Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gbena Bubutɔe Be Yewomawɔ Dulɔlɔ̃ Ƒe Nuwɔnawo O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Gbena Bubutɔe Be Yewomawɔ Dulɔlɔ̃ Ƒe Nuwɔnawo O?

 Yehowa Ðasefowo dea bubu dziɖuɖuwo kple dukɔwo ƒe dzesiwo ŋu. Míenya be ame aɖewo atiae be yewoaɖe adzɔgbe na dukɔa, ado gbe na dukɔa ƒe aflaga, alo adzi dukɔa ƒe ha.

 Gake mí Yehowa Ðasefowo ya míetiae be mímawɔ nu siawo o elabe míexɔe se be nuwɔna siawo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ ne amewo dea bubu míaƒe dzixɔse siawo ŋu abe ale si ko míawo hã míedea bubu wo tɔ ŋu ene.

Nyabiase siwo ŋu míaɖo le akpa siae nye

 Nu kae Biblia fia ku ɖe nya sia ŋu?

 Biblia ƒe nufiafia vevi eve siwo gbɔnae kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si wòle be míawɔ le nya sia me:

  •   Mawu dzaa koe wòle be míasubɔ. Biblia gblɔ be: “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.” (Luka 4:8) Gake nya siwo le dukɔwo ƒe hawo kple adzɔgbeɖeɖe geɖewo me bia be ame nalɔ̃ dukɔa wu nu sia nu. Eya ta Yehowa Ðasefowo kpɔe be mesɔ be yewoadzi dukɔa ƒe ha alo agblɔ adzɔgbeɖenya siawo o.

     Yehowa Ðasefowo kpɔe hã be gbedodo na aflaga afia be yewole esubɔm, eye esia sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ; nu si Biblia lé fui. (1 Korintotɔwo 10:14) Agbalẽnyala aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be dukɔwo ƒe aflagawo nye subɔsubɔdzesiwo vavã. Ŋutinyaŋlɔla Carlton J. H. Hayes gblɔ be: “Nu si ɖea dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ fiana ye nye aflaga, eye eyae nye nu vevitɔ si wosubɔna”. a Agbalẽŋlɔla Daniel P. Mannix de dzesii le Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be: “Kristotɔwo gbe be . . . yewomasa vɔ na [Roma] fiagãa ƒe nɔnɔme si wowɔ o, eye esia sɔ kple ale si amewo gbe be yewomado gbe na aflaga o le míaƒe ɣeyiɣia me.” b

    Togbɔ be Yehowa Ðasefowo medoa gbe na aflaga o hã, womevuvu nɛ, tɔa dzoe alo doa vlo aflagaa kple dukɔa ƒe dzesi bubuwo le mɔ aɖeke nu o.

  •   Amegbetɔwo katã sɔ le Mawu ŋkume. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Biblia gblɔ be Mawu ‘na dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me.’ (Dɔwɔwɔwo 17:26) Le susu sia ta la, Yehowa Ðasefowo xɔe se be mesɔ be woabu ameƒomevi aɖewo alo dukɔ aɖe me tɔwo be wonyo wu bubuwo o. Míedea bubu amewo katã ŋu, teƒe ka ke woɖatso alo dukɔ ka ke mee woɖale o.—1 Petro 2:17.

 Ke ne dukɔa ƒe sewo bia be ame sia ame nawɔ nu siawo ya ɖe?

 Yehowa Ðasefowo metsia tre ɖe dziɖuɖuwo ŋu o. Míexɔe se be Mawue ɖe mɔ dziɖuɖuwo le “woƒe nɔƒe siwo seɖoƒe li na.” (Romatɔwo 13:1-7) Míexɔe se hã be ele be Kristotɔwo naɖo to dziɖuɖuwo.—Luka 20:25.

 Ke ne dziɖuɖua de se be nàwɔ nane si tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu ya ɖe? Le dukɔ aɖewo me la, dukɔ me viwo te ŋu biana dziɖuɖua be wòatrɔ asi le dukɔa ƒe se aɖewo ŋu. c Ne esia manyawɔ o la, Yehowa Ðasefowo tsoa nya me bubutɔe be ‘yewoaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 5:29.

 Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔna sia fia be wodi be yewoahe tɔtrɔwo vɛ alo ahe dunyaa?

 Ao. Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyawo me o. Menye ɖe míedi be míahe dunya tae míegbe be mímaɖe adzɔgbe na dukɔa, ado gbe na aflaga, alo adzi dukɔa ƒe ha o. Ke boŋ ɖeko míedi be míawɔ nu si Biblia fia mí le dulɔlɔ̃ ƒe nuwɔna mawo ŋu la dzi.

a Essays on Nationalism, axa 107-108.

b The Way of the Gladiator, axa 212.