Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Mado Gaa?

Ðe Wòle Be Mado Gaa?

“Gadodo le abe srɔ̃kpekpe ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ene; exegbe nye konyifafa sɔŋ.”—Swahiligbe me lododo aɖee.

ƔEDZEƑE Afrikatɔwo nya lododo sia nyuie, eye anɔ eme godoo be le xexea me godoo la, dukɔ geɖe me tɔwo ƒe susu wɔ ɖeka kple nya sia. Alea kee wò hã nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe gadodo le xɔ̃wòwo alo ame bubuwo sia? Togbɔ be adze nu si sɔ be woado ga ɣeaɖewoɣi hã la, ɖe wòle be woadoea? Kuxi kple afɔku kawoe le gadodo me?

Swahiligbe me lododo bubu ya yi nyaa gbɔ tẽe esi wògblɔ be: “Gadodo le ame si kple gadodo na ame gblẽa xɔlɔ̃wo dome.” Nyateƒee, fenyinyi ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ kple ƒomekadodowo me. Nenye be susu nyui ye wòtsɔ do ga hewɔ ɖoɖo nyui ɖe exexe ŋu gɔ̃ hã la, nuwo meva yina abe ale si wosusui ene ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, ne ɣeyiɣia de be woaxe fea gake womexee o la, ame si gbɔ wodo gaa le ate ŋu ado dziku. Dziku ate ŋu awɔe be fenyila kple fetɔa kpakple woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã dome magava nɔ vivim o. Esi wònye be gadodo tea ŋu dea dzre aƒe ta la, mele be wòanye mɔ bɔbɔetɔ si dzi woato akpɔ gakuxiwo gbɔ o, ke neva glo ko hafi.

Gadodo ate ŋu agblẽ ame kple Mawu dome. Le mɔ ka nu? Gbã la, Biblia gblɔ be ame vɔ̃ɖie doa nugbana heɖonɛ koŋ be yemaxee o. (Psalmo 37:21) Egblɔ eme kɔ hã be “ame si doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” (Lododowo 22:7) Ele be gadola nanyae be yezu ame si gbɔ yedo gaa le la ƒe kluvi va se ɖe esime yexe fea. Afrikatɔwo ƒe lododo bubu gblɔe wòsɔ nyuie be: “Ne eɣe ame aɖe ƒe afɔ la, eyae afia afi si nàto la wò.” Egɔmee nye be ablɔɖe meganɔa ame si nyi fe gã aɖe la si be wòawɔ nu si wòdi la o.

Eya ta ehiã be ame nabu fe si wònyi la xexe ŋkubiãnyae. Ema manɔ mee la, kuxiwo ado mo ɖa godoo. Feɖuɖu vivivo kplɔa ame dea kuxiwo abe xaxa geɖe, zãdomadɔlɔ̃e, dɔwɔwɔ atraɖii, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ƒe dzrehehe, ƒomewo ƒe gbagbã kura gɔ̃ hã ene me, eye etea ŋu va kplɔa ame yia setɔwo gbɔ alo nana wodea ame gaxɔ me. Eya ta nunya le nya si dze le Romatɔwo 13:8 me be: “Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke ŋu o, negbe mia nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko.”

ÐE WÒHIÃ BE MADO GAA?

Le susu siawo katã ta la, ele be ame nabu nuwo ŋu nyuie hafi ado ga. Nunya anɔ eme be ame nabia eɖokui be: Ðe wòhiã godoo be mado gaa? Ðe wòahiã be mado ga be nye dɔwɔɖuia natsɔ afɔ ale be mate ŋu akpɔ nye ƒomea dzia? Alo ɖe wòanye be ŋukeklẽe le fu ɖem nama, ɖewohĩ be maɖu agbe ta ko yea? Zi geɖe la, anyo wu be nànɔ tɔwò via dzi tsɔ wu be nàdo ga atsɔ ade ɖokuiwò fe me.

Ele eme baa be nɔnɔme aɖewo ate ŋu ado mo ɖa kpata, eye naneke meli nàwɔ wu be nàdo ga atsɔ akpɔ kuxia gbɔ o ya. Ne ele alea gɔ̃ hã la, ele be ame si ɖoe be yeado ga la nanye ame si wɔna ɖe eƒe nya dzi pɛpɛpɛ. Aleke woate ŋu awɔ esiae?

