Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 4

Gazazã Nyuie

Gazazã Nyuie

“Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu.”​—Lododowo 20:18

Mí katã míehiã ga be míatsɔ akpɔ míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Lododowo 30:8) Nyateƒee, ‘ga doa vɔvɔli.’ (Nyagblɔla 7:12) Ate ŋu asesẽ na wò kple srɔ̃wò be miaɖo dze tso ganyawo ŋu, gake migana ga nade dzre mia dome o. (Efesotɔwo 4:32) Ele be srɔ̃tɔwo naka ɖe wo nɔewo dzi eye woƒe nu nasɔ le ale si woazã woƒe gawoe la gome.

1 MIWƆ ÐOÐO NYUIE

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Mia dometɔ kae li, eye ne ele didim be yeatu xɔ kɔkɔ aɖe la, manɔ anyi ahabu eŋu kɔnta gbã, akpɔ ɖa ne nu sɔ gbɔ ɖe esi be wòawu enu oa?” (Luka 14:28) Ele vevie ŋutɔ be miawɔ ɖoɖo ɖe ale si miazã miaƒe gawoe la ŋu. (Amos 3:3) Mitso nya me le nu siwo miaƒle kpakple ga home si miatsɔ aƒle woe la ŋu. (Lododowo 31:16) Esia mefia be ne ga le mia si miate ŋu aƒle nane ko la, ehiã be miaƒlee godoo o. Midze agbagba miaƒo asa na fenyinyi. Esi wònye kpo si le ame si ƒe dae woƒona ta la, miƒle nu ɖe ga si le mia si la ko nu.​—Lododowo 21:5; 22:7.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Ne ga aɖe susɔ na mi le dzinua ƒe nuwuwu la, mi ame evea mitso nya me le nu si miawɔ kplii la ŋu

  • Ne miezã ga wu ale si dze la, midi mɔnu miaɖe miaƒe gazazãwo dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu aɖoe be yewo ŋutɔ yewoaɖa nu tsɔ wu be yewoayi aɖaƒle ɖaƒlee

2 NA SRƆ̃WÒ NANYA GA SI NÈKPƆNA

NYA SI BIBLIA GBLƆ: ‘Mikpɔ nuwo katã gbɔ le anukwareɖiɖi me, menye le Yehowa ŋkume ɖeɖe ko o, ke boŋ le amegbetɔwo ŋkume hã.’ (2 Korintotɔwo 8:21) Na srɔ̃wò nanya ga si nèkpɔna alo fetu si nèxɔna kple ale si nèzãa gae.

Hafi nàƒle nu xɔasi aɖe la, lée kpɔ kple srɔ̃wòa gbã. (Lododowo 13:10) Ne mieɖoa dze tso miaƒe gazazãwo ŋu la, ana be ŋutifafa nanɔ miaƒe ƒomea me. Mègabu ga si nèkpɔna be enye ye ɖeka ye tɔ o, ke boŋ be enye ƒomea tɔ.—1 Timoteo 5:8.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Milɔ̃ ɖe ga si mia dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu azã le eɖokui si si mahiã be wòabia nɔvia ƒe susu o la dzi

  • Migalala gakuxiwo nado mo ɖa hafi miava nɔ ŋugble dem tso ale si miazã ga ŋu o