Dzo kpo yi emenuwo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Menɔ Yɔdo Ðem Na Ðokuinye”

“Menɔ Yɔdo Ðem Na Ðokuinye”
  • Ƒe Si Me Wodzii: 1978

  • Dukɔ Si Me Wòtso: El Salvador

  • Ame Si Wònye Tsã: Adzogliha Me Tɔ Ŋutasẽla

NYE ŊUTINYA

 “Ne èdi vevie be yeasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la, yi edzi nàde ha kple Yehowa Ðasefowo.” Nya mawo sese wɔ nuku nam ŋutɔ. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo nɔ nu srɔ̃m kplim ɣeyiɣi aɖee nye ema. Gake be nàse nu si tae nya mawo sese wɔ nuku nam gɔme la, na maɖe nu vi aɖe me na wò tso nu siwo dzɔ le nye agbe me ŋu.

 Wodzim le Quezaltepeque, si nye du aɖe si le El Salvador. Mí ame 15 ye wodzi, eye nyee nye vi 6 lia. Dzinyelawo dze agbagba be yewoahem manye anukwareɖila kple sedziwɔla. Azɔ hã, Leonardo kple ame bubu siwo hã nye Yehowa Ðasefowo la va nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí ɣeaɖewoɣi. Gake medo toku nu siwo fiam wonɔm eye meva nɔ afɔ gbegblẽwo boŋ ɖem enuenu. Esi mexɔ ƒe 14 la, mekplɔa nye sukuhatiwo ɖo míeɖanoa aha sesẽ kple atike vɔ̃ɖiwo. Nye sukuhatiawo va dzudzɔ sukudede ɖekaɖeka heva ɖo adzogliha aɖe me, eye nye hã mesrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa. Ablɔwo dzi koŋue míenɔna, míexɔa ga le amewo si eye míefia fi be míakpɔ ga azã ɖe míaƒe nu vlo wɔwɔwo ŋu.

 Adzoglihaa va zu nye ƒome. Mese le ɖokuinye me be ele be mawɔ nuteƒe na wo. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka adzogliha si me menɔ la me tɔ aɖe no atike vɔ̃ɖi hemu eye wòdze nye aƒelika aɖe dzi. Esi wonɔ avua wɔm la, nye aƒelikaa te ŋu kpe xɔ̃nyea dzi eye wòyɔ poliswo. Medo dziku vevie eye metsɔ atikpo aɖe nɔ xaxlãm ɖe nye aƒelikaa ƒe ʋu kple susu be wòaɖe asi le xɔ̃nyea ŋu. Esime metsɔ atikpoa nɔ nye aƒelikaa ƒe ʋu ƒe fesrewo gbãm henɔ nu gblẽm le ʋua ƒe teƒe bubuwo hã ŋu la, eɖe kuku nam be madzudzɔ, gake nyemeɖo toe o.

 Esi mexɔ ƒe 18 la, edzɔ gbe ɖeka be avu dzɔ ɖe míaƒe adzoglihaa kple poliswo dome. Esi mete kpɔ be mada bɔmb aɖe poliswo la, ewó le asi me nam—nyemenya ale si tututu wòdzɔe o. Ðeko meɖo ŋku edzi be mekpɔ be nye asi gbã—eyome meku ƒenyi. Esi menyɔ le kɔdzi la, mekpɔe be nye nuɖusi megali o, nye ɖusimeto meganɔ nu sem o eye nye ɖusimeŋku meganɔ nu kpɔm nyuie o.