Gbã la, mele be míata fa ame le esi wòdze be alɔme le esi wu ame bubuwo ta gbeɖe o. Mele be míase le mía ɖokui me be ame si si míesusu be alɔme le la nakpɔ míaƒe gakuxiwo gbɔ na mí godoo o. Mele be míasusui hã be ne míete ŋu wɔ ɖe míaƒe ŋugbedodoa dzi o la, magblẽ naneke le amea ŋu o. Mele be míabiã ŋu ame siwo dzi míesusu be ganyawo de la o.Lododowo 28:22.

Eya ta kpɔ egbɔ be yexe ga si yedo la eye yexee ɖe game dzi. Nenye be ame si gbɔ nèdo gaa le meɖo ɣeyiɣi si nàtrɔ gaa vɛ na wò o gɔ̃ hã la, ele be wò ya nàgblɔ ɣeyiɣi si nàtrɔ gaa nɛ, eye nàwɔ wò nyaa dzi. Anyo be miawɔ agbalẽ ɖe gadodo dzi ale be mi ame evea sia miaƒo asa na masɔmasɔwo. (Yeremiya 32:9, 10) Ne anya wɔ la, wò ŋutɔ tsɔ ga si nèdo la yi na amea ale be nàda akpe hã nɛ. Eɖoɖo kplikpaa axe ga si ame do la nana wonɔa ƒomedodo nyui me kple amewo. Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nanye Ao ko.” (Mateo 5:37) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Sikasedede sia nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”Mateo 7:12.

BIBLIA ME MƆFIAME SIWO ÐEA VI

Biblia gblɔ nu si ana ame naƒo asa na didi be yeado ga. Egblɔ be: “Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu.” (1 Timoteo 6:6) Ne míagblɔe bubui la, ne tɔwò via dzea ŋuwò la, akpɔ tawò tso gadodo me kuxiwo me. Enye nyateƒe be menɔa bɔbɔe be nu si le ame si la nadze ame ŋu le xexe sia si ƒonɛ ɖe ame nu be woaɖi kɔ na ame ƒe dzodzrowo enumake la me o. Afi siae “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” ɖea vi le. Le mɔ ka nu?

Bu Kristotɔ srɔ̃tɔ siwo le Asia ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wòɖe srɔ̃ teti la, ne wokpɔ amewo wole woawo ŋutɔwo ƒe aƒe me la, edzroa wo. Eya ta wotso nya me hezã ga si wodzra ɖo eye wodo ga le gadzraɖoƒe kple ƒometɔwo gbɔ kpee heƒle aƒe. Gake eteƒe medidi o, wova de dzesii be agbã gã aɖe le yewo dzi be yewoanɔ ga home gbogbo aɖe xem ɣleti sia ɣleti. Wova nɔ dɔ bubuwo wɔm kpee, wowɔa dɔ gaƒoƒo geɖe wu le ŋkekea me si wɔe be womegakpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu o. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Ðeɖiteameŋu, lãmevi kple alɔ̃masuame va zu agba kpekpe aɖe le dzinye. Gbɔgbɔtsixe tsi ƒonye.”

“Ne míebua ŋutilãmenuwo abe ale si Mawu bua woe ene la, ekpɔa mía ta”

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo ŋku nya si dze le 1 Timoteo 6:6 dzi, eye wotso nya me be nu si ko yewoate ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔe nye be yewoadzra aƒea. Ƒe eve megbe hafi agba kpekpe ma do le wo dzi. Nu kae srɔ̃tɔ siawo srɔ̃ tso nu si me woto la me? Wogblɔ be: “Ne míebua ŋutilãmenuwo abe ale si Mawu bua woe ene la, ekpɔa mía ta.”

Ame geɖe nya Swahiligbe me lododo si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la me nyawo nyuie. Gake mekpe ɖe wo ŋu wodzudzɔ gadodo o. Le Biblia ƒe mɔfiame siwo me míedzro va yi nu la, ɖe nunya manɔ eme be míabu nyabiase si nye “Ðe Wòle Be Mado Gaa?” ŋkubiãnyae oa?