple eƒe ŋusẽ katã.

NUXAXA

Delphine, si ŋu míeƒo nu tsoe gblɔ be: “Esi vinyenyɔnu si xɔ ƒe 18 ku la, mese veve ale gbegbe be mesusu be ɖe wòvɔ nam ye nye ema. Nyemese veve alea kpɔ o.” Gake nya si le Psalmo 94:19, fa akɔ nɛ ŋutɔ. Psalmo sia ŋlɔla gblɔ le afi ma na Mawu be: “Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.” Delphine gblɔ be, “Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ nu siwo ana makpɔ gbɔdzɔe.”

Etsɔ eɖokui na be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Esi ɣeyiɣia va nɔ yiyim la, eva tsɔ eɖokui sɔ kple akalo si ɖeviwo tsɔ taa nu. Woagate ŋu azã esiwo ŋe alo gbã gɔ̃ hã atsɔ ata nui. Eva kpɔe be togbɔ be yeƒe dzi gbã hã la, yeate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Egblɔ be: “Nu si meva de dzesii ye nye be ne mele Biblia ƒe mɔfiamewo zãm tsɔ le kpekpem ɖe nye nusrɔ̃viwo ŋu la, mekpɔnɛ be Yehowa toa nu mawo ke dzi faa akɔ nam eye wonana mekpɔa gbɔdzɔe.” Eŋlɔ ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo to nɔnɔme sesẽwo me la ƒe ŋkɔwo ɖi. Ede dzesii be, “Wo dometɔ ɖe sia ɖe doa gbe ɖa vevie.” Eva kpɔe hã be, “Biblia xexlẽ koe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu woanɔ te ɖe kuxiwo nu.”

Biblia sɔsrɔ̃ fia nu yeye aɖe Delphine, eyae nye be wòatsɔ susu aɖo etsɔme ŋu ke menye nu siwo dzɔ va yi la ŋu o. Mɔkpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 24:15 la fa akɔ nɛ. Afi ma gblɔ be, “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Nu kae na wòka ɖe edzi be Yehowa afɔ ye via ɖe tsitre? Na Delphine ŋutɔ naɖo eŋu, ebe: “Mele vinyea kpɔm ɖaa le etsɔme. Meka ɖe edzi vevie be magakpɔ vinyea ake le Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi. Mele nye kplii kpɔm le míaƒe abɔa me le susu me, abe gbe si gbe medzii helɔ̃e ene.”

^ mm. 4 Àkpɔ nu gbogbo siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la le internet dzi le jw.org/ee.

Biblia ate ŋu afa akɔ na wò le nɔnɔme sesẽtɔ kekeakewo gɔ̃ hã me