Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

1 Mose 1:1—“Le Gɔmedzedzea Me Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba”

1 Mose 1:1—“Le Gɔmedzedzea Me Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba”

 “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—1 Mose 1:1, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—1 Mose 1:1, Eʋegbe Biblia.

Nu si 1 Mose 1:1 fia

 Nya siwo dze Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta gbãtɔ gɔmea gblɔ nyateƒenya vevi eve aɖewo. Nyateƒenya gbãtɔe nye be gɔmedzedze li na “dziƒo kple anyigba” alo xexe gbahooa. Eye eveliae nye be Mawue wɔ wo.—Nyaɖeɖefia 4:11.

 Ɣekaɣie Mawu wɔ xexea eye alekee wòwɔe? Biblia megblɔe na mí o. Gake ena míenyae be Mawu zã eƒe “ŋusẽ geɖe kple eƒe alɔkame sesẽ” tsɔ wɔ xexea.—Yesaya 40:26.

 Wozãa Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “wɔ” tsɔ ɖɔa nu siwo Mawu ɖeɖe ko wɔ. a Le Biblia mea, Yehowa b Mawu ɖeka koe woyɔna be Wɔla la.—Yesaya 42:5; 45:18.

Nya siwo ƒo xlã 1 Mose 1:1

 Nya siwo dze Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gɔmea ƒo nu kpuie tso nuwo wɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi siwo le eƒe ta 1 kple ta 2 lia mea ŋu. Tso 1 Mose 1:1 va se ɖe ta 2:4 lia, Biblia gblɔ ale si Mawu wɔ anyigba kple nu gbagbewo katã, siwo dome ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ hã le la kpokploe. Esi Biblia gblɔ nuwo wɔwɔ ŋu nya gbadzaa alea vɔ la, eƒo nu tso ale si Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ la ŋu tsitotsito.—1 Mose 2:7-25.

 Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso ale si Mawu wɔ nuwo le “ŋkeke” ade me la ŋu. Menye gaƒoƒo 24 si le ŋkeke ɖeka me ƒe ŋkeke ade yee wònye o, ke boŋ ɣeyiɣi ƒe didime si womeyɔ tẽe o ye. Nyateƒeae nye be, woate ŋu azã nya “ŋkeke” wòafia ɣeyiɣi ƒe didime si didi wu gaƒoƒo 24. Esia dze le 1 Mose 2:4, afi si wozã nya “ŋkeke” le tsɔ ɖɔ ŋkeke ade siwo katã Mawu tsɔ wɔ nuwoe abe ɖe ŋkeke ɖeka koe Mawu tsɔ wɔ nuwoe ene.

Susu Totro Siwo Le Amewo Si Ku Ðe 1 Mose 1:1 Ŋu

 Susu totro: Mawu wɔ xexea ƒe akpe ʋee aɖewo koe nye esia.

 Nyateƒea: Biblia megblɔ ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexea o. Nya siwo le 1 Mose 1:1 la, metsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku si ɖee fia be wowɔ xexea ƒe biliɔn gbogbo aɖewoe nye esia ŋu o. c

 Susu totro: 1 Mose 1:1 ɖee fia be ame etɔ̃e le Mawu me, elabena Hebrigbe me nya si wozãna “Mawu” la, mefia nu ɖeka alo ame ɖeka o.

 Nyateƒea: Woɖe dzesideŋkɔ “Mawu” tso Hebrigbe me nya ’Elo·himʹ, si mefia nu ɖeka o la me. Wozãnɛ wòfiaa gãnyenye alo bubu, ke menye amewo ƒe agbɔsɔsɔ o. Katolikohaa ƒe numekugbalẽ aɖe lɔ̃ ɖe nya sia dzi be ’Elo·himʹ si dze le 1 Mose 1:1 fia gãnyenye alo bubu, ke menye amewo ƒe agbɔsɔsɔ o.”—(New Catholic Encyclopedia Second Edition, Volume 6, axa 272).

Xlẽ Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 1, etenuŋɔŋlɔawo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le eme.

a Biblia gɔmeɖeɖe aɖe gblɔ be: “Ne wozã Hebrigbe me dɔwɔnya bara’, si fia ‘wɔ’ la, mekuna ɖe amegbetɔ ŋu gbeɖe o. Eya ta, dɔwɔnya bara’ fia nu siwo katã Mawu ɖeɖe ko wɔ.”—(HCSB Study Bible axa 7).

b Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

c Esi agbalẽ aɖe nɔ nu ƒo tso nya “le gɔmedzedzea,” si gɔme woɖe tso Hebrigbea me ŋu la, egblɔ be nya ma “meɖe ɣeyiɣi ƒe didime alo ɣeyiɣi ƒe agbɔsɔsɔ si wònye la fia o.”—(The Expositor’s Bible Commentary, Revised Edition, Volume I, axa 51).