 Togbɔ be nu vevi wɔm alea hã la, esi woɖe asi le ŋunye le kɔdzi ko la, metrɔ yi nye adzoglihaa me enumake. Gake le esia megbe kpuie la, poliswo lém eye wodem gaxɔ me. Le gaxɔa me la, ƒomedodo si nɔ nye kple adzoglihaa me tɔwo dome la me gasẽ ɖe edzi. Míewɔa nu aduadu le ŋkeke bliboa me—tso ŋdinuɖuɣi, ne míeno míaƒe atike vɔ̃ɖi gbãtɔwo, va de asi na anyimlɔɣi.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ

 Esime menɔ gaxɔ me la, Leonardo va srãm kpɔ. Esime míenɔ dze ɖom la, efia asi nutata aɖewo siwo nɔ nye nuɖusibɔ ŋu. Eye wòbiam be, “Ènya nu si nutata goɖoegoɖoe etɔ̃ mawo fia?” Megblɔ be, “Ɛ̃ ɖe, wofia gbɔdɔdɔ, atike vɔ̃ɖiwo kple [hadzidzi si nye] rock and roll.” Gake Leonardo ɖo eŋu nam be: “Magblɔ boŋ be wofia kɔdzi, gaxɔ me kple ku. Ènɔ kɔdzi va yi, eye fifia èle gaxɔ me. Ènya nu si akplɔe ɖo.”

 Nya si Leonardo gblɔ la na nye nu ku. Eƒe nyaa le eme. Menɔ yɔdo ɖem na ɖokuinye to agbe si nɔm menɔ la dzi. Leonardo doe ɖe gbɔnye be yeanɔ Biblia srɔ̃m kplim, eye melɔ̃. Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la ʋãm metrɔ nye agbenɔnɔ. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Eya ta nu gbãtɔ siwo wòle be mawɔ dometɔ ɖekae nye be madi xɔlɔ̃ yeyewo. Le esia ta, medzudzɔ adzoglihaa ƒe kpekpewo dede eye meva nɔ kpekpe siwo Yehowa Ðasefowo wɔna le gakpɔa me la boŋ dem. Le Ðasefowo ƒe kpekpea me la, medo go gamenɔla aɖe si ŋkɔe nye Andrés, ame si xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le gakpɔa me. Ekpem be maɖu ŋdinu kpli ye. Tso ekema dzi la, nyemegadzea ŋkekea gɔme kple atike vɔ̃ɖi nono o. Ke boŋ, nye kple Andrés míedzroa mawunyakpukpui ɖeka me ŋdi sia ŋdi.

 Adzoglihaa me tɔwo de dzesii enumake be menɔ tɔtrɔm. Eya ta adzoglihaa ƒe ŋgɔnɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be yedi be yeakpɔm. Vɔvɔ̃ ɖom. Nyemenya nu si wòawɔ nam ne eva nya nu si meɖo be mawɔ o, elabena bebli ŋutɔ hafi ame tea ŋu dona le adzoglihaa me. Egblɔ be: “Míekpɔe be mègadea míaƒe kpekpewo o, ke Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo boŋue nèdena. Nu kae nèɖo be yeawɔ?” Megblɔ nɛ be medi be mayi Biblia sɔsrɔ̃ dzi eye matrɔ nye agbenɔnɔ. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi wògblɔ nam be adzoglihaa me tɔwo ade bubu ŋunye zi ale si meɖee fia ŋutɔŋutɔ be medi be mazu Yehowa Ðasefo. Eyome egblɔ be: “Ne èdi vevie be yeasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la, yi edzi nàde ha kple Yehowa Ðasefowo. Míele mɔ kpɔm be nàdzudzɔ nu gbegblẽwo wɔwɔ. Mekafu wò. Mɔ nyuitɔe ma dzi nèle. Ðasefoawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔŋutɔ. Wosrɔ̃ Biblia kplim esime menɔ Amerika, eye nye ƒometɔ aɖewo nye Yehowa Ðasefowo. Mègavɔ̃ o. Mègana ta o.” Megakpɔtɔ nɔ vɔvɔ̃m kokoko, gake le ɣeyiɣi ma ke me la, dzi nɔ dzɔyem ale gbegbe. Meda akpe na Yehowa Mawu le nye dzi me. Mese le ɖokuinye me abe xevi si woɖe le xadza me ene, eye mese nya si Yesu gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi” la gɔme.—Yohanes 8:32.

 Ke hã, ame siwo nye xɔ̃nyewo tsã la dometɔ aɖewo ganɔ teyem kpɔ be mano atike vɔ̃ɖiwo ake. Mato nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, woƒe tetekpɔa ɖu dzinye. Gake le gbedodoɖa vevie zi geɖe megbe la, mete ŋu va ɖe asi le nye agbe vlowo nɔnɔ ŋu mlɔeba.—Psalmo 51:10, 11.

 Esi woɖe asi le ŋunye le gaxɔa me la, ame geɖe susui be magatrɔ ɖe nye agbenɔnɔ tsãtɔ ŋu, gake nyemewɔe nenema o. Ke boŋ megayia gakpɔa me edziedzi ɖagblɔa nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la na gaxɔmenɔla bubuwo. Mlɔeba la, ame siwo nye xɔ̃nyewo tsã la va ka ɖe edzi be metrɔ nye agbenɔnɔ vavã. Nublanuitɔe la, ame siwo nye nye futɔwo tsã la mekpɔe nenema o.

 Gbe ɖeka esi nye kple nye zɔhɛ aɖe míenɔ gbeƒã ɖem la, adzogliha aɖe si menyina kple adzogliha si me menɔ tsã o la me tɔwo tsɔ lãnuwo ɖe asi va ƒo xlã mí eye wodi be yewoawum. Dzi nɔ nye zɔhɛa ƒo wòɖe eme na wo bubutɔe be nyemegale adzoglihaa me o. Melé ɖokuinye kpoo esime wònɔ nu ƒom na wo. Ke hã, woƒom hede se nam vevie be magaɖo afɔ nuto ma me azɔ o, eyome woɖiɖi lãnu siwo wotsɔ ɖe ŋunye, eye woɖe mɔ na mí míedzo. Biblia trɔ nye agbenɔnɔ vavã. Ne tsãe wònye la, anye ne madze agbagba be matu nu kpli wo. Gake fifia mewɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le 1 Tesalonikatɔwo 5:15 la dzi; afi ma gblɔ be: “Midze agbagba be miagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, ke boŋ midi nyui na mia nɔewo kple amewo katã ɣesiaɣi.”

 Tso esime mezu Yehowa Ðasefo la, medzea agbagba vevie be manye anukwareɖila. Esia menɔ bɔbɔe nam o. Ke hã, Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo, kple xɔ̃nye yeyewo ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be mete ŋu kpɔ dzidzedze. Nyemedi kura be magatrɔ ɖe nye nuwɔna gbegblẽawo ŋu azɔ o.—2 Petro 2:22.

VIÐE SIWO MEKPƆ

 Tsã la, menye ŋutasẽla kple dzikume. Meka ɖe edzi be ne ɖe megayi nye agbe vloa nɔnɔ dzi la, anye ne nyemegale agbe fifia o. Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la na metrɔ nye agbenɔnɔ. Medzudzɔ agbe vlo nɔnɔ. Meva srɔ̃ ale si manɔ ŋutifafa me kple ame siwo nye nye futɔwo tsã. (Luka 6:27) Eye fifia medea ha kple xɔlɔ̃ siwo kpena ɖe ŋunye metua nɔnɔme nyuiwo ɖo. (Lododowo 13:20) Menye dzidzɔme eye taɖodzinu le nye agbe ŋu, eye mele Mawu si lɔ̃ faa be yeatsɔ nu gbegblẽ siwo katã mewɔ akem la subɔm.—Yesaya 1:18.

 Le ƒe 2006 me la, mede hehenasuku tɔxɛ aɖe si me wonaa hehe Kristotɔ nya nyui gblɔla siwo nye trewo la le. Le ƒe aɖewo megbe la, meɖe srɔ̃nye lɔlɔ̃a eye nye kplii míewɔ ɖeka le mía vinyɔnuvia hem. Fifia mezãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ fiaa nu amewo tso Biblia me mɔfiame siwo kpe ɖe ŋunye la ŋu. Azɔ hã, menye hamemetsitsi le hame si me mele la me, eye medzea agbagba be makpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woaƒo asa na afɔ gbegblẽ siwo meɖe esime menɔ abe woawo ene. Fifia nyemegale yɔdo ɖem na ɖokuinye o, ke boŋ mele tɔnye sinua wɔm be etsɔme mavɔ si ŋugbe Mawu do le Biblia me la nasu asinye